Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me
Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me
‘Woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyuie le Kana eye wokpe Yesu hã kple eƒe nusrɔ̃lawo va srɔ̃ɖeƒea.’—YOHANES 2:1, 2.
1. Nuka dzie Yesu ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie ɖuƒe yiyi le Kana he míaƒe susu yi?
YESU, dadaa, kple eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo nya dzidzɔ si le srɔ̃kpekpe si wowɔna bubutɔe le Mawu ƒe amewo dome la me. Kristo na srɔ̃kpekpe aɖe gɔ̃ hã ɖe dzesi, esime wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ le afima tsɔ na amewo gase vivi na dzidzɔɣeyiɣi ma geɖe wu. (Yohanes 2:1-11) Ðewohĩ ànya de Kristotɔ siwo di be yewoayi edzi asubɔ Yehowa abe srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔwo ene la ƒe srɔ̃ɖeƒe kpɔ hekpɔ dzidzɔ ɖe srɔ̃kpekpea ŋu. Alo ɖewohĩ èle mɔ kpɔm be ye ŋutɔ yeava wɔ srɔ̃kpekpe sia tɔgbe loo alo akpe ɖe ye xɔlɔ̃ aɖe ŋu be nuwo nayi nyuie le eƒe srɔ̃kpegbe. Nukawoe ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ siawo nava eme?
2. Srɔ̃kpekpe ŋuti nyatakaka kawoe le Biblia me?
2 Kristotɔwo kpɔe be aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya, si tso gbɔgbɔ me, me la dzi wɔwɔ ɖea vi ŋutɔ na ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖoe be yewoaɖe yewo nɔewo. (Timoteo II, 3:16, 17) Le nyateƒe me la, Biblia megblɔ ɖoɖo si tututu nu wòle be Kristotɔwo nawɔ srɔ̃kpekpe ɖo o. Esia me kɔ elabena dekɔnuwo kple senyawo le vovovo le nutowo kple dzidzimewo dome. Le kpɔɖeŋu me, le blema Israel la, srɔ̃kpekpe ƒe wɔna aɖeke koŋ menɔ anyi wowɔna le srɔ̃kpegbe o. Le srɔ̃kpegbea la, ɖeko ŋugbetɔsrɔ̃a kplɔa ŋugbetɔa vaa eya ŋutɔ ƒemee loo alo fofoa ƒemee. (Mose I, 24:67; Yesaya 61:10; Mateo 1:24) Gaglãgbe nuwɔna sia koe nyea srɔ̃kpekpea, eye womewɔa srɔ̃ɖewɔna tɔxɛ siwo wowɔna le srɔ̃ɖeƒe geɖewo egbea míekpɔna la o.
3. Azã ka ɖuɖu ŋue Yesu kpe asi ɖo le Kana?
3 Israel-viawo bua nuwɔna sia be enye srɔ̃ɖeɖe, alo srɔ̃kpekpe. Le esia megbe la, woɖua azã, abe esi ƒe nya wogblɔ le Yohanes 2:1 ene. Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo ɖe mawunyakpukpui sia gɔme ale: “Wowɔ srɔ̃kpekpe aɖe le Kana.” Gake nyagbe si wozã le gbe gbãtɔa me la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔe nye “srɔ̃ɖeŋkekenyui” alo “srɔ̃ɖezã.” * (Mateo 22:2-10; 25:10; Luka 14:8) Nuŋlɔɖia na eme kɔ nyuie be Yesu de azã aɖe, si woɖu le Yudatɔwo ƒe srɔ̃kpekpe aɖe megbe la, ɖuƒe hekpe asi hã ɖe eŋu. Gake nya si le toa mee nye be alesi wowɔa srɔ̃kpekpe ɣemaɣi la to vovo na esi wowɔna egbea.
4. Srɔ̃kpekpe ka ƒomeviwoe Kristotɔ aɖewo tiana, eye nukatae?
4 Le dukɔ geɖe me egbea la, ele na Kristotɔ siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo la be woawɔ ɖe dukɔa ƒe se aɖewo dzi. Ne wonya wɔ ɖe wo dzi ko la, woate ŋu awɔ srɔ̃kpekpe le mɔ ɖesiaɖe si le dukɔa ƒe se nu la nu. Ate ŋu anye wɔna kpokploe aɖe si dzi ʋɔnudrɔ̃la aɖe, dudzikpɔla, alo hamemegã aɖe, si dzi dukɔa da asi ɖo, akpɔ. Ame aɖewo tianae be yewoawɔ srɔ̃kpekpe sia, si me wote ŋu kpea ƒometɔ alo xɔlɔ̃ Kristotɔ ʋɛ aɖewo be woava nye eteƒekpɔlawo na yewo loo alo akpɔ dzidzɔ kpli yewo ko le wɔna vevi sia wɔɣi. (Yeremya 33:11; Yohanes 3:29) Nenema kee Kristotɔ aɖewo hã atiae be yewomaɖu srɔ̃ɖezã gã aɖeke, si abia ɖoɖo geɖe wɔwɔ kple ga gbogbo zazã la, na amekpekpe gbogbowo aɖeke o. Ke boŋ yewoaɖo kplɔ̃ kpokploe aɖe na xɔlɔ̃ vevi aɖewo, aɖu nu ahakpɔ dzidzɔ kpli wo. Esiawo dometɔ ka kee míadi be míawɔ o, ele be míanyae be Kristotɔ tsitsi bubu aɖewo ya ƒe nukpɔsusu ate ŋu ato vovo na mía tɔ.—Romatɔwo 14:3, 4.
5. Nukata Kristotɔ geɖe dina be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo na yewo le yewoƒe srɔ̃kpegbe, eye nuka ŋue wòkuna ɖo?
5 Kristotɔ geɖe dina be woaƒo Biblia me nuƒo na yewo le yewoƒe srɔ̃ɖeƒe alo le srɔ̃kpekpea megbe kpuie. * Wonyae be Yehowae ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi eye wòna alesi woawɔ akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le srɔ̃gbenɔnɔ me la ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eƒe Nya la me. (Mose I, 2:22-24; Marko 10:6-9; Efesotɔwo 5:22-33) Eye ame akpa gãtɔ dina be xɔlɔ̃ Kristotɔwo kple ƒometɔwo nakpɔ dzidzɔ kpli yewo le yewoƒe srɔ̃kpegbe. Ke hã, aleke wòle be míabu se, ɖoɖo, kple dekɔnu gbogbo siwo li egbea lae? Nyati sia adzro alesi woɖea srɔ̃ le nuto vovovowo me la me. Ðewo ato vovo kura na alesi nènyae alo alesi wowɔnɛ le mia gbɔ. Ke hã, àte ŋu akpɔ gɔmeɖose kple woƒe akpa siwo le vevie na Mawu subɔlawo la adze sii.
Srɔ̃ɖeɖe si Ŋu Bubu Le la Nye Srɔ̃ɖeɖe si Wowɔ ɖe Se Nu
6, 7. Nukata wòle be míatsɔ dziɖuɖu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋuti sewo nu vevie, eye aleke míate ŋu awɔe?
6 Togbɔ be Yehowae ɖo srɔ̃ɖeɖea anyi hã la, amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo kpɔa ŋusẽ aɖe ƒomevi ɖe alesi amesiwo le srɔ̃a ɖem la awɔe dzi. Esia sɔ. Yesu gblɔ be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17) Nenema kee apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.”—Romatɔwo 13:1; Tito 3:1.
7 Le dukɔ akpa gãtɔ me la, Kaisaro, alo setɔwo, ye daa asi ɖe edzi be ame aɖe dze aɖe srɔ̃. Eyata ne Kristotɔ eve siwo Ŋɔŋlɔawo ƒe se aɖeke mebla o, tiae be yewoaɖe yewo nɔewo la, wowɔna ɖe dukɔa ƒe se dzi pɛpɛpɛ. Se siawo dometɔ aɖewo anye be woaxɔ mɔɖegbalẽ, ayi amesi dziɖuɖua na ŋusẽe be wòakpɔ srɔ̃ɖewɔnawo dzi la gbɔ, eye ɖewohĩ ade woƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me. Esi Kaisaro Augusto de se be ‘woaŋlɔ amewo ŋkɔ’ la, Maria kple Yosef wɔ ɖe edzi hezɔ mɔ yi Betlexem ‘be woaŋlɔ yewoƒe ŋkɔ.’—Luka 2:1-5.
8. Nukae wɔwɔe fiana be wotre srɔ̃ɖeɖea nu, eye Yehowa Ðasefowo ƒe ɖoɖo kae ɖo kpe esia dzi?
8 Ne Kristotɔ eve nya ɖe wo nɔewo ɖe woƒe dukɔa ƒe se nu ko la, ekema wotre woƒe srɔ̃ɖeɖea nu keŋkeŋ le Mawu hã ŋku me. Eyata Yehowa Ðasefowo mewɔa srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔnu eve, wònyea srɔ̃ɖeɖe ma ke wɔwɔ zi evelia loo, alo agagbugbɔ srɔ̃ɖetam la aka na wo nɔewo ake, ɖewohĩ le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe 25-zã, alo ƒe 50-zã, ɖugbe, o. (Mateo 5:37) (Subɔsubɔha aɖewo ŋea aɖaba ƒua dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe si sɔ le se nu la dzi, hegblɔna be nunɔla alo subɔsubɔhakplɔla aɖee awɔ kɔnu aɖe kokoko loo alo aɖe gbeƒã be ŋutsu kple nyɔnu aɖewo zu srɔ̃tɔwo hafi wònyea srɔ̃ɖeɖe.) Le dukɔ geɖe me la, dziɖuɖua ɖea mɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe hamemegã aɖe be wòakpɔ srɔ̃ɖewɔnawo dzi. Ne ele alea la, hamemegã la adi godoo be yeakpɔ wɔna sia, si me wòaƒo srɔ̃ɖenuƒo le la, dzi le Fiaɖuƒe Akpata me. Esi wònye Fiaɖuƒe Akpataa mee wotsɔa tadedeagu vavãtɔ naa Yehowa Mawu, amesi ɖo srɔ̃ɖeɖeɖoɖoa gɔme anyi, le ta la, esɔ be woase srɔ̃ɖenuƒoa hã le afima.
9. (a) Ne Kristotɔ atsu kple asi aɖe yi ɖawɔ srɔ̃kpekpe le dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒe aɖe la, nukae woate ŋu atia be yewoawɔ? (b) Aleke hamemegãwo ate ŋu akpɔ gome le srɔ̃kpekpe ɖoɖoawo wɔwɔ mee?
9 Le dukɔ bubuwo me la, dziɖuɖua ƒe se bia be amewo nawɔ srɔ̃kpekpea le dziɖuɖua gbɔ srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒe loo alo le srɔ̃ɖeɖe dzi kpɔla aɖe si dziɖuɖua ɖo la gbɔ. Ne Kristotɔwo wɔ ɖe se sia dzi vɔ la, wo tianae be yewoayi aɖase srɔ̃ɖenuƒo le Fiaɖuƒe Akpata me gbemagbe ke loo alo le ŋufɔke. (Womadi be yewoana ŋkeke geɖe natso srɔ̃kpekpea kple srɔ̃ɖenuƒoa sese dome o, elabena wozu srɔ̃tɔwo le Mawu kple amewo, siwo dome Kristo-hamea me tɔwo hã le la, ŋku me.) Ne atsu kple asi siwo awɔ dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe la adi be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo na yewo le Fiaɖuƒe Akpata aɖe me la, ele be woabia mɔ le Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti gbɔ. Tsɔ kpe ɖe egbɔ kpɔkpɔ be kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele srɔ̃tɔawo ŋu o ŋuti la, dzikpɔla siawo akpɔ egbɔ be srɔ̃ɖenuƒoa ƒoɣi mado kplamatse kpekpe kple ɖoɖo siwo yia edzi le akpataa me la o. (Korintotɔwo I, 14:33, 40) Woada alesi srɔ̃a ɖelawo adi be yewoaɖo atsyɔ na akpataa me ɖo la hã akpɔ, eye woakpɔe ɖa be ahiã be yewoana nɔviawo nanya be amewo ava se srɔ̃ɖenuƒo le akpataa me hã.
10. Nenye dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒee woawɔ srɔ̃ɖeɖea le la, aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe srɔ̃ɖenuƒo si wova sena le Fiaɖuƒe Akpata me dzii?
10 Hamemegã si aƒo srɔ̃ɖenuƒoa adze agbagba be yeaƒo nuƒoa vividodoɖeameŋutɔe, wòatu ame ɖo le gbɔgbɔ me, eye bubu nanɔ eme. Nenye be dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒee woyi ɖawɔ srɔ̃ɖeɖea le la, nuƒolaa nana eme nakɔ be woɖe srɔ̃a xoxo le Kaisaro ƒe se nu. Ne srɔ̃tɔawo meka srɔ̃ɖetam la le dziɖuɖudɔwɔƒea o la, woate ŋu awɔ esia le srɔ̃ɖenuƒoa seɣi. * Nenye be woka atam le dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒea, gake wogadi be yewoagawɔe ake le Yehowa kple hamea ŋku me la, woate ŋu agagbɔ srɔ̃ɖetam la aka ake, gake woagblɔe wòafia be wozu “ŋutilã ɖeka,” alo srɔ̃tɔwo nɔewo, xoxo.—Mateo 19:6; 22:21.
11. Aleke amewo ɖea srɔ̃ le teƒe aɖewoe, eye aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi woƒoa srɔ̃ɖenuƒoae dzii?
11 Le teƒe aɖewo la, se mabia be woawɔ srɔ̃ɖewɔna aɖeke, le dziɖuɖu ƒe ame aɖe gɔ̃ hã gbɔ o. Ðeko ŋutsu kple nyɔnu siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo la kpea srɔ̃ɖeɖe dede agbalẽ me ƒe agbalẽvi ɖo hetsɔna na dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒea. Ekema dɔwɔƒea naa srɔ̃ɖeɖaseɖigbalẽ wo, eye tso gbemagbe ko la, wobua wo be wozu srɔ̃tɔwo. Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, srɔ̃tɔawo ate ŋu atiae be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo na yewo le Fiaɖuƒe Akpata me le srɔ̃ɖeɖea dede agbalẽ me vɔ megbe teti. Hamemegã bibi si wotia be wòaƒo nuƒoa ana vavalawo katã nase egɔme be ɖaseɖigbalẽ si dziɖuɖua na lae nye kpeɖodzi be ameawo zu srɔ̃tɔwo xoxo. Ne woagblɔ srɔ̃ɖetamkanya ake la, woagblɔe wòasɔ ɖe numeɖeɖe si le memama 10 lia kple etenuŋɔŋlɔa me la nu. Amesiwo va Fiaɖuƒe Akpataa me akpɔ dzidzɔ kple srɔ̃tɔawo eye Mawu ƒe Nya me aɖaŋuɖoɖo siwo woase la aɖe vi na wo.—Hawo ƒe Ha 3:11.
Dekɔnusrɔ̃ɖeɖe Kple Dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe
12. Nukae nye dekɔnusrɔ̃ɖeɖe, eye ne amewo ɖe srɔ̃ alea la, nukae wòanyo be woawɔ?
12 Le dukɔ aɖewo me la, amewo ɖea srɔ̃ ɖe dekɔnu nu. Menye ame ɖeka ƒe ʋuʋu aɖatsi evelia gbɔ ko, alo alesi ɣeyiɣi didi si ŋutsu kple nyɔnu aɖewo tsɔ li ɖekae wɔe be amewo bua wo le teƒe aɖewo be wozu srɔ̃tɔwo, togbɔ be womeɖe wo nɔewo le se nu o hã, ƒe nya gblɔm míele o. * Ke boŋ srɔ̃ ɖeɖe ɖe to, alo nuto, aɖe ƒe dekɔnu nu ye míewɔnɛ. Esia wɔwɔ bia be ŋutsua nana nusiwo wobia be wòatsɔ ava bia nyɔnua tae la wòade, eye nyɔnua ƒe ƒomea nalɔ̃ axɔ nuawo, ekema ŋutsua kple nyɔnua wozu srɔ̃tɔwo le se kple Ŋɔŋlɔawo nu. Le dukɔ mawo me la, dziɖuɖua bua dekɔnusrɔ̃ɖeɖe sia be esɔ, be ele se nu, eye be wotre enu. Emegbe wote ŋu dea dekɔnusrɔ̃ɖeɖea agbalẽ me le dziɖuɖua gbɔ hexɔa ɖaseɖigbalẽ ɖe edzi. Edede agbalẽa me te ŋu va nyea takpɔkpɔ na srɔ̃nyɔnua kple vi siwo woava dzi la siaa ne edzɔ be ŋutsua ku. Hame siwo le dukɔ mawo me ade dzi ƒo na amesiwo ɖea srɔ̃ le dekɔnu nu la be woadee agbalẽ me le dziɖuɖua gbɔ enumake. Edze abe wodea srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi agbalẽ me le Mose ƒe Sea te kura gɔ̃ hã ene.—Mateo 1:1-16.
13. Ne woaƒo srɔ̃ɖenuƒo le dekɔnusrɔ̃ɖeɖe vɔ megbe la, nukae wòle be woawɔ le nuƒoa ƒoƒo me?
13 Atsu kple asi siwo ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu la zu srɔ̃tɔwo le se nu tso esime wowɔ dekɔnusrɔ̃ɖeɖea. Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, Kristotɔ
siwo ɖea srɔ̃ le mɔ sia nu la ate ŋu adi be woaƒo srɔ̃ɖenuƒo, si me yewoaka atam na yewo nɔewo le la, na yewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ne woawɔe nenema la, nuƒolaa ana wòadze ƒã be ameawo ɖe srɔ̃ xoxo ɖe Kaisaro ƒe se nu. Srɔ̃ɖeɖe ɖeka, si nye dekɔnusrɔ̃ɖeɖe si le se nu, koe woawɔ, eye zi ɖeka koe woaƒo srɔ̃ɖenuƒoa hã. Dekɔnusrɔ̃a ɖeɖe kple srɔ̃ɖenuƒoa sese ɖe eyome gbemagbe ke, nana amewo dea bubu Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu le nutoa me.14. Ne wote ŋu wɔa dekɔnusrɔ̃ɖeɖe kple dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe siaa le nuto ɖeka me la, nukae Kristotɔ awɔ?
14 Le dukɔ siwo me wobua dekɔnusrɔ̃ɖeɖe be ele se nu la, ɖoɖo li hã be amewo ate ŋu atiae be yewoawɔ dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe boŋ. Zi geɖe la, wowɔa dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe sia le amesi dzi dziɖuɖua da asi ɖo be wòakpɔ srɔ̃ɖeɖe siawo tɔgbe dzi la gbɔ, eye ate ŋu adzɔ be woana srɔ̃tɔawo naka srɔ̃ɖetam na wo nɔewo ahade srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me hã. Kristotɔ aɖewo adi be yewoawɔ srɔ̃ɖeɖe sia tsɔ wu esi yewoawɔ dekɔnusrɔ̃ɖeɖe. Se aɖeke meli be woawɔ evea siaa kokoko o; wo dometɔ ɖesiaɖe sɔ le dukɔa ƒe se nu. Le go sia hã me la, ahiã be woawɔ ɖe mɔfiame si le memama 9 kple 10 lia me dzi, le srɔ̃ɖenuƒoa sese kple srɔ̃ɖetam la kaka gome. Nya la koŋue nye be ameawo naɖe srɔ̃ le bubumɔ nu le Mawu kple amewo siaa ŋku me. (Luka 20:25; Petro I, 2:13, 14) Ne Kristotɔ siwo le dukɔ siawo tɔgbe me wɔ dekɔnusrɔ̃ɖeɖe vɔ hegadi be yewoawɔ dziɖuɖugbɔsrɔ̃ɖeɖe le dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒe (manye le Fiaɖuƒe Akpata me o) la, woa ŋutɔ ƒe nyametsotsoe. Menye srɔ̃ɖeɖe evelia siae ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nade le se nu o. Mahiã kokoko be woagaƒo srɔ̃ɖenuƒo na wo ake loo alo woakpe amewo be woava ɖu srɔ̃ɖezã kpli yewo ake o.
Na Bubu Nanɔ Srɔ̃gbenɔnɔ Me
15, 16. Aleke wòle be woade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋui?
15 Esi kuxi ɖo Persia-fia aɖe ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, fia la ƒe aɖaŋuɖola bibi aɖe, si ŋkɔe nye Memuxan, ɖo aɖaŋu aɖe nɛ si ate ŋu aɖe vi ŋutɔ be—‘nyɔnuwo katã nabu wo srɔ̃wo.’ (Ester 1:20) Le Kristotɔwo ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me la, menye fia aɖeke, si hã nye amegbetɔ, ye ade se sia na wo o; srɔ̃nyɔnuwo ŋutɔ dina be yewoabu yewo srɔ̃wo. Nenema kee srɔ̃ŋutsuwo hã dea bubu wo srɔ̃wo ŋu hekafua wo. (Lododowo 31:11, 30; Petro I, 3:7) Mele be míana ƒe geɖe nava yi hafi míate bubu dede mía nɔewo ŋu le srɔ̃gbenɔnɔa me o. Ele be míadze egɔme tso srɔ̃a ɖe gbe tii ke.
16 Menye ŋutsu kple nyɔnu—ŋutsu kple srɔ̃a—koe nye amesiwo aɖe bubu afia le srɔ̃ɖegbea o. Ne Kristotɔ hamemegã aɖe aƒo srɔ̃ɖenuƒo la, ele be bubu nadze le eƒe nuƒoa hã me. Ele be nuƒoa nayi na srɔ̃a ɖelawo. Bubu dede wo ŋu abia be nuƒolaa mava nɔ nya ɖikokoewo alo hatsekanyawo sɔŋ ko gblɔm o. Mele be wòade eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo nuƒoa me fũ akpa si awɔe be srɔ̃a ɖelawo kple nyaselawo siaa nade vovo ge le wo ɖokui me ado kpoe o. Ke boŋ adze agbagba be vividoɖeameŋu kple tutuɖo nanɔ nuƒoa me eye wòana Yehowa, amesi ɖo srɔ̃ɖeɖea gɔme anyi, ƒe aɖaŋuɖoɖo veviwo me nakɔ nyuie. Ẽ, srɔ̃ɖenuƒo si hamemegãa aƒo bubutɔe la hã awɔ akpa aɖe le srɔ̃ɖeɖe si dea bubu Yehowa Mawu ŋu la me.
17. Nukatae dukɔa ƒe sewo hã kpɔa ŋusẽ ɖe Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpekpe dzi ɖo?
17 Ðikeke mele eme o be ède dzesi srɔ̃ɖeɖe ŋuti se vovovowo le nyati sia me. Ðewo mawɔ dɔ tẽ le miaƒe nutoa me ya o. Ke hã, ehiã be mí katã míanyae be ele vevie be Yehowa Ðasefowo nade bubu nuto si me wole ƒe sewo kple Kaisaro ƒe sewo ŋu le srɔ̃ɖenyawo me. (Luka 20:25) Paulo de dzi ƒo na mí be: “Mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, midzɔ nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, mina adzɔe; . . . amesi dze bubu la, mibui.” (Romatɔwo 13:7) Ẽ, esɔ be Kristotɔwo nade bubu ɖoɖo si Mawu wɔ da ɖi míeva tso ɖo la ŋu tso woƒe srɔ̃ɖegbe.
18. Srɔ̃kpekpe ƒe akpa bubu, si ame ate ŋu atia be yeawɔ loo alo yemawɔ o, ka hã mee míava dzro, eye afikae míakpɔ nya sia ŋuti numeɖeɖe le?
18 Kristotɔ geɖewo ɖoa kplɔ̃ na amekpekpeawo le srɔ̃kpekpea vɔ megbe, wònyea srɔ̃ɖeŋkekenyui, alo srɔ̃ɖezã, ɖuɖu. Ðo ŋku edzi be Yesu de azã siawo dometɔ aɖe ɖuƒe. Ne wowɔ esia ƒe ɖoɖo la, aleke Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ema hã nade bubu Mawu ŋu ahana ŋkɔ nyui nanɔ srɔ̃tɔ yeyeawo kple Kristo-hamea siaa ŋui? Nyati si kplɔe ɖo adzro nya sia me. *
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 3 Woagate ŋu azã nya sia ke na ŋkekenyui alo azã aɖe si medo ƒome kple srɔ̃ɖeɖe o.—Ester 9:22.
^ mm. 5 Yehowa Ðasefowo zãa nuƒogbalẽ si ƒe tanyae nye “Srɔ̃ɖeɖe si Ŋu Bubu Le le Mawu Ŋkume” tsɔ ƒoa srɔ̃ɖenuƒo si xɔa miniti 30. Wozãa Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo nyui siwo le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona kple Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ bubuwo me tsɔ ƒoa nuƒo siae. Nuƒoa ɖea vi na srɔ̃tɔ yeyeawo kple vavalawo katã.
^ mm. 10 Ne dziɖuɖua mebia be srɔ̃ɖetamkanya aɖe koŋue woagblɔ o la, ekema esi dea bubu Mawu ŋu, si míezãna lae nye esi. Ŋugbetɔsrɔ̃a agblɔ be: “Nye [ŋutsua ƒe ŋkɔ] mexɔ wò [nyɔnua ƒe ŋkɔ] be nànye srɔ̃nye si meɖe, be malɔ̃ wò ahalé be na wò, abe alesi wòle Mawu ƒe se si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me na Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo ene, zi alesi mí ame evea míanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu.” Ŋugbetɔa agblɔ be: “Nye [nyɔnua ƒe ŋkɔ] mexɔ wò [ŋutsua ƒe ŋkɔ] be nànye srɔ̃nyeŋutsu si meɖe, be malɔ̃ wò ahalé be na wò, ahatsɔ bubu deto na wò, abe alesi wòle Mawu ƒe se si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me na Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo ene, zi alesi mí ame evea míanɔ anyi ɖekae le anyigba dzi le Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa nu.”
^ mm. 12 May 1, 1962, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ, axa 287, ƒo nu tso ame eve ƒe wo nɔewo gbɔ esime womeɖe wo nɔewo o ŋu.
^ mm. 18 Kpɔ nyati si nye “Na Wò Srɔ̃kpegbe ƒe Dzidzɔ Kple Bubu Nadzi Ðe Edzi,” le axa 28.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Nukatae wòle be míawɔ ɖe dziɖuɖu kple Biblia ƒe sewo siaa dzi le srɔ̃ɖenyawo me ɖo?
• Ne Kristotɔwo yi ɖawɔ srɔ̃ɖeɖe le dziɖuɖua ƒe srɔ̃ɖeɖe dzikpɔƒe aɖe la, nukae woate ŋu atia be yewoawɔ ɖe eyome enumake?
• Nukatae woƒoa srɔ̃ɖenuƒowo le Fiaɖuƒe Akpata me ɖo?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Le blema Israel-viwo ƒe srɔ̃ɖegbe la, ɖeko ŋugbetɔsrɔ̃a kplɔa ŋugbetɔa vaa eƒeme loo alo fofoa ƒemee
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Le dekɔnusrɔ̃ɖeɖe vɔ megbe la, Kristotɔwo ate ŋu atiae be yewoase srɔ̃ɖenuƒo le Fiaɖuƒe Akpata me