Mla Viwò Ƒewuivi Be Wòasubɔ Yehowa
“Yesu le tsitsim, eƒe nunya hã le dzidzim ɖe edzi, eye eƒe nu nyo Mawu kple amewo siaa ŋu.”—LUKA 2:52.
HADZIDZI: 41, 89
1, 2. (a) Nu ka ŋue dzila si si ƒewuivi le atsi dzi ɖo? (b) Alekee ƒewuimenɔnɔ ɖea vi na sɔhɛwo?
NU ÐEKA si nana dzi dzɔa dzilawo vevie ye nye ne wo vi xɔ nyɔnyrɔ. Berenice ƒe vi eneawo katã xɔ nyɔnyrɔ hafi woxɔ ƒe 14. Egblɔ be: “Dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ. Edzɔ dzi na mí be mía viawo tiae be yewoasubɔ Yehowa. Gake míenyae be esi wonye ƒewuiviwo ta la, woado go kuxi geɖewo.” Ðewohĩ wò hã ètsi dzi esi viwò ɖo eƒe ƒewuiwo me alo esusɔ vie wòaɖo afi ma ta.
2 Ðeviwo ƒe susuŋutinunyala aɖe gblɔ be ƒewuimenɔnɔ nye ɣeyiɣi si sesẽna na dzilawo kple wo viwo siaa, gake mele be dzilawo nasusui gbeɖe be ɖe yewo via flu alo le ɖevinu wɔm o. Ke boŋ ƒewuiviwo wɔa aɖaŋu ŋu dɔ, woƒe seselelãme nu sẽna, eye wodina vevie be yewoanɔ yewo xɔlɔ̃wo dome. Eya ta viwò si nye ƒewuivi ate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli abe ale si Yesu wɔe esime wònye sɔhɛ ene. (Xlẽ Luka 2:52.) Ate ŋu adzi eƒe nufiafiaŋutete le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖe edzi ahadi be yeawɔ geɖe le Mawu subɔsubɔ me. Eye eya ŋutɔ ate ŋu atso nya me be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaɖo to eƒe gbe. Ke nu kae nàte ŋu awɔ abe dzila ene atsɔ amla viwò ƒewuivi be wòasubɔ Yehowa? Eyae nye be nàsrɔ̃ ale si Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo le lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ kple gɔmesese deto me.
LƆ̃ VIWÒ ƑEWUIVI LA
3. Nu kae na apostoloawo bu Yesu be enye yewo xɔlɔ̃?
3 Menye Aƒetɔ koe Yesu nye na eƒe apostoloawo o. Enye wo xɔlɔ̃ hã. (Xlẽ Yohanes 15:15.) Le Biblia ŋlɔɣi la, aƒetɔwo megblɔa woƒe seselelãme kple nu siwo woɖo ɖe tame la na woƒe kluviwo o. Gake Yesu mewɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋu nenema o. Ke boŋ elɔ̃ wo heɖo dze kpli wo. Elɔ̃na faa gblɔa eƒe seselelãme kple nu siwo wòɖo ɖe tame la na wo, eye wòɖoa to wo nyuie ne woawo hã wole woƒe susuwo kple seselelãmewo gblɔm nɛ. (Marko 6:30-32) Ale si Yesu kple eƒe apostolowo ɖoa dze faa la na wozu xɔlɔ̃ veviwo eye esia dzra apostoloawo ɖo hena dɔ siwo nɔ wo ŋgɔ.
4. Dzilawo, nu kae miawɔ be miadze xɔlɔ̃ mia viwo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)
4 Togbɔ be wò ŋusẽ tee viwò le hã, àte ŋu anye exɔlɔ̃. Xɔlɔ̃wo kpɔa vovo ɖe wo nɔewo ŋu. Àte ŋu aɖe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe dɔ kple nu bubuwo ŋu dzi akpɔtɔ be nàkpɔ vovo ɖe ɖevia ŋu. Anyo be nàdo gbe ɖa ahabu nya sia ŋu vevie. Nu ɖeka tɔgbi ye vivia xɔlɔ̃wo nu. Eya ta dze agbagba nànya haƒoƒo, film, alo kamedefefe siwo doa dzidzɔ na viwò sɔhɛa. Eye wò hã kpɔ dzidzɔ ɖe nu siawo ŋu. Ilaria, si le Italy gblɔ be: “Dzinyelawo tsɔa ɖe le haƒoƒo siwo meɖoa toe la me. Le nyateƒe me la, tsi metoa nye kple tɔnye dome o, eye meɖea dzi ɖi ɖoa dze kplii tso nu siwo gbɔgblɔ kpea ŋu nam gɔ̃ hã ŋu.” Ne èdze xɔ̃ viwò eye nèkpe ɖe eŋu wòzu Yehowa xɔlɔ̃ la, esia maɖe bubu si wòdea ŋuwò dzi kpɔtɔ o. (Psalmo 25:14) Viwòa akpɔe boŋ be èlɔ̃ ye hedea bubu ye ŋu, eye ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòaɖo dze kpli wò tso nu sia nu ŋu.
5. Nu kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo awɔ ne wodi be yewoakpɔ dzidzɔ le agbe me?
5 Yesu nya nyuie be yeƒe nusrɔ̃lawo akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne wotsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu. Eya ta ede dzi ƒo na wo be woaku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeakpe ɖe wo ŋu.—Mateo 28:19, 20.
6, 7. Ne èfia viwò be wòazɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ na esubɔlawo dzi la, aleke esia aɖee afia be nèlɔ̃e?
6 Èdi be viwòa nate ɖe Yehowa ŋu. Eye Yehowa hã di be nàmlae ahaɖɔe ɖo. Wòe wòtsɔ ŋusẽ sia na. (Efesotɔwo 6:4) Eya ta ɖɔ viwò ɖo edziedzi. Bu eŋu kpɔ ko: èkpɔa egbɔ be viwò yi suku gbe sia gbe elabe ènyae be eƒe sukudede le vevie, eye èdi be wòasrɔ̃ nu yeyewo. Nenema kee nèdzea agbagba be wòade kpekpewo kple takpekpewo ahakpɔ gome le ƒometadedeagua me. Nyateƒeae nye be, hehe si Yehowa nanɛ ye axɔe ɖe agbe. Eya ta kpe ɖe viwòa ŋu be nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu navivi enu eye wòakpɔe be Yehowa ƒe nufiafiae ana yeadze nunya. (Lododowo 24:14) Azɔ hã, mla viwòa be wòaɖe gbeƒã edziedzi. Srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu nàkpe ɖe eŋu be Mawu ƒe Nyaa fiafia amewo navivi enu.
7 Aleke ɖoɖo siwo Yehowa wɔ na esubɔlawo, abe nusɔsrɔ̃, kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ene, akpe ɖe ƒewuiviwo ŋu? Nɔvinyɔnu Erin si le Anyiehe Afrika gblɔ be: “Zi geɖe la, mí ɖeviwo míenɔa ŋɔtimegbee dom henɔa nyatoƒoe tom ne eɖo edzi be míasrɔ̃ Biblia, ade kpekpea alo ayi gbeadzi. Ɣeaɖewoɣi míeɖonɛ koŋ wɔa nanewo be ƒometadedeagua nagadze edzi o. Gake mía dzilawo menaa ta o.” Erin daa akpe na edzilawo ɖe ale si wokpe ɖe eŋu wòkpɔ nu siawo ƒe vevienyenye ta. Fifia ɣesiaɣi si nane le mɔ xem nɛ be mete ŋu le kpekpea alo gbeadzi dem edziedzi o la, etsona kaba ɖe nɔnɔmea ŋu.
BƆBƆ ÐOKUIWÒ
8. (a) Aleke Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fiae? (b) Vi kae Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe na eƒe nusrɔ̃lawo?
8 Yesu de blibo, ke hã ebɔbɔa eɖokui eye wògblɔna na eƒe nusrɔ̃lawo be yehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (Xlẽ Yohanes 5:19.) Ðe esia na bubu si nusrɔ̃lawo dea Yesu ŋu dzi ɖe kpɔtɔa? Kura o. Ke boŋ zi ale si wokpɔe be eɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, zi nenemae woka ɖe edzii. Mlɔeba la, wosrɔ̃ ɖokuibɔbɔ tso egbɔ.—Dɔwɔwɔwo 3:12, 13, 16.
Ne èlɔ̃na ɖe wò vodadawo dzi la, viwòa ade bubu geɖe ŋuwò
9. Ne èlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi eye nègblɔ be ye tɔ medzɔ o la, vi kae wòaɖe na viwò?
9 Gake míawo ya míele abe Yesu ene o, elabena míede blibo o eye míedaa vo hã. Eya ta bɔbɔ ɖokuiwò. Nyae be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ye hã ye ŋu, eye nàlɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi. (1 Yohanes 1:8) Ekema viwò asrɔ̃ ale si wòalɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi, eye wòade bubu geɖe ŋuwò. Bu eŋu kpɔ, ame ka ŋue nàde bubui wu? Dɔmemegã si lɔ̃na be yeda vo loo, alo esi melɔ̃na gbeɖe be ye tɔ medzɔ o yea? Rosemary, si si vi etɔ̃ le gblɔ be, ye kple ye srɔ̃ yewolɔ̃na ɖe yewoƒe vodadawo dzi faa. Eɖe eme be: “Esia ʋãa mía viwo wogblɔa nu siwo le fu ɖem na wo la na mí.” Eyi edzi be: “Míefia mía viwo afi si woakpɔ kuxiwo gbɔ kpɔnu nyuitɔ le. Míehea woƒe susu yia Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzi eye míedoa gbe ɖa kpli wo.”
10. Alekee Yesu ɖea ɖokuibɔbɔ fiana ne ele nu si nusrɔ̃laawo awɔ gblɔm na wo?
10 Ŋusẽ nɔ Yesu si be wòagblɔ nu si eƒe nusrɔ̃lawo awɔ la na wo. Gake esi wònye ɖokuibɔbɔla ta la, egblɔa nu si tae wòle be woawɔe ɖo hã na wo. Le kpɔɖeŋu me, menye ɖeko wògblɔ na wo be woadi Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbã ko evɔ o. Ke egblɔ kpee be: “Eye woatsɔ nu bubu siawo Mateo 6:31–7:2.
katã akpe ɖe eŋuti na mi.” Esi Yesu gblɔ na wo be woadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la, egblɔ hã be: “Ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; elabena ale si miedrɔ̃a ʋɔnui la, nenema kee woadrɔ̃ ʋɔnu miawo hã.”—11. Vi kae wòaɖe na viwò ne èɖe nu si tae nède se aɖe alo tso nya me le mɔ aɖe nu la me nɛ?
11 Di ɣeyiɣi nàɖe nu si tae nède se alo tso nya me le mɔ aɖe nu la me na viwò. ‘Amevi menye gbɔvi o,’ eya ta ne ɖevia nya se egɔme ko la, aɖo to wò. Barry si si vi ene le la gblɔ be: “Ne ègblɔa susu si tae nèbe viwò ƒewuivi nawɔ nane nɛ la, ana wòaka ɖe dziwò.” Akpɔe be mèdea se alo tsoa nya me le esi ŋusẽ ma le asiwò ko ta o, ke susu nyui aɖe boŋ tae. Nyae hã be menye ɖevi sue ye ƒewuivi nye o. Anɔ agbagba dzem be yeawɔ nu le ye ɖokui si ahatso nya me na ye ɖokui. (Romatɔwo 12:1) Barry yi edzi gblɔ be: “Mele be sɔhɛwo nanɔ te ɖe seselelãme dzi atso nya me o, ke boŋ ele be woasrɔ̃ ale si woabu nuwo ŋu nyuie hafi atso nya me.” (Psalmo 119:34) Eya ta bɔbɔ ɖokuiwò eye nàɖe nu si tae nèwɔ nyametsotso aɖe la me na viwò. Akpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ ale si wòatso nya me, eye akpɔe be èdea bubu ye ŋu eye nènyae be yele tsitsim.
SE NU GƆME NA VIWÒ ƑEWUIVI
12. Aleke Yesu zã gɔmesese deto tsɔ kpe ɖe Petro ŋu?
12 Gɔmesese deto nɔ Yesu si eye wònya nu siwo hiã eƒe nusrɔ̃lawo hã. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wogbɔna ye wu ge la, Petro gblɔ na Yesu be wòadi nyui na eɖokui. Yesu nyae be Petro lɔ̃ ye, ke hã ekpɔe be eƒe nuŋububu alea mesɔ o. Aleke Yesu kpe ɖe eya kple nusrɔ̃la bubuawo ŋui? Eɖɔ Petro ɖo gbã. Emegbe, Yesu gblɔ nu si adzɔ ɖe ame siwo gbe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le esi wobui be ewɔwɔ sesẽ ta dzi la na wo. Yesu gagblɔ kpee be, Yehowa aɖo eteƒe na ɖokuitɔmadilawo. (Mateo 16:21-27) Petro srɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ sia me.—1 Petro 2:20, 21.
13, 14. (a) Nu kae ana nànya be ele be viwò natu eƒe xɔse ɖo? (b) Aleke nàwɔ anya kpekpeɖeŋu si nàna viwò?
13 Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana gɔmesese deto ye ne yeanya ale si yeakpe ɖe ye via ŋu. (Psalmo 32:8) Ànya de dzesii be dzi megadzɔa ɖevia abe tsã ene o, alo be eƒoa nu gbegblẽ le nɔviwo ŋu. Ðewohĩ èkpɔe be etsɔ nanewo le ye ɣlam. Mègaƒo nya ta enumake be viwòa le bebemenuwo wɔm o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Gake mègaŋe aɖaba ƒu kuxi sia dzi alo abui be enu ava yi le eɖokui si o. Ehiã be nàkpe ɖe eŋu wòatu eƒe xɔse ɖo.
14 Be nànya nu si akpe ɖe viwò ƒewuivi ŋu la, bia nya aɖewoe le tufafa kple bubu me. Ele ko abe ale si wodua tsi le vudo me ene. Ne mègbɔ dzi ɖi ɖe eŋu o la, àhe nugo si me tsi boo aɖeke mele o adoe. Le mɔ sia ke nu la, ne mègbɔ dzi ɖi na viwò be wòaɖe eɖokui nu o alo nèzi edzi be wòaƒo nu la, ɖeko wòami Lododowo 20:5.) Ilaria ɖo ŋku edzi be le yeƒe ƒewuimenɔɣi la, yedina vevie be yeanɔ yeƒe sukuhatiwo dome evɔ yenya be mesɔ o. Edzilawo de dzesii be nane nɔ fu ɖem nɛ. Ilaria gblɔ be: “Le fiẽ aɖe me la, wogblɔ nam be yewode dzesii be nyemele dzidzɔ kpɔm o, eye wobiam nu si gbɔ wòtso. Mewó avi hegblɔ nye dzimenya na wo eye mebia be woakpe ɖe ŋunye. Wowɔ atuu nam, wona menya be yewose nye kuxia gɔme, eye woɖoe be yewoakpe ɖe ŋunye.” Ilaria dzilawo kpe ɖe eŋu enumake wòdze xɔlɔ̃ nyuiwo le hamea me.
eƒe nyawo ɖe dɔme. (XlẽNya nɔnɔme nyui siwo le viwò ƒewuivi la si, eye nàkafui
15. Mɔ bubu ka nue Yesu ɖe gɔmesese deto fia le?
15 Yesu ɖe gɔmesese deto fia esi wòde dzesi nɔnɔme nyui siwo nɔ eƒe nusrɔ̃lawo si. Le kpɔɖeŋu me, esi Nataniel se be Yesu nye Nazaretetɔ la, egblɔ be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” (Yohanes 1:46) Ne wòe nɔ eteƒe la, ɖe nàsusu be Nataniel ƒe nuŋububu mesɔ o, eye be ebu susu vɔ̃ ɖe Yesu ŋu alo be xɔsee mele esi oa? Menye aleae Yesu ya bui o. Ke boŋ ebu nuwo ŋu yi ŋgɔe eye wòkpɔe be nu si le susu me na Nataniel ye wòɖe gblɔ, eya ta Yesu gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.” (Yohanes 1:47) Yesu tea ŋu nyaa nu si le ame ƒe dzi me, eye wòwɔ ŋutete sia ŋu dɔ tsɔ kpɔ nɔnɔme nyui siwo le amewo si.
16. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu be wòatu eƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo?
16 Togbɔ be wò ya màte ŋu anya ame ƒe dzimesusuwo abe Yesu ene o hã la, àte ŋu awɔ gɔmesese deto ŋu dɔ. Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nànya nɔnɔme nyui siwo le viwò ƒewuivi la si. Ne viwòa mewɔa nu siwo nèdi o gɔ̃ hã la, mègagblɔ nɛ gbeɖe be ɖevi gbegblẽ kple vi dzeaglãe wònye o. Esia megava susu me na wò gɔ̃ hã o. Ke boŋ Luka 6:13, 14; Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Eya ta esi nàna viwòa nase le eɖokui me be yemewɔa naneke nyuie gbeɖe o teƒe la, kafui eye nàde dzi ƒo nɛ boŋ. Na wòakpɔe be yeate ŋu ado dzidzɔ na wò kple Yehowa siaa, eye be yeate ŋu azã yeƒe ŋutetewo atsɔ asubɔ Yehowa.
na wòanya be, yede dzesi eƒe nɔnɔme nyuiwo eye yeka ɖe edzi be awɔ nuteƒe. Nɔ ŋku lém ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu eye nàkafui. De dɔ aɖewo koŋ esi be wòakpe ɖe eŋu wòatu nɔnɔme nyui siwo le esi la ɖo. Nu sia tututue Yesu wɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Ƒe ɖeka kple afã le gododo kple Nataniel (ame si wogayɔna be Bartolomeo) megbe la, Yesu de dɔ vevi aɖe asi nɛ. Yesu ɖo Nataniel apostoloe, eye Nataniel wɔ dɔ si wòde asi nɛ la nuteƒewɔwɔtɔe. (VIWÒ MAMLA ANA NÀKPƆ DZIDZƆ GEÐE
17, 18. Ne èyi edzi mla viwò ƒewuivi be wòasubɔ Yehowa la, nu kae ado tso eme?
17 Ðewohĩ wò hã àse le ɖokuiwò me abe apostolo Paulo ene. Etsi dzi ɖe ame siwo nɔ abe viawo ene ŋu vevie. Wonye ame siwo ŋu wòkpe ɖo wova nya Yehowa, eye wòlɔ̃ wo ŋutɔ. Eya ta ete ɖe edzi be ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo mayi edzi asubɔ Yehowa o. (1 Korintotɔwo 4:15; 2 Korintotɔwo 2:4) Victor si si vi etɔ̃ le la gblɔ be: “Esi mía viawo ɖo woƒe ƒewuiwo me la, menɔ bɔbɔe kura o. Ke hã, ɣeyiɣi nyuiawo sɔ gbɔ wu kuxi siwo míedo goe. Yehowa ve mía nu be mía kple mía viawo dome vivina.”
18 Dzilawo, esi mielɔ̃ mia viwo ŋutɔ tae miedzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoamla wo ɖo. Eya ta migana ta o. Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi nàkpɔ ne viwò tiae be yeasubɔ Mawu ahayi edzi awɔ nuteƒe nɛ!—3 Yohanes 4.
^ mm. 13 Anyo be dzilawo naxlẽ nyati si le Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 1, axa 317, kple Nyɔ!, March 8, 1994, axa 18-20.