Yudatɔwo ƒe Kɔnutsilele Eya Dzie Wotu Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðoa?
Yudatɔwo ƒe Kɔnutsilele Eya Dzie Wotu Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðoa?
YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA ɖe gbeƒã be, ‘woaxɔ nyɔnyrɔ wòanye dzimetɔtrɔ ƒe dzesi.’ Yesu hã de se na eyomedzelawo be woawɔ amewo nusrɔ̃lawo ahana nyɔnyrɔ wo.—Marko 1:4; Mateo 28:19.
Biblia ɖee fia be Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ bia be woanyrɔ amea ɖe tsi me bliboe. Agbalẽ si nye Jesus and His World gblɔ be: “Wowɔa kɔnu sia tɔgbewo le subɔsubɔha geɖewo me le ɣeyiɣi siwo va yi me kple fifia siaa, eye wowɔnɛ le dukɔ kple dekɔnu vovovowo me hã.” Agbalẽa te gbe ɖe edzi be, “Yuda-subɔsubɔha mee Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ la dzɔ tso.” Ðe nya sia nye nyateƒea?
Ta Siwo me Yudatɔawo Lea Tsia Le
Esime tomenukula nɔ tome kum le nuto siwo te ɖe to si dzi Yerusalem gbedoxɔa nɔ ŋu la, woke ɖe kɔnutsileƒe alo tsileta 100 kloe, siwo woɖe le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. kple ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ, domee la ŋu. Nusi woŋlɔ ɖe Yudatɔwo ƒe ƒe alafa evelia alo etɔ̃lia M.Ŋ. me ƒuƒoƒexɔ aɖe dzi la ɖee fia be “amedzrowoe” woɖe tsileƒe siawo na. Woke ɖe tsileta bubuwo ŋu le Yerusalem ƒe akpa siwo kesinɔtɔwo kple fiaƒomewo nɔ; kɔnutsileƒewo nɔ aƒe ɖesiaɖe kloe me.
Ta siawo nyea zɔ gã aɖe si woɖe ɖe agakpewo tome wonɔa dzogoe ene me, alo wonyea ʋɛ si woɖena ɖe anyigba heɖoa kpe ɖe eme nyuie. Wozrɔ̃a wo me nyuie bene woagaɖuɖu tsi o. Wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe kekeme nyea meta 1.8 eye woƒe didime nyea meta 2.7. Wotrɔa tsidzadza ɖe zɔ siawo me. Tsi si nɔa eme la ƒe agbɔsɔsɔ te ŋu ɖoa meta 1.2 ya teti, ale be ne ame bɔbɔ ɖe eme la, wòate ŋu abu ɖe eme keŋkeŋ. Ɣeaɖewoɣi la, woɖoa gli kpui aɖe tsɔ tsoa atrakpui siwo dzi wotona ɖiɖina ɖe eme la me la ɖe akpa eve. Wowɔe alea kple susu be amesi aɖale tsia nato akpa ɖeka age ɖe tsia me, akɔ eɖokui ŋu, eye wòato akpa evelia ado, ale be wòagalɔ ɖi siwo tae wòɖale tsia ɖo la ake o.
Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔnutsilelewo tae woɖea tsileƒe siawo ɖo. Nukae esia lɔ ɖe eme?
Tsia Lele Ŋuti Se Kple Kɔnyinyi
Mose ƒe Sea te gbe ɖe alesi wòhiãe be Mawu ƒe amewo nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa dzi. Nu geɖe wɔnɛ be Israel-viwo ŋu mekɔna o, siwo ta wòahiã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋu to tsi lele kple woƒe nuwo nyanya me.—Mose III, 11:28; 14:1-9; 15:1-31; Mose V, 23:10, 11.
Yehowa Mawu le dzadzɛ hele kɔkɔe ŋutɔ. Eyata Yehowa bia tso nunɔlawo kple Lewi-viwo si be woaklɔ asi kple afɔ hafi ate ɖe yeƒe vɔsamlekpuia ŋu, bene woagaku o.—Mose II, 30:17-21.
Agbalẽnyalawo xɔe se be kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me naɖo la, Yuda-subɔsubɔha la va bia tso amesiwo menye Lewi-viwo o hã si be woanɔ ŋutikɔklɔ ƒe se si wode na Lewi-viwo la dzi wɔm. Amesiwo le Yuda ƒe golɔgoewo kple Farisitɔwo siaa kpɔ gome le ŋutikɔklɔ wɔna sia me edziedzi. Numekuku aɖe gblɔ be le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la, “Se nɔ anyi be Yuda-vi ɖesiaɖe nakɔ eɖokui ŋu le kɔnua nu hafi alia To si dzi Gbedoxɔa le, hafi asa vɔ, hafi axɔ nunɔlawo ƒe nunana ƒe viɖewo kple esiawo tɔgbe.” Talmud me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ be, ele na tsia lelawo be woanyrɔ wo ɖokui ɖe tsia me keŋkeŋ.
Yesu ƒo nu tsi tre ɖe Farisitɔwo ŋu le woƒe tɔ tete ɖe kɔnutsilelea dzi ta. Edze ƒã be wonaa “nyɔnyrɔ nu ƒomevi vovovowo,” siwo dometɔ aɖewoe nye “tsinokpluwo kple zewo kple akɔblizɔwo.” Yesu gblɔ be Farisitɔwo ɖe asi le Mawu ƒe seawo ŋu ɖale woa ŋutɔwo ƒe kɔnyinyiwo zim ɖe amewo dzi. (Hebritɔwo 9:10; Marko 7:1-9; Mose III, 11:32, 33; Luka 11:38-42) Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖeke mebia be amewo nanyrɔ wo ɖokuiwo bliboe ɖe tsi me o.
Ekema Yudatɔwo ƒe kɔnutsilelea mee Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa dzɔ tsoa? Gbeɖegbeɖe!
Kɔnutsilelea Kple Kristotɔwo ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ
Yudatɔwo ŋutɔwoe yi ɖalea kɔnutsi sia le wo ɖokuiwo si. Gake nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo la to vovo na kɔnutsilele si Yudatɔwo nya nyuie la. Ŋkɔ si Yohanes va tɔ be Amenyrɔɖetsimela la ɖee fia be amewo nyɔnyrɔ ɖe tsi me ƒe dɔ si wòwɔ la to vovo. Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo gɔ̃ hã dɔ amewo ɖa be woaɖabia Yohanes be: ‘Nukaŋuti nèle amewo nyrɔm.’—Yohanes 1:25.
Ŋutikɔklɔ ƒe se si nɔ Mose ƒe Sea me la bia be, zi alesi nu ame ƒo ɖi eɖokui le sea nu la, zi nenemae wòhiã be wòakɔ eɖokui ŋui. Menɔ alea le nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo loo alo esi Kristotɔwo naa amewo egbea ya gome o. Nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo la ɖee fia be wotrɔ dzi me heɖe asi le woƒe tsã gbenɔnɔ ŋu. Nyɔnyrɔ si Kristotɔwo xɔna la nye dzesi be amea tsɔ eɖokui ke Mawu. Zi ɖeka koe Kristotɔ wɔa esia, ke menye enuenu o.
Ðeko kɔnutsi siwo amewo lena le Yuda-nunɔlawo ƒe aƒewo me, kpakple le ame hahoowo ƒe tsileƒe siwo te ɖe To si dzi Gbedoxɔa le ŋu, la di be yeaɖi Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa dzro. Gɔmesese vovovowo kurae le nyɔnyrɔɖetsime eve siawo ŋu. The Anchor Bible Dictionary gblɔ be: “Agbalẽnyalawo xɔe se be Yohanes [Amenyrɔɖetsimela] mesrɔ̃ eŋɔlimetɔwo ƒe wo ɖokuiwo nyɔnyrɔ ƒe nuwɔna sia ƒe kakɛ aɖeke hã o.” Nenema tututue nyɔnyrɔ si woxɔna le Kristo-hamea me egbea hã le.
Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔa nye “Mawu biabia be wòana dzitsinya nyui ame” ƒe dzesi. (Petro I, 3:21, NW) Eɖenɛ fiana be amea tsɔ eɖokui ke Yehowa bliboe be yeasubɔe abe Via ƒe nusrɔ̃la ene. Ame nyɔnyrɔ ɖe tsi me keŋkeŋ nye ɖokuitsɔtsɔke sia ƒe dzesi si sɔ ŋutɔ. Amea nyɔnyrɔ ɖe tsia me keŋkeŋ fia be eku ɖe eƒe tsã gbenɔnɔ ta. Ehoho ɖe dzi fia be wogagbɔ agbee hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.
Yehowa Mawu nana dzitsinya nyui amesiwo tsɔa wo ɖokui kena alea hexɔa nyɔnyrɔ la. Eyatae gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòŋlɔ na eƒe haxɔsetɔwo be: “[Nyɔnyrɔxɔxɔ] ɖe miawo hã azɔ.” Esia nye teƒeɖoɖo aɖe si Yudatɔwo ƒe kɔnutsilele zi gbɔ zi gbogbowo hã mate ŋu ana wòasu ame si gbeɖegbeɖe o.