Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

ALEKE wòdzɔe be ŋutsu aɖe si ŋu wowɔ ŋlɔmi le le eƒe ɖevime la va zu srɔ̃ŋutsu kple vifofo kpɔdzidzedze si le dzidzɔ kpɔm? Nu kae ʋã nyɔnu aɖe si wɔ nu gbegblẽ geɖe tsã la be wòva le agbe dzadzɛ nɔm? Xlẽ woawo ŋutɔwo ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Mesusui Be Viɖe Mele Ŋunye O.”—VÍCTOR HUGO HERRERA

  • ƑE SI ME WODZII: 1974

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: CHILE

  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: AHANOXE

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Wodzim le Angol, si nye nuto dzeani aɖe si le Chile ƒe anyiehe. Nyemekpɔ fofonye kpɔ o. Esi mexɔ ƒe etɔ̃ la, danye kplɔ mía kple nɔvinyeŋutsu ɖe asi heʋu yi Santiago, si nye fiadua me. Míeva nɔ xɔ sue aɖe me le xɔ siwo wotu ɖewoɖewoe na aƒemanɔsitɔwo la dometɔ ɖeka me. Dugaze lae míedea nugodo le, eye tsi si dzotsidɔwɔlawo kuna tsɔ tsia dzoe lae míekuna zãna.

Anɔ abe ƒe eve megbe la, dziɖuɖua na aƒe sue aɖe mí. Gake nublanuitɔe la, atike vɔ̃ɖi zazã, aha tsu nono, nu vlo wɔwɔ kple gbolowɔwɔ xɔ aƒe ɖe nuto ma me.

Gbe ɖeka danye do go ŋutsu aɖe si wòva ɖe emegbe. Ŋutsu sia nye aha tsu nola. Eƒoa mía kple danye. Mefaa avi le adzame zi geɖe, eye wòdzronam be fofo si akpɔ tanye la nanɔ asinye.

Togbɔ be mía dada wɔa dɔ sesĩe be yeatsɔ akpɔ mía dzi hã la, míeda ahe kolikoli. Ɣeaɖewoɣi ne dɔ le mía wum la, nyinotsiwɔ kple sukli koe míedea tsi nona. Ne mía kple nɔvinyea míedi be míaɖe modzaka la, míeva bena ɖe aƒelika aɖe ƒe fesre nu nɔa television si le eƒe xɔa me la kpɔm. Ke gbe ɖeka esi wòlé mí ko la, eseƒee nye ema!

Gbe si gbe nye atikɔmefofo meno aha o la, eƒlea nu na mía kple nɔvinyea míeɖuna, gake ƒãa hafi wòdzɔna alea. Gbe ɖeka la, eƒle television sue aɖe na mí. Esia nye ɣeyiɣi siwo me meɖo ŋku edzi be mekpɔ dzidzɔ kpɔ la dometɔ ɖeka.

Mesrɔ̃ nuxexlẽ esime mexɔ ƒe 12. Ƒe ɖeka megbe la, medzudzɔ sukudede hedi dɔ nɔ wɔwɔm. Ne míekpã le dɔ me la, mekplɔa ame tsitsi siwo nye dɔwɔhatiwo ɖo míeyia aglotuƒewo, afi si míenoa atike vɔ̃ɖiwo le henoa aha muna. Eteƒe medidi hafi nu siawo va zu numame nam o.

Esi mexɔ ƒe 20 la, medo go ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Cati, si meva ɖe emegbe. Nu sia nu zɔ nyuie le gɔmedzedzea me va se ɖe esime megava nɔ agbe nɔm abe tsã ene. Nye agbenɔnɔ gava vloe wu tsãtɔ. Mlɔeba meva de dzesii be gaxɔ alo yɔ me koe mava tsi ne nyemedzudzɔ agbe ma nɔnɔ o. Gawu la, nye agbenɔnɔa wɔe be vinye Víctor hã va nɔ nɔnɔme siwo tututu me meto le ɖevime la me tom. Melé blanui, dzi nɔ kuyem ɖe ɖokuinye ŋu, eye mesusui be viɖe mele ŋunye o.

Anɔ abe ƒe 2001 me lɔƒo la, Yehowa Ðasefo eve va mía ƒe me, eye wova nɔ Biblia srɔ̃m kple Cati. Cati ɖoa dze tso nu siwo srɔ̃m wònɔ la ŋu nam. Esi medi be manya nu si srɔ̃m wònɔ ta la, nye hã meva nɔ Biblia srɔ̃m. Le ƒe 2003 me la, Cati xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Gbe ɖeka mexlẽ Rut 2:12, afi si gblɔ be Yehowa ɖoa eteƒe na ame siwo ɖea xɔse fiana hesinɛ tsona. Mekpɔe be ne metrɔ nye agbenɔnɔ la, nye nu adze Mawu ŋu, eye wòaɖo eteƒe nam. Mede dzesi ale si woƒo nu tsi tre ɖe ahamumu ŋu zi geɖe le Biblia me. Nya si dze le 2 Korintotɔwo 7:1 la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mawunyakpukpui ma xlɔ̃ nu mí be “míakɔ mía ɖokui ŋu tso . . . ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” Eya ta meva nɔ asi ɖem le nye nuwɔna gbegblẽwo ŋu. Le gɔmedzedzea me la, tɔtrɔ sia na menɔ dzi bim kabakaba, gake Cati yi edzi nɔ kpekpem ɖe ŋunye.

Meva ɖe asi le dɔa ŋu mlɔeba, elabena nye dɔwɔhatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo na wònɔ sesẽm nam be madzudzɔ atama kple aha nono. Togbɔ be ganyawo va sesẽ vie wu hã la, ewɔe be mekpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Ɣemaɣi koŋ ye meva nɔ ŋgɔyiyi wɔm le mawusɔbɔsubɔ me. Nu si nɔ mía si la dze Cati ŋu, medi nu si mele asinye o la tso asinye o, eye meto nyatoƒoe ɖe ale si míaƒe ganyawo va nɔ la ta o. Mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wòkpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe la ŋu.

Meva nɔ ha dem kple Ðasefowo kplikplikpli wu. Wokpe ɖe ŋunye mese egɔme be, togbɔ be nyemede suku yi ŋgɔ o hã la, Yehowa dea asixɔxɔ didi si le menye be masubɔe anukwaretɔ la ŋu. Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si teƒe míekpɔ le Kristo hamea me la wɔ dɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi ŋutɔ. Míekpɔ ŋutifafa sia tɔgbi le teƒe bubu aɖeke kpɔ o. Le ƒe 2004 ƒe December me la, nye hã mexɔ nyɔnyrɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Yehowa ƒe nya si dze le Yesaya 48:17 la ƒe nyateƒenyenye dze kɔtɛ mekpɔ. Afi ma gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò.” Tɔtrɔ siwo mewɔ la wɔ nuku na danye kple nɔvinyea ale gbegbe be woawo hã wova le Biblia srɔ̃m fifia. Míaƒe aƒelikawo gɔ̃ hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe tɔtrɔ gã siwo mewɔ kpakple dzidzɔ si le nye ƒomea me azɔ la ta.

Srɔ̃nye lɔ̃ Mawu, eye wòbuam be menye zɔhɛ kple xɔlɔ̃ si ŋu yeate ŋu aɖo ŋu ɖo. Togbɔ be nyemekpɔ fofonye kpɔ o hã la, Biblia fiam ale si mahe vinyeŋutsu etɔ̃awoe. Wodea bubu ŋunye. Gawu la, Yehowa nye Ame ŋutɔŋutɔ na wo, eye wolɔ̃e hã.

“Togbɔ be nyemekpɔ fofonye kpɔ o hã la, Biblia fiam ale si mahe vinyeŋutsu etɔ̃awoe”

Edzɔ dzi nam ŋutɔ be togbɔ be nyemekpɔ dzidzɔ le nye ɖevime o hã la, Yehowa gana mɔnukpɔkpɔm be manye dzidzɔme.

“Meva Zu Dzikume Si Wɔa Adã.”—NABIHA LAZAROVA 

  • ƑE SI ME WODZII: 1974

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: BULGARIA

  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ATIKE VƆ̃ÐI SITSALA

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Wodzim le Bulgaria du si nye Sofia me. Ganyawo de míaƒe ƒomea dzi vie. Fofonye gblẽ ƒomea ɖi esime mexɔ ƒe ade. Dzigbãnya sia dzem kpo, eye wòte ɖe dzinye ale gbegbe. Mese le ɖokuinye me be wogblẽm ɖi, eye be ame aɖeke mate ŋu alɔ̃m o. Esi menɔ tsitsim la, seselelãme siawo na medze aglã, eye meva zu dzikume si wɔa adã.

Esi mexɔ ƒe 14 la, mesi dzo le aƒe me zi gbãtɔ. Mefina danye kple tɔgbuinye kpakple mamanye ƒe ga edziedzi. Esi mewɔa adã ta la, medzea nya me enuenu le suku, si wɔe be le ƒe ʋɛ aɖewo ko me la, woɖɔ li suku nam zi atɔ̃ sɔŋ. Esi wòsusɔ ƒe etɔ̃ ne mawu suku nu la, medzudzɔ sukudede. Menɔ agbe blibaa. Atama kple gbekui nono va zu numame nam. Menoa aha tsu, medea aglotuƒewo atraɖii, eye meƒo ɖokuinye ɖe atike vɔ̃ɖi sitsatsa me hã. Be amewo nanɔ fu kpem anɔ kukum le xexe sia si me mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke mele o la tena ɖe dzinye. Eya ta tɔnye koe nye be manɔ agbeɖuɖu dzi abe ke ɖe etsɔ ko mele kuku ge ene.

Le ƒe 1998 me, esime mexɔ ƒe 24 la, asi su dzinye le Brazil ƒe yameʋudzeƒe si le São Paulo esime menɔ agbagba dzem be matsɔ atike vɔ̃ɖiwo agbã de aɖadzra. Ale wodem mɔ ƒe ene.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Le ƒe 2000 me la, Yehowa Ðasefowo vaa míaƒe gakpɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ðasefoawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Marines la wɔ nu ɖe ŋunye dɔmenyotɔe ale gbegbe. Ena medi be masrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me. Esi nyemese nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ o ta la, mebia nu tso wo ŋu le gamenɔla bubuwo gbɔ. Ewɔ nuku nam be wo dometɔ akpa gãtɔ meƒo nu nyui tso Ðasefowo ŋu kura o. Wo dometɔ ɖeka gblɔ nam be mate ŋu anɔ subɔsubɔha ɖe sia ɖe me faa, negbe Yehowa Ðasefowo ko. Eƒe nyawo na medi be manya nu si tututu tae amewo lé fu Ðasefowo nenema gbegbe ɖo. Emegbe meva kpɔ kakaɖedzi be esi wonye subɔsubɔha vavãtɔ tae. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be ame sia ame si di be yeadze Yesu yome nuteƒewɔwɔtɔe la, woati eyome.—2 Timoteo 3:12.

Ɣemaɣi la, wode dɔ asi nam be manɔ wɔwɔm le afi si gaxɔa dzi kpɔlawo wɔa dɔ le. Gbe ɖeka, meke ɖe aɖaka siwo me Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine a xoxowo le la ŋu le nudzraɖoƒexɔ aɖe me. Mefɔ magazineawo yi gaxɔ si me menɔ la me ɖanɔ xexlẽm. Esime menɔ magazineawo xexlẽ dzi la, meva nɔ sesem le ɖokuinye me abe ame si ke ɖe vudo si me tsi nyui le ŋu le dzogbe si ƒu kplakplakpla ene. Esi vovo nɔ ŋunye ta la, mesrɔ̃a Biblia gaƒoƒo geɖe gbe sia gbe.

Gbe ɖeka gaxɔa dzi kpɔlawo yɔm. Esi mesusui be woana ablɔɖem ta la, mefɔ nu ʋɛ siwo le asinye la kabakaba heklã hati gamenɔla bubuawo, eye meƒu du yi gaxɔdzikpɔƒea. Ke hã, esi meɖo afi ma la, wogblɔ nam be wotsɔ nya bubu ɖe ŋunye le mɔzɔgbalẽ manɔsenu siwo mezã va yi ta. Eya ta wogaka ƒe eve kpee nam be matsɔ anɔ gaxɔa me.

Esi mese nyaa teti la, nye dzi gbã. Gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, mede dzesii be sigbeɖe yayra boŋue wònye. Togbɔ be mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me hã la, le nye dzi me la, megadi kokoko be maganɔ agbe abe tsã ene ne medo go le gaxɔa me. Mehiã na ɣeyiɣi geɖe wu be matsɔ awɔ tɔtrɔwo.

Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be Mawu malɔ̃ gbeɖe be mava zu ye subɔlawo dometɔ ɖeka o. Ke hã, mede ŋugble le Biblia me nyawo abe esi dze le 1 Korintotɔwo 6:9-11 ene ŋu. Kpukpui mawo ɖee fia be le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, ame siwo va zu Kristotɔwo la dometɔ aɖewo nye fiafitɔwo, ahamulawo kple adzodalawo tsã hafi va zu Yehowa subɔlawo. Gake wote ŋu trɔ, le Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Woƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo nam ŋutɔ.

Enɔ bɔbɔe nam be maɖe asi le nu gbegblẽ siwo mewɔna la dometɔ aɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, asiɖeɖe le atike vɔ̃ɖi zazã ŋu mesesẽ nam boo o. Gake esesẽ nam ŋutɔ be madzudzɔ atamanono. Mewɔ avu vevie ƒe ɖeka kple edzivɔ hafi te ŋu ɖu numame sia dzi mlɔeba. Nu siwo kpe ɖe ŋunye la dometɔ ɖekae nye be meɖoa ŋku nu siwo atamanono gblẽna le ame ƒe lãmesẽ ŋu la dzi na ɖokuinye. Ƒo wo katã ta la, gbedodoɖa na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe ye kpe ɖe ŋunye medzudzɔ.

“Mede dzesii be meke ɖe Fofo nyuitɔ kekeake si magblẽm ɖi akpɔ o la ŋu!”

Tete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wɔe be vivivi la, meɖu ale si mesena le ɖokuinye me be wogblẽm ɖi tso esime fofonye dzo le mía gbɔ la dzi. Psalmo 27:10 me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.” Mede dzesii be meke ɖe Fofo nyuitɔ kekeake si magblẽm ɖi akpɔ o la ŋu! Taɖodzinu va le nye agbe ŋu azɔ. Le ƒe 2004 ƒe April me, si nye ɣleti ade tso esime woɖem le gaxɔ me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Menye dzidzɔme azɔ. Esi meɖe asi le numame siwo gblẽa nu le lãmesẽ ŋu azɔ ta la, mele sesĩe fifia wu le ŋutilã kple seselelãme gome wu tsã. Dzidzɔ le nye srɔ̃ɖeɖea me, eye kadodo nyui le mía kple Fofonye si le dziƒo, Yehowa, dome. Mekpɔ fofowo, dadawo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu geɖewo le esubɔlawo dome. (Marko 10:29, 30) Edzɔ dzi nam ŋutɔ be wokpɔ nu nyui siwo nye ŋutɔ nyemede dzesii o la le ŋunye.

Ɣeaɖewoɣi la, nye dzitsinya bua fɔm vevie ɖe agbe si menɔ va yi la ta. Ke hã, enyanya be le Mawu ƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo me la, nu manyomanyowo magava “ame ƒe ta me o” la faa akɔ nam. (Yesaya 65:17) Gake fifia gɔ̃ hã la, nu siwo me meto la nana mesea veve ɖe ame siwo le kuxi siwo medo goe va yi me tom la nu. Le go sia me la, nu si me meto va yi la le vi ɖem. Le kpɔɖeŋu me, ne mele gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la, nyemebua nazã ɖe atike vɔ̃ɖi zãlawo, ahamulawo, alo nu vlo wɔlawo ŋu o, ke boŋ metea ŋu ƒoa nu na wo faa. Meka ɖe edzi be ame sia ame ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo ana eƒe nu nadze Yehowa ŋu, abe ale si ko nye hã mete ŋu wɔe ene!

a Yehowa Ðasefowoe ta wo.