GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2014

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 27 va se ɖe November 30, 2014 la le tata sia me.

Ðe Nèle Dzikpɔladɔ ‘Minyama’?

Aleke nàte ŋu aminyae le mɔ nyuitɔ nu?

Èka Ðe Edzi Be Yeke Ðe Nyateƒea Ŋua? Nu Ka Tae?

Nyati sia dzro susu siwo tae ame geɖe gblɔna be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le la dometɔ aɖewo me. Míadzro susu siwo tae Ðasefowo ŋutɔwo hã xɔe se be yewo sie nyateƒea le la me.

Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã

Xaxawo vaa ame sia ame dzi le esi míele Satana ƒe xexea me ta. Mɔ kawo dzie Satana tona dzea mía dzi? Aleke míawɔ anɔ dzadzraɖoɖi ɖe wo ŋu?

Dzilawo—Mihe Mia Viwo

Agba le dzilawo dzi be woahe wo viwo “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Efesotɔwo 6:4) Nyati sia dzro mɔ etɔ̃ siwo dzi dzilawo ate ŋu ato ahe wo viwo ahakpe ɖe wo ŋu be woalɔ̃ Yehowa la me.

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe nya si Biblia gblɔ le Psalmo 37:25 kple Mateo 6:33 la fia be Yehowa maɖe mɔ gbeɖe be dɔ nawu Kristotɔ oa?

Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða

Ku kpakple nu siwo katã henɛ vanɛ la nana amewo kpea fu ŋutɔ. Nu ka tae amewo kuna? Aleke ‘woava ɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa’? (1 Korintotɔwo 15:26) Kpɔ ale si ŋuɖoɖoawo te gbe ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe nunya, kple vevietɔ eƒe lɔlɔ̃ dzi.

Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi

Yehowa subɔla geɖewo kua kutri le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Aleke míate ŋu aɖo ŋku woƒe “xɔse ƒe dɔwɔwɔ” kple ‘agbagba siwo wodzena le lɔlɔ̃ ta’ la dzi?—1 Tesalonikatɔwo 1:3.