Míele Kpewòm Dzidzɔtɔe
Míele Kpewòm Dzidzɔtɔe
ÐEWOHĨ edzɔ kpɔ be nèto Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe si le miaƒe nutoa me ŋu hebia ɖokuiwò be, ‘nu kae wowɔna le afi ma kura ya?’ Ènya be wolɔ̃na faa ame sia ame dea woƒe kpekpe siwo wowɔna kwasiɖa sia kwasiɖaa? Míele kpewòm dzidzɔtɔe be wò hã nàde kpekpe siawo!
Ke hã, ɖewohĩ nyabiase aɖewo le asiwò. Nu ka tae Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu ɖekae? Nu kawoe yia edzi le kpekpe mawo me? Eye nya kawoe kpekpeawo vala siwo menye Yehowa Ðasefowo o la gblɔna tso kpekpe siawo ŋu?
‘Ƒo Dukɔ La Nu Ƒu’
Tso blema ke la, amewo ƒoa ƒu ɖekae hena tadedeagu na Mawu kple nusɔsrɔ̃ tso eya amea ŋu. Anɔ abe ƒe 3,500 kloe nye esi va yi ene la, wogblɔ na Israel viwo be: “Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.” (5 Mose 31:12) Eya ta le Israel la, wofia ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woade ta agu na Yehowa Mawu ahaɖo toe.
Le ƒe alafa aɖewo megbe esi woɖo Kristo hamea anyi la, kpekpewo yi edzi nye tadedeagu vavã la ƒe akpa vevi aɖe. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Abe ale si ko ƒomekadodowo me sẽna ɖe edzi ne ƒomea me tɔwo nɔa anyi ɖekae ene la, nenema kee lɔlɔ̃kadodo si nɔa ame siwo dina be yewoasubɔ Mawu dome la hã me sẽna ɖe edzi ne Kristotɔwo ƒoa ƒu ɖekae hena tadedeagu.
Le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siawo la, Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me zi eve le kwasiɖaa me. Kpekpeawo kpena ɖe vavalawo ŋu be woakpɔ asixɔxɔ si le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la adze sii, ase wo gɔme ahawɔ ɖe wo dzi. Zi geɖe la, ɖoɖowɔɖia nyea ɖeka le xexea me godoo, eye kpekpe ɖe sia ɖe kple taɖodzinu si le eŋu. Do ŋgɔ na kpekpeawo gɔme dzedze la, vavalawo ‘dea dzi ƒo na wo nɔewo’ to dze tuameɖowo ɖoɖo me, eye wowɔnɛ nenema ke le kpakpã megbe hã. (Romatɔwo 1:12) Nu kawoe yia edzi le kpekpe siawo dometɔ ɖe sia ɖe me?
Nuƒo Si Wotu Ðe Biblia Dzi
Kpekpe gbãtɔ si ame geɖe dena lae nye dutoƒonuƒo si wotu ɖe Biblia dzi si ŋu wotrɔ asi le be wòaɖe vi na vavala ɖe sia ɖe, eye zi geɖe la, wowɔa kpekpe sia le kwasiɖanuwuwuwo. Yesu Kristo ƒo dutoƒonuƒowo enuenu—wo dometɔ ɖekae nye Todzimawunya xɔŋkɔ la. (Mateo 5:1; 7:28, 29) Apostolo Paulo ƒo dutoƒonuƒo na Atenetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 17:22-34) Le kpɔɖeŋu siawo sɔsrɔ̃ me la, le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me la, woƒoa nuƒo siwo ŋu wotrɔ asi le be woaɖe vi na vavala ɖe sia ɖe. Eye le wo dometɔ aɖewo gome la, esiae nye zi gbãtɔ si wode kpekpe siawo tɔgbi kpɔ.
Wotiaa hadzidzi ɖeka tso hadzigbalẽ si nye Midzi Kafukafuhawo na Yehowa * me tsɔ ʋua kpekpea nui. Wokpea ame siwo katã lɔ̃ be yewoakpɔ gome le haa dzidzi me la be woatso adzii. Le gbedodoɖa kpui aɖe megbe la, nuƒola bibi aɖe ƒoa miniti 30 ƒe dutoƒonuƒo. (Kpɔ aɖaka si nye “Nuƒo Siwo Ðea Vi Na Ame Sia Ame.”) Biblia la dzie wotu nuƒolaa ƒe nuƒoa ɖo. Nuƒolaa kpea nyaselawo enuenu be woake woƒe Bibliawo ahanɔ wo dzi kpɔm esime wòle mawunyakpukpui siwo ɖo kpe nu si me dzrom wòle dzi la xlẽm. Eya ta àte ŋu atsɔ wò ŋutɔ wò Biblia ɖe asi ava ne èlɔ̃ alo àte ŋu abia Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka wòatsɔ Biblia ɖeka na wò hafi kpekpea nadze egɔme.
Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃
Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame akpa gãtɔ me la, wowɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si xɔa gaƒoƒo ɖeka le dutoƒonuƒoa ƒoƒo vɔ megbe. Enyea nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si wotu ɖe Biblia me nyati aɖe dzi. Kpekpe siawo dea dzi ƒo na vavalawo be woasrɔ̃ Beroiatɔ, siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekeawo me la, ƒe kpɔɖeŋu. “Wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito.”—Dɔwɔwɔwo 17:11.
Wodzia ha ɖeka tsɔ dzea Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a gɔme. Nyati si me woadzro kple nyabiase siwo nusɔsrɔ̃dzikpɔla abia la dzena le magazine sia ƒe tata si míesrɔ̃na la me. Àte ŋu axɔ magazine ƒe tata si míesrɔ̃na la ƒe ɖeka le Yehowa Ðasefo aɖe gbɔ. Nyati siwo me wodzro nyitsɔ laa la dometɔ aɖewoe nye: “Dzilawo—Mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me,” “Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe Na Ame Aɖeke O,” kple “Nu Si Tae Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie.” Togbɔ be nyabiabia kple ŋuɖoɖoe kpekpe sia nyena hã la, womezinɛ ɖe nyaselawo dzi be woaɖo nya ŋu o, ke boŋ ame siwo xlẽ nyatia kple mawunyakpukpui siwo ɖo kpe nyawo dzi hede ŋugble tso wo ŋu do ŋgɔ lae ɖoa nyawo ŋu zi geɖe. Kpekpea wua enu kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa.—Mateo 26:30; Efesotɔwo 5:19.
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃
Le kwasiɖa ɖe sia ɖe ƒe fiẽ ɖeka aɖe la, Yehowa Ðasefowo gaƒoa ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpata me ake hena kpekpe etɔ̃ aɖewo siwo wowɔna tsyana ɖe enu, si xɔa gaƒoƒo ɖeka kple miniti 45, la wɔwɔ. Ðoɖowɔɖia ƒe akpa gbãtɔ nye Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ si xɔa miniti 25. Kpekpe sia kpena ɖe vavalawo ŋu be woanya Biblia la nyuie, 2 Timoteo 3:16, 17) Abe ale si wòle le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a gome ene la, kpekpe sia hã nyea nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si wotuna ɖe Biblia me nyati aɖe dzi. Ame siwo lɔ̃ faa lae ɖoa nya ŋu. Zi geɖe la, Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wozãna nyea agbalẽ gãwo kple agbalẽ gbadza siwo Yehowa Ðasefowo ta.
amla woƒe tamesusuwo kple nɔnɔmewo woasɔ, eye woawɔ ŋgɔyiyi abe Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ene. (Nu ka tae wozãa Biblia srɔ̃gbalẽwo le kpekpeawo me? Tso keke Biblia ŋlɔɣiwo ke la, menye ɖeko woxlẽa Mawu ƒe Nya la ko evɔ o, ke boŋ ‘woɖea eme, ale be wosea nu si woxlẽ la gɔme.’ (Nexemiya 8:8) Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, agbalẽ siwo dzro Yesaya, Daniel, kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me la kpe ɖe ame geɖe siwo dea kpekpe siawo ŋu be wova se Biblia ƒe akpa siawo gɔme nyuie.
Teokrasi Subɔsubɔ Suku
Teokrasi Subɔsubɔ Suku ye kplɔa Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ ɖo. Wotrɔ asi le miniti 30 ƒe kpekpe sia ŋu be wòakpe ɖe Kristotɔwo ŋu woatu “nufiafiaɖaŋu” ɖo. (2 Timoteo 4:2) Le kpɔɖeŋu me, ɖe viwò alo xɔ̃wò aɖe bia nya aɖe wò ku ɖe Mawu alo Biblia ŋu kpɔ, eye wòsesẽ na wò be nàkpɔ ŋuɖoɖo nyui aɖe nɛa? Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàzã Biblia atsɔ aɖo nyabiase sesẽwo ŋu dzideƒonametɔe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Eye to suku sia dzi la, míawo hã míate ŋu agblɔ abe Yesaya ene be: ‘Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya ale si matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe ame siwo ŋu ɖeɖi te la ŋui.’—Yesaya 50:4.
Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzea egɔme kple nuƒo si nɔ te ɖe Biblia ƒe akpa si wode dzi ƒo na nyaselawo le kwasiɖa si do ŋgɔ me be woaxlẽ la dzi. Le nuƒoa megbe la, nuƒolaa kpea nyaselawo be woagblɔ nu siwo wokpɔ be aɖe vi siwo wode dzesi le akpa si wode asi be woaxlẽ me la kpuie. Le numedzodzro sia megbe la, sukuvi siwo wona dɔ le sukua me la, va wɔa woƒe dɔdeasiwo.
Wodea dɔ asi na sukuviawo be woaxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe tso nuƒolanɔƒea alo be woawɔ wɔwɔfia ku ɖe ale si woaɖe Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖe me na ame bubu la ŋu. Le dɔdeasiawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ vɔ megbe la, aɖaŋuɖola aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ su kafua sukuvia le akpa si wòwɔ
nyuie la ta, eye wòtua eƒe nyawo ɖe nusrɔ̃gbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò la dzi. Emegbe la, eɖoa aɖaŋu na sukuvia le adzame le afi siwo wòate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le la ŋu.Wotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ƒe akpa sia ŋu be wòaɖe vi na sukuviawo kple vavala siwo katã di be yewoawɔ ŋgɔyiyi le nuxexlẽ, nuƒoƒo, kple nufiafiaɖaŋu me. Ne wowu Teokrasi Subɔsubɔ Sukua nu vɔ la, wotsɔa hadzidzi si wotu ɖe Biblia me nya aɖe dzi la ʋua Subɔsubɔ Kpekpea nu.
Subɔsubɔ Kpekpe
Subɔsubɔ Kpekpea ye nyea ɖoɖowɔɖia ƒe akpa mamlɛtɔa. To nuƒowo, wɔwɔfiawo, gbebiamewo, kpakple numedzodzro kple nyaselawo dzi la, vavalawo tea ŋu srɔ̃a ale si woafia Biblia me nyateƒea nyuie. Hafi Yesu nadɔ eƒe nusrɔ̃lawo woayi aɖaɖe gbeƒã la, eƒo wo nu ƒu eye wòna mɔfiame si dzi woazɔ ɖo la wo eme kɔ nyuie. (Luka 10:1-16) Esi wodzra wo ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu alea ta la, ena nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖe su wo si. Emegbe la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va ka woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ta nɛ. (Luka 10:17) Zi geɖe la, nusrɔ̃lawo gblɔa nuteƒekpɔkpɔwo na wo nɔewo.—Dɔwɔwɔwo 4:23; 15:4.
Miniti 35 ƒe Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi dzena le ɣleti sia ɣleti ƒe nyatakakalɛta si míeyɔna be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ la me. Tanya siwo me wodzro nyitsɔ laa le wo me la dometɔ aɖewoe nye, “Yehowa Subɔsubɔ Ðekae Le Ƒomea Me,” “Nu Si Tae Míetrɔna Yina Enuenu Ðo,” kple “Srɔ̃ Yesu Le Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me.” Wotsɔa hadzidzi ɖeka ƒoa wɔnawo tae, eye wobiana tso hamea me tɔ aɖe si be wòado gbe ɖa woatsɔ akpã.
Nya Siwo Ame Siwo Wokpe Va La Gblɔ
Hamea me tɔwo dzea agbagba be yewoana vavala ɖe sia ɖe nase le eɖokui me be wokpɔ dzidzɔ ɖe yeƒe vava ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Andrew se wogblɔ nya vɔ̃ geɖewo tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Gake zi gbãtɔ si wòde kpekpea la, ale si woxɔe vividoɖeameŋutɔe la wɔ nuku nɛ. Andrew gblɔ be: “Teƒe nyui aɖe si wòle be ame nanɔe nye esia.” Egblɔ yi edzi be: “Xɔlɔ̃wɔwɔ si ame siawo ɖe fiam kple ale si wotsɔ ɖe le eme nam la wɔ nuku nam ŋutɔ.” Ashel, ƒewuivi aɖe si le Canada, gblɔ be: “Kpekpeawo vivi ŋutɔ! Eye ele bɔbɔe be nàse nyawo gɔme.”
Wonya José, si nye ŋutsu aɖe si le Brazil, be ewɔa adã ale gbegbe. Togbɔ be wonyae alea hã la, wokpee hena kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata si le woƒe nutoa me la me. Egblɔ be: “Togbɔ be ame siwo le Fiaɖuƒe Akpata me nya nu tso nye tsãgbenɔnɔ ŋu hã la, woxɔm nyuie.” Atsushi, ŋutsu aɖe si le Japan la, gblɔ be: “Le nyateƒe me la, esi mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ la, nyemevo le ɖokuinye me tututu o. Ke hã, meva kpɔe dze sii be ame nyuiwoe ame siawo nye. Le nyateƒe me la, wodze agbagba be yewoana maɖe dzi ɖi.”
Míele Kpewòm
Abe ale si numeɖeɖe siwo le etame ɖee fia ene la, kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpata me ate ŋu ana nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo nasu asiwò. Àsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu, eye to nufiame si wotu ɖe Biblia dzi si nàxɔ le afi ma dzi la, Yehowa Mawu afia “nu si nyo na wò la wò.”—Yesaya 48:17.
Womexɔa ga ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo vava ta o, eye womedzɔa ga le amewo si le kpekpea me hã o. Àdi be yeade kpekpe siawo dometɔ aɖe le Fiaɖuƒe Akpata si le miaƒe nutoa me la mea? Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàdee.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe taa agbalẽ siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me.
[Aɖaka si le axa 21]
Nuƒo Siwo Ðea Vi Na Ame Sia Ame
Wotiaa nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi la tso Ŋɔŋlɔawo me tanya vovovo siwo wu 170 la me. Wo dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:
▪ Amegbetɔwo Dzɔtsoƒe—Ðe Nu Si Dzi Nèxɔ Se Le Eŋu Le Veviea?
▪ Mawu Ƒe Nukpɔsusu Le Gbɔdɔdɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋu Ƒe Amesinɔnɔ
▪ Mawu Ahe To Na Amewo Ðe Anyigba La Gbegblẽ Ta
▪ Tenɔnɔ Ðe Agbe Me Dzimaɖitsitsiwo Nu
▪ Agbea Katã Koe Nye Esia?
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
“Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Teokrasi Subɔsubɔ Suku
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Subɔsubɔ Kpekpe