NYATI SI LE AKPAA DZI | DZIÐUÐU SI MEWƆA NU FITIFITI O
Mawu Fiaɖuƒea —Dziɖuɖu Si Mewɔa Nu Fitifiti O
Esime nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Nicaragua ƒe numetola nɔ nu si tae wòsusu be dziɖu- ɖuwo mate ŋu aɖe nu fitifiti wɔwɔ ɖa gbeɖe o me ɖem la, egblɔ be: “Aleke kee nyaa ɖale o, dziɖuɖumegãwo kpɔtɔ nye dukɔmeviwo, eye dukɔmeviwo koe mí katã míenye.”
Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ne nu fitifiti wɔwɔ bɔ ɖe amegbetɔwo dome la, ekema nu fitifiti wɔwɔ anɔ dziɖuɖu ɖe sia ɖe si amegbetɔwo ɖo anyi la me godoo oa? Ne alea ye nyaa le la, ekema eme kɔ ƒãa be amegbetɔwo mate ŋu aɖo dziɖuɖu aɖe si me nu fitifiti wɔwɔ manɔ o la anyi o. Dziɖuɖu ma tututu ŋue Biblia ƒo nu tsoe; eyae nye Mawu Fiaɖuƒea
Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si le dzi ɖum tso dziƒo. Ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. (Psalmo 2:8, 9; Nyaɖeɖefia 16:14; 19:19-21) Yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ na ameƒomea la dometɔ ɖekae nye be aɖe dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ ɖa keŋkeŋ. Kpɔ nu vovovo ade siwo me nu fitifiti wɔwɔ manɔ kura o le Fiaɖuƒe ma me ɖa.
1. DZIÐUŊUSẼ
KUXIA: Dukɔmeviwoe léa amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖe te zi geɖe, vevietɔ to adzɔ kple fe bubuwo xexe dzi. Ga gbogbo sia biãa ŋu na dumegã geɖewo wodina be yewoafi, esime bubuawo ya xɔa zãnu le ame siwo medina be yewoaxe adzɔ siwo dziɖuɖua bia la anukwaretɔe o la si. Esia ate ŋu ana nu fitifiti wɔwɔ nadzi ɖe edzi
EGBƆKPƆNUA: Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, * gbɔe Mawu Fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ tso. (Nyaɖeɖefia 11:15) Mehiã be Fiaɖuƒea naxɔ adzɔ le amewo si hafi ali ke o. Ke boŋ Mawu ‘ƒe ŋusẽ geɖe’ kpakple eƒe dɔmenyonyo ɖokuitɔmadimaditɔe la awɔe be Fiaɖuƒea akpɔ eteviwo katã ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ale gbegbe be naneke mahiã wo o.
2. DZIÐULA
KUXIA: Aƒenɔ Susan Rose-Ackerman, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la gblɔ be hafi woate ŋu aɖe nu fitifiti wɔwɔ ɖa la, “dukɔa dzi ɖulawoe adze egɔme gbã.” Ne dziɖuɖuwo le agbagba dzem be yewoana kpovitɔwo alo dedzikpovitɔwo nadzudzɔ nu fitifiti wɔwɔ evɔ dziɖuɖumegãwo ŋutɔwo yi edzi le nu fitifiti wɔm la, enana dukɔa megakana ɖe dziɖuɖua dzi o. Eye dziɖula amegbetɔ si ɖia anukware wu gɔ̃ hã nyi blibomademade ƒe dome. Abe ale si Biblia gblɔe ene la, “ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.”
Yesu gbe be yemaxɔ zãnu gãtɔ kekeake si wotsɔ tee kpɔ la o
EGBƆKPƆNUA: Yesu Kristo, si Mawu tia be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula ya mele abe amegbetɔ madeblibowo ene o; tetekpɔ mate ŋu aɖu edzi wòawɔ nu gbegblẽ o. Yesu ɖe esia fia esime wògbe be yemaxɔ zãnu gãtɔ kekeake si wotsɔ tee kpɔ la o, si nye “xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe.” Xexea me dzi ɖula, Abosam, do ŋugbe nɛ be yeatsɔ nu mawo katã anae ne ede ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko. (Mateo 4:8-10; Yohanes 14:30) Esime wonɔ fu wɔm Yesu gɔ̃ hã la, eɖo tame kplikpaa be yeawɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu, eya ta egbe be yemano wain si wotsɔ gbe veve tsakae be wòaɖe vevesesea dzi kpɔtɔ nɛ evɔ ana be magate abu nuwo ŋu nyuie o la o. (Mateo 27:34) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre wòle Mawu gbɔ le dziƒo fifia la, esia ɖee fia be edze nyuie be wòanye Fiaɖuƒea ƒe dziɖula.
3. DZIÐUÐU ƑE KELILI
KUXIA: Dukɔ geɖewo daa akɔ edziedzi, si fia be dukɔmeviwoe daa akɔ ɖea dziɖuɖumegã nu fitifiti wɔlawo ɖa le zi dzi. Gake nyateƒea ye nye be wowɔa nu fitifiti le akɔdaɣiwo kple akɔdadaa siaa me godoo, le dukɔ siwo woyɔna be dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me. Kesinɔtɔwo toa woƒe gakpekpeɖeŋu siwo wonaa dziɖuɖumegãwo kpakple mɔ bubuwo dzi kpɔa ŋusẽ ɖe dukɔa kple dziɖula siwo woava tia la dzi.
John Paul Stevens si nye United States, Amerika, ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃lagã ŋlɔ bena “menye ɖeko [ŋusẽkpɔɖeamedzi sia] ɖenɛ fiana be Dziɖuɖua medze o eye mele se nu hã o, ke dukɔmeviwo hã megakana ɖe dziɖuɖua dzi o.” Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe kpɔe le xexea me godoo be dunyahehawoe nye nuɖoanyi siwo me nu fitifiti wɔwɔ xɔ aƒe ɖo wu.
EGBƆKPƆNUA: Le Mawu Fiaɖuƒea gome la, mehiã kura be woada akɔ na dziɖuɖua ʋuu keke woava yi nu fitifiti wɔ ge le akɔdaɣia o, elabena dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee ye wònye. (Daniel 7:13, 14) Esi wònye be Mawu ŋutɔe tia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖulaa ta la, efia be menye dukɔa ye da akɔ tiae o, eye womate ŋu aɖee le zia dzi hã o. Eƒe kelili alea nana míekana ɖe edzi be afɔ ɖe sia ɖe si wòɖena la aɖe vi na eteviwo tegbee.
4. SEDEDEWO
KUXIA: Gbã la, awɔ na wò be ne wode se yeyewo la, awɔe be nuwo naka ɖe eme. Gake senyala bibiwo kpɔe be zi geɖe la, ɖeko sedede geɖe ʋua mɔnukpɔkpɔ geɖe ɖi na amewo be woawɔ nu fitifiti. Gakpe ɖe eŋu la, ehiã ga geɖe hafi woana sedede si aɖe nu fitifiti wɔwɔ dzi akpɔtɔ la nawɔ dɔ, eye ne wodze agbagba ʋuu hã la, dzidzedze vi aɖe koe wokpɔna.
EGBƆKPƆNUA: Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo ƒo amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ƒe sededewo ta sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, Yesu mede nu si woawɔ kple nu si womawɔ o ƒe se gbogbowo ɖi o, ɖeko wògblɔ mɔfiame si woyɔna zi geɖe be Sikasedede la. Egblɔ be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Ðewohĩ àde dzesii be Fiaɖuƒea ƒe sewo he susu yi nu si ʋãa ame wòwɔa nu kple eƒe afɔɖeɖewo siaa dzi. Yesu gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Nyateƒee, Mawu si kpɔa keke dzi me ke la koe ate ŋu ade se siawo ƒomevi.
5. TAMESUSU GBEGBLẼWO
KUXIA: Ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidie ʋãa amewo wowɔa nu fitifiti. Dziɖuɖumegãwo kple dukɔmeviwo siaa ɖea nɔnɔme gbegblẽ mawo fiana. Le nudzraƒe gã si nye dziƒoxɔ si mu le Seoul, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me ƒe nyaa me la, dziɖuɖumegãwo xɔ zãnu le xɔtula siwo nyae be zãnunana ade yewodzi wu xɔtunu adodoea kple xɔtuɖaŋu nyuitɔ zazã la si.
Ekema hafi woate ŋu aɖe nu fitifiti wɔwɔ ɖa la, ele be woafia amewo ale si woawɔ aɖu tamesusu gbegblẽwo, abe ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi ene dzi. Ke hã didia kple ŋutetea siaa mele amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo si be woaɖo hehenaɖoɖo sia ƒomevi anyi o.
EGBƆKPƆNUA: Mawu Fiaɖuƒea le nu fiam amewo be woaɖu tamesusu gbegblẽ siwo nana wowɔa nu fitifiti la dzi, eye wòto esia dzi le nu fitifiti wɔwɔ kple nu * Nufiafia amewo alea kpe ɖe wo ŋu be woawɔ wo ɖokuiwo “yeyee le ŋusẽ si ʋãa [woƒe] tamesusu la me.” (Efesotɔwo 4:23) Wosrɔ̃ ale si woadi ame bubuwo ƒe nyonyo ahakpɔ ŋudzedze ɖe nu si le wo si la ŋu, eye woɖe asi le ŋubiabiã kple ɖokuitɔdidi ŋu.
6. DUKƆMEVIWO
KUXIA: Ne amewo le nɔnɔme nyuitɔ kekeake me eye wotsɔ agbe nyui nɔnɔ ƒe se nyuitɔwo na hehe wo hã la, ame aɖewo atiae be yewomawɔ nuteƒe o, eye woava zu nu fitifiti wɔlawo. Nunyala bibiwo lɔ̃ ɖe edzi be esia tae amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu aɖe nu fitifiti wɔwɔ ɖa o. Nu si woate ŋu awɔ koe nye be woaɖe nu fitifiti wɔwɔ kple eƒe nugbegblẽwo dzi akpɔtɔ.
EGBƆKPƆNUA: Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Sedede Si Tsi Tsitre Ðe Nu Fitifiti Wɔwɔ Ŋu gblɔ be hafi dziɖuɖuwo nate ɖe aɖe nu fitifiti wɔwɔ ɖa la, ele be woado “nuteƒewɔwɔ, nyateƒetoto, kple dɔ nyui wɔwɔ” ɖe ŋgɔ. Togbɔ be taɖodzinu nyui aɖee nye esia hã la, Mawu Fiaɖuƒea ya wɔa nu geɖe wu nɔnɔme nyui siawo dodoɖeŋgɔ ko
Amewo ate ŋu asrɔ̃ agbenɔnɔ ɖe dzidzenu kɔkɔ mawo nu, abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, esi nusrɔ̃la si ŋkɔe nye Simon la dze agbagba be yeaƒle gbɔgbɔ kɔkɔea le apostoloawo si la, womelɔ̃ xɔ zãnu le esi o, eye wogblɔ nɛ be: “Trɔ dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me.” Esi Simon kpɔe be yeƒe nudzodzro vɔ̃ la ahe gbegblẽ ava ye dzi la, ebia apostoloawo be woado gbe ɖa ɖe ye ta ale be yeate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃ ma dzi.
NU SI NÀWƆ BE NÀZU FIAÐUƑEA TEVI
Dukɔ ka ke mee nèɖatso o, mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàva zu Mawu Fiaɖuƒea tevi. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Fiaɖuƒea ƒe hehenaɖoɖo si le edzi yim le xexea me katã la akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàwɔ. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoawɔ ale si wowɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kple amewo le wo ƒeme femaxee la afia wò. Ne mede ɖeke o la, miniti ewo pɛ ko esia abia tso asiwò le kwasiɖaa me. Àsrɔ̃ nu geɖe hã tso “Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” ŋu, eye àsrɔ̃ nu tso ale si Fiaɖuƒea ava ɖe dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ ɖa hã ŋu. (Luka 4:43) Míele dzi dem ƒo na wò be nàte ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàkpɔ Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye, jw.org/ee.
^ mm. 8 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.
^ mm. 22 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ðe Woate Ŋu Aɖi Anukware Le Xexe Gblẽku Sia Mea?” si dze le October 1, 2012, ƒe Gbetakpɔxɔ me.