Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yakob De Asixɔxɔ Gbɔgbɔmenuwo ŋu

Yakob De Asixɔxɔ Gbɔgbɔmenuwo ŋu

Yakob De Asixɔxɔ Gbɔgbɔmenuwo ŋu

NYAƲIƲLI kple afɔku yɔ Yakob ƒe agbe me. Dzi si nɔ eƒe vedzɔa kum be yeawui la ƒoe ɖe Yakob nu be wòasi adzo. Le esi woatsɔ nyɔnuvi si wòlɔ̃ la anɛ be wòaɖe teƒe la, woblee de ame bubu aɖe ɖeɖe me gbã si na be wova zu srɔ̃ ene ɖela mlɔeba si he kuxi gbogbo aɖewo vɛ nɛ. (Mose I, 30:1-13) Ewɔ dɔ ƒe 20 sɔŋ na ŋutsu aɖe si nɔ ebam la. Ete kame kple mawudɔla aɖe si wɔe be wòzu wɔametɔ. Wodɔ vianyɔnu gbɔ sesẽe, viaŋutsuwo yi ɖatsrɔ̃ amewo, eye via kple srɔ̃a siwo wòlɔ̃na vevie ƒe ku na wòfa avi. Esi dɔwuame ƒoe ɖe enu be wòaʋu le eƒe amegãkuɣi la, eʋu eme be yeƒe ŋkekewo ‘mesɔ gbɔ o eye yekpe hiã geɖe le wo me.’ (Mose I, 47:9) Le nusiawo katã me la, Yakob nye gbɔgbɔmeme si ka ɖe Mawu dzi. Ðe eƒe xɔsea zu dzodzroa? Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nusiwo me Yakob to la dometɔ ʋɛ aɖewo ko me dzodzro me?

Eto Vovo Kura tso Nɔvia Gbɔ

Nusi he masɔmasɔ de woa kple nɔviaŋutsua domee nye be Yakob de asixɔxɔ gbɔgbɔmekesinɔnuwo ŋu, gake Esau ya gbe wo. Yakob tsɔ ɖe le nu si wobla kple Abraham me vevie eye wòtsɔ eɖokui ɖo anyi na ƒome si Mawu tia be woanye hadomenyila la dzi kpɔkpɔ. Esia wɔe be Yehowa ‘lɔ̃e.’ Yakob nye “ame fafa,” si fia be nɔnɔme nyui le esi. Esau ya to vovo eye metsɔ ɖeke le eƒe gbɔgbɔmedomenyinua me o, si wɔe be wòdzrae na Yakob hotsɔkpoe. Yakob xɔ nusi nye etɔ esi Mawu da asi ɖe edzi nɛ eye wòxɔ yayra si nye nɔviaŋutsua tɔ hafi la, Esau do dɔmedzoe helĩhelĩ. Esia wɔe be Yakob dzo le nusiwo katã wòlɔ̃ la gbɔ, gake nusiwo dzɔ ɖe eyome la na dzi gaɖo eƒo ake.—Maleaxi 1:2, 3; Mose I, 25:27-34; 27:1-45.

Le drɔ̃e aɖe me la, Mawu ɖe mawudɔla siwo nɔ aŋutsrɔe, alo “atrakpui si tso anyigba yi ɖatɔ dziƒo,” liam le dzi yim nɔ ɖiɖim fia Yakob hegblɔ be yeakpɔ Yakob kple eƒe dzidzime ta. “Woayra anyigba dzi dukɔwo katã le mia kple wò dzidzimeviwo me. Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.”—Mose I, 28:10-15; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

Ŋusẽdoame ka gbegbee nye si! Yehowa ɖo kpe edzi be ŋugbe siwo katã yedo na Abraham kple Isak la ahe gbɔgbɔmeyayrawo vɛ na Yakob ƒe ƒomea. Wona Yakob nyae be mawudɔlawo ate ŋu asubɔ amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo, eye woka ɖe edzi nɛ be Mawu akpɔ eta. Le ŋudzedze si Yakob kpɔ ɖe esia ŋu me la, eka atam be yeawɔ nuteƒe na Yehowa.—Mose I, 28:16-22.

Yakob mexɔ Esau ƒe domenyinu la akpasesẽe o. Do ŋgɔ na ŋutsuviawo dzidzi la, Yehowa gblɔ be “tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ.” (Mose I, 25:23) Ame aɖewo abia be: ‘Ne ɖe Mawu na wodzi Yakob gbã la, manɔ bɔbɔe awu o mahã?’ Nusi dzɔ emegbe fia nyateƒe vevi aɖewo. Mawu mekpɔtɔa yayrawo ɖi na amesiwo sena le wo ɖokui me be yewoe dze nɛ la o, gake evea amesiwo wòtia la nu. Esia wɔe be wotsɔ ŋgɔgbevinyenyea na Yakob, ke menye nɔviaŋutsu tsitsitɔ si mede asixɔxɔ eŋu o la o. Nenema ke esi dzɔdzɔme Yuda dukɔa ɖe nɔnɔme si sɔ kple Esau tɔ fia ta la, wona gbɔgbɔ me Israel va xɔ ɖe wo teƒe. (Romatɔwo 9:6-16, 24) Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa egbea metoa domenyinu aɖe si ŋuti womedze agbagba aɖeke le o la me vana o, ne eɖanye ƒome alo nuto aɖe si me mawuvɔ̃lawo le mee wodzi ame le gɔ̃ hã. Ele be amesiwo katã axɔ Mawu ƒe yayrawo nadze agbagba be yewoanye mawumeme siwo dea bubu vavã gbɔgbɔmenuwo ŋu.

Laban Xɔe

Esi Yakob ɖo Paddan-aram be yeadi srɔ̃ tso ye ƒometɔwo dome la, edo go Raxel, si nye nyruia Laban ƒe vinyɔnuvi le vudo aɖe to eye Yakob ɖe kpe gã si woɖo enu la ɖa hedu tsi na lã siwo kplɔm Raxel le la. * Raxel ƒu du yi aƒeme ɖagblɔ Yakob ƒe vava ŋu nya, eye Laban wɔ kaba be yeava kpee. Ne kesinɔnu siwo Laban ƒe ƒomea xɔ tso Abraham ƒe subɔviwo si lae wòsusu be yeakpɔ la, ke eble eɖokui, elabena asiƒuƒlu koe Yakob tsɔ vɛ. Gake edze ƒã be Laban kpɔ nane si wòate ŋu azã—eyae nye dɔwɔla dovevienu.—Mose I, 28:1-5; 29:1-14.

Yakob gblɔ nya si wòlé ɖe asi. Míenya ne egblɔ alesi wòwɔ xɔ ŋgɔgbevinyenyea ya o, gake esi Laban se “nya, siwo katã dzɔ la,” egblɔ be: “Nɔvinye kpamkpam nènye.” Agbalẽnyala aɖe gblɔ be woate ŋu abu nyagbɔgblɔ sia be enye dzidedeƒoname vividodoɖeameŋutɔe be Yakob natsi anyi alo be ƒometɔnyenye bia tso Laban si be wòakpɔ eta. Aleke kee nyaa ɖale o, eteƒe medidi hafi Laban bu mɔ si nu woaba nyruiyɔvia atoe ŋu o.

Laban do nusi ava nye nyaʋiʋli le ƒe 20 siwo gbɔna me la ɖa. Ebia be: “Nɔvinye nènye! Ðe nàwɔ dɔ nam dzodzroa? Gblɔe nam, nuka lanye wò fetu?” Togbɔ be Laban wɔ eɖokui abe nyrui, dɔmenyola ene hã la, etrɔ ƒomedodo si le woa kple Yakob dome zu dɔwɔɖoɖo tɔ. Esi wònye Yakob lɔ̃ Raxel ta la, eɖo eŋu be: “Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta.”—Mose I, 29:15-20.

Wotoa tabianuawo nana ŋugbetɔa ƒometɔwo dzi ɖoa kpe srɔ̃ɖeŋugbedodo dzi. Mose ƒe Sea va bia emegbe be woana klosalo sekel 50 ɖe ɖetugbi leaƒe si dome wogblẽ ta. Agbalẽnyala Gordon Wenham xɔe se be esia nye “tabianu si xɔ asi wu ɖesiaɖe” gake akpa gãtɔ “ɖiɖi ɖe anyi wu nenema.” (Mose V, 22:28, 29) Yakob mate ŋu axee o. Ebia be yeasubɔ Laban ƒe adre. Wenham yi edzi be: “Esi wònye sekel afã kple sekel ɖeka (si anɔ sekel 42 va ɖo 84 le ƒe adre me) ye woxena na subɔviwo ɣletikukui le blema Babilon ƒe ɣeyiɣiwo me ta la, nu gbogbo aɖe wònye nam Yakob le Laban ɖe Raxel ta.” Laban lɔ̃ ɖe edzi enumake.—Mose I, 29:19.

Ƒe adre nɔ na Yakob abe “ŋkeke aɖewo ko” ene le alesi gbegbe wòlɔ̃ Raxel ta. Le esia megbe la, ebia be woatsɔ yeƒe ŋugbetɔ na ye, gake menya aye si wɔm Laban ya le o. Kpɔ alesi eƒe mo akae esime wòva de dzesii le ŋufɔke be menye Raxel ye va mlɔ ye gbɔ o, ke boŋ eda Lea ye ɖa! Yakob bia be: “Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye? Alo menye Raxel ta mesubɔ wò ɖo oa? Nukaŋuti nèblema?” Laban ɖo eŋu bena: “Menye míaƒe kɔ be, woatre ɖevitɔ ɖeɖe na xoxoetɔ o. Ne èwu kwasiɖa sia nu la, ekema matsɔ eya hã na wò ɖe dɔ, si nagawɔ nam le ƒe adre bubu me la nu.” (Mose I, 29:20-27) Esi wɔna aɖeke meganɔ Yakob ŋu o eye mɔ̃ ɖee ta la, ɖeko wòle be wòalɔ̃ ɖe nusi woɖo eŋku me la dzi ne edi be yeaɖe Raxel godoo.

To vovo na ƒe adre gbãtɔawo la, vevesese sɔŋ ye nɔ evelia me. Alekee Yakob aŋe aɖaba aƒu Laban ƒe ayemenu vɔ̃ɖi sia dzi? Eye ɖe wòatsɔe ake Lea, amesi wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple aye sia? Le nyateƒe me la, Laban metsɔ ɖeke le etsɔme kuxi siwo me wòkplɔ Lea kple Raxel dee me kura o. Ðokuitɔdidie nɔ vevie nɛ wu. Ŋuʋaʋã va kpe ɖe dziku si nɔ anyi la ŋu esime Lea dzi ŋutsuvi ene tsiã ɖe wo nɔewo nu, evɔ Raxel ya tsi ko. Emegbe, le alesi gbegbe Raxel di be viwo nanɔ ye si ta la, etsɔ eƒe kosi na be wòadzi vi ɖe ye teƒe, eye le ŋuʋaʋã me la, Lea hã wɔe nenema. Esia wɔe be srɔ̃nyɔnu 4 kple vi 12 va nɔ Yakob si, eye dzidzɔ aɖeke menɔ ƒomea me o. Ke hã, Yehowa ya nɔ dukɔ gã aɖe wɔm tso Yakob me.—Mose I, 29:28–30:24.

Yehowa Yrae

Togbɔ be Yakob nɔ tetekpɔwo me tom hã la, ekpɔe be Mawu li kpli ye abe alesi wòdo ŋugbee ene. Laban hã kpɔe nenema, elabena lã ʋɛ siwo nɔ esi hafi Yakob va la dzi ɖe edzi le nyruiayɔvi la ƒe kpɔkplɔ te. Esi Laban medi be Yakob nadzo o ta la, ebiae be wòagblɔ fetu si wòadi be yeaxɔ ne eyi edzi subɔ ye la na ye, eye Yakob bia be yeaxɔ lã siwo ƒe amadede ato vovo kura le Laban ƒe lãhawo dome la. Wogblɔ be le nuto ma me zi geɖe la, alẽwo nɔa ɣie eye gbɔ̃wo nɔa yibɔɔ alo braɔn; ʋɛ aɖewo koe nɔa ŋɔtaŋɔta. Eyata esi Laban bui be asiƒoƒo sia ade ye dzi la, elɔ̃ enumake eye wòɖe eƒe lã siwo ƒe amadede to vovo la katã ɖe aga ale be woaga tsaka kple esiwo le Yakob ƒe kpɔkplɔ te o. Edze ƒã be ebui be Yakob makpɔ nu boo aɖeke tso ɖoɖo sia me o eye be made gbɔ̃vi kple alẽvi 20 le alafa me si nyea blema alẽkplɔla mawo ƒe fetu la nu kura o. Gake Laban mebui nyuie o, elabena Yehowa nɔ kple Yakob.—Mose I, 30:25-36.

Le Mawu ƒe amekpɔkplɔ te la, lãwo dzi vi siwo nɔ lãmesẽ me nyuie siwo ƒe amadede dim Yakob nɔ la. (Mose I, 30:37-42) Aɖaŋumɔnu si wòto be woadzi la mele dzɔdzɔme nu o. Ke hã agbalẽnyala Nahum Sarna ɖe eme be, “le dzɔdzɔmeŋutinya nu la, ate ŋu adzɔ be woadzi lã ƒomevi si dim wole to . . . lã siwo ƒe amadede le ɖeka evɔ domenyiŋusẽfianu si naa wodzia vi siwo ƒe amedede toa vovo le wo me la ƒe asiyɔyɔ eƒomevi si hã me domenyiŋusẽfianu ma tɔgbe le me si ate ŋu ana woadzi vi siwo ƒe amadedewo le ŋɔtaŋɔta” eye “eye wote ŋu kpɔa lã siawo dzea sii le alesi . . . wote ŋu dzina esiwo ƒe amadede to vovo na wo tɔ kabakabae me.”

Esi Laban de dzesi alesi nuawo va le yiyimee la, ete kpɔ be yeatrɔ ɖoɖoa ku ɖe lã siwo azu nyruiayɔvi la tɔ ŋu—be esiwo ƒe agbalẽ me fli to la ko, alo esiwo le ŋɔtaŋɔta la ko, alo esiwo tso kpɔ la ko nanye etɔ. Eya ŋutɔ ƒe viɖewo ko dimee wònɔ, gake aleke kee Laban ɖatrɔ ɖoɖoae o, Yehowa kpɔ egbɔ be Yakob kpɔ dzidzedze godoo. Aɖukli koe Laban ɖuna. Eteƒe medidi o kesinɔnu, lãhawo, subɔvi, kposɔ, kple tedzi gbogbo aɖe va su Yakob si, menye to eƒe aɖaŋumɔ aɖeke dzi o, ke boŋ le esi Yehowa le megbe nɛ ta. Eva ɖe eme na Raxel kple Lea emegbe be: “Mia fofo blem, eye wòɖɔ li nye fetu zi ewo; ke Mawu meɖe mɔ nɛ be, wòawɔ vɔ̃ ɖe ŋunye o. . . . Ale Mawu xɔ lãha blibo le mia fofo si hetsɔ nam.” Yehowa ka ɖe edzi na Yakob hã be Yekpɔ nusiwo katã wɔm Laban nɔ gake megatsi dzi o. Mawu gblɔ be: “Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmetɔwo gbɔ, eye mawɔ nyui na wò.”—Mose I, 31:1-13; 32:10.

Esi Yakob do le ametrɔtomela Laban si me mlɔeba la, eɖo ta aƒe. Togbɔ be ƒe 20 va yi hã la, egakpɔtɔ vɔ̃na na Esau, eye vɔvɔ̃a gaɖoe wu esime wogblɔ nɛ bena Esau kplɔ ame alafa ene ɖe asi gbɔna ekpe ge. Nukae Yakob ate ŋu awɔ? Esi wònye gbɔgbɔmeme si kana ɖe Mawu dzi ɣesiaɣi ta la, ewɔ nu le xɔse me. Edo gbe ɖa, heʋu eme be yemedze be Yehowa nanyo dɔme na ye o eye wòɖe kuku na Mawu be woaɖe ye kple yeƒe ƒomea tso Esau si me le Eƒe ŋugbedodoawo ta.—Mose I, 32:3-13.

Emegbe nusi menɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Amedzro aɖe, si wòva dze sii emegbe be mawudɔlae la, te kame kple Yakob le zã me, eye wòka asi Yakob ƒe aligo ŋu ale be wòɖɔli. Yakob gbe be yemaɖe asi le mawudɔla la ŋu o negbe ɖe wòyra ye gbã hafi. Nyagblɔɖila Hosea gblɔ emegbe be Yakob ‘fa avi, eye wòƒo koko nɛ.’ (Hosea 12:3-5; Mose I, 32:25-30) Yakob nyae be nu si wobla kple Abraham la ƒe me vava to eƒe dzidzime dzi tae yekpɔ mawudɔla la do ŋgɔ ɖo. Eyata edo vevie nu le kametetea me eye woyrae. Ɣeyiɣi siae Mawu trɔ eƒe ŋkɔ be Israel, si gɔmee nye “Amesi Te Kame (Kutrikula) Kple Mawu,” alo “Kametela Kple Mawu.”

Àlɔ̃ Be Yeate Kamea?

Menye kametete kple mawudɔla kpakple ɖekawɔwɔ kple Esau koe nye kuxi siwo gbɔ wòle be Yakob nakpɔ o. Ke hã, nudzɔdzɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le afisia la ɖe amesi ƒomevi wònye la fia. Esi Esau ya mete ŋu nɔ te ɖe dɔwuame vi aɖe nu tsɔ kpɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye tae o la, Yakob ya ʋli vevie le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye wòte kame kple mawudɔla gɔ̃ hã be yeaxɔ yayra. Abe alesi Mawu do ŋugbee ene la, efia mɔ Yakob eye wòkpɔ eta hã si wɔe be wòva zu amesi me dukɔ gã aɖe dzɔ tso kple Mesia la tɔgbui.—Mateo 1:2, 16.

Àlɔ̃ be yeado vevie nu, aʋli le kpɔɖeŋumɔ nu, be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋua? Kuxiwo kple kplamatsedonuwo sɔŋ ye xɔ amesiwo di be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ƒe agbe me egbea, eye ɣeaɖewoɣi la, enyea nu sesẽ ŋutɔ be woawɔ nyametsotso nyuitɔ. Gake, Yakob ƒe kpɔɖeŋu nyui la nye ŋusẽdonu nyui aɖe na mí be míalé teƒeɖoɖo si ƒe ŋugbe Yehowa do na mí la me ɖe asi sesĩe.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Gododoa sɔ kple esime Yakob dada, Rebeka, na tsi Eliezer ƒe kposɔwo wono la tɔ. Emegbe Rebeka ƒu du yi aƒeme ɖagblɔ be amedzro aɖe va dze yewo. Esi Laban kpɔ sikanu siwo wona nɔvianyɔnua la, eƒu du yi ɖakpe Eliezer.​—Mose I, 24:28-31, 53.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Yakob ʋli vevie le eƒe agbemeŋkekewo katã me be yeaxɔ yayra