Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hena ɖiɖi?

Yudatɔwo ɖia woƒe ame kukuwo kaba, zi geɖe le ŋkeke si dzi amea ku le. Susu eve tae woɖia ame kaba ɖo. Susu gbãtɔe nye be, Titina Ɣedzeƒe nutoa me ƒe dzoxɔxɔ wɔnɛ be ame kuku gblẽna kaba. Evelia, amewo bunɛ ɣemaɣi be amea gbegblẽ ɖi ŋkeke geɖe nye bubumademade ame kukua kple eƒe ƒometɔwo ŋu.

Nuŋlɔɖi ene ya teti le Nyanyuigbalẽawo kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me siwo gblɔ be woɖi ame aɖewo siwo ku la le ŋkeke si dzi woku la dzi. (Mateo 27:57-60; Dɔwɔwɔwo 5:5-10; 7:60–8:2) Ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ la, Yakob srɔ̃ malɔ̃nugbɔa, Raxel, ku esime Yakob kple eƒe ƒomea nɔ mɔ zɔm. Le esi Yakob nakɔ ame kukua aɖaɖi ɖe woƒe ƒomea ƒe ameɖiƒe teƒe la, eɖii ɖe yɔdo aɖe me ‘le mɔ si ɖo ta Betlexem la dzi.’—1 Mose 35:19, 20, 27-29.

Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe kunuwɔwɔ ŋu ɖee fia be Yudatɔwo dzraa woƒe ame kukuwo ɖo beléletɔe hafi ɖina. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo lea tsi na ame kukua, wosia atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo nɛ, eye woxatsaa avɔwo ɖe eŋu. (Yohanes 19:39, 40; Dɔwɔwɔwo 9:36-41) Aƒelikawo kple ame bubuwo va faa amea eye wofaa akɔ na ƒometɔwo.—Marko 5:38, 39.

Ðe woɖi Yesu abe ale si Yudatɔwo ɖia woƒe ame kukuwoe enea?

Yudatɔ geɖewo ɖia woƒe ƒometɔ siwo ku la ɖe kpeto, agado, alo yɔdo siwo woɖe ɖe agakpe siwo nya funa bɔbɔe, siwo bɔ ɖe Israel nyigba dzi, la me. Kpɔɖeŋu si blemafofowo ɖo ɖi lae wosrɔ̃ le esia wɔwɔ me. Woɖi Abraham, Sara, Isak, Yakob kple ame bubuwo ɖe kpeto si le Maxpela, si te ɖe Xebron ŋu la me.—1 Mose 23:19; 25:8, 9; 49:29-31; 50:13.

Woɖi Yesu ɖe yɔdo aɖe si woɖe ɖe agakpe me la me. (Marko 15:46) Zi geɖe la, kpetoa ƒe mɔnu nɔa biie. Le kpetoa me la, woɖea dowo ɖe glia ŋu keŋ, eye do mawo mee wotsɔa ƒometɔawo ƒe kukuawo dana ɖo. Ne woƒe ŋutilã nyunyɔ vɔ la, wolɔa ƒu ƒuƒuawo kɔna ɖe amekukuƒuɖaka me, abe ale si wowɔna le Yesu ƒe ŋkekeawo me ene. Ƒomea toa mɔ sia dzi dzraa yɔdoa me ɖo ale be woakpɔ mɔ aɖi ame bubuwo emegbe.

Esi Sabat la nye dzudzɔgbe le Mose ƒe Sea nu ta la, ewɔe be Yudatɔwo metea ŋu wɔa ameɖiɖi kɔnuwo le ŋkeke ma dzi o. Eye esi wònye be Yesu ku gaƒoƒo etɔ̃ do ŋgɔ na Sabat ŋkekea ƒe gɔmedzedze ta la, Yosef si tso Arimatia kple ame bubuawo mete ŋu dzra eƒe kukua ɖo vɔ hafi ɖii o. (Luka 23:50-56) Le esia ta, Yesu xɔlɔ̃ aɖewo yi yɔdoa gbɔ le Sabat la megbe kple susu be yewoadzra eƒe kukua ɖo nyuie.—Marko 16:1; Luka 24:1.