Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo, Mizɔ Alesi Dze Yehowa

Sɔhɛwo, Mizɔ Alesi Dze Yehowa

Sɔhɛwo, Mizɔ Alesi Dze Yehowa

EVA hiã be sɔhɛ Kristotɔ aɖewo nayi aɖanɔ adzɔge tso woƒe ƒomea kple woƒe hamea gbɔ hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Wo dometɔ aɖewo wɔ esia kple susu be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Eva hiã be wo dometɔ bubuwo nadzo le aƒeme le esi womedea akpa aɖeke dzi le xexe sia me nudzɔdzɔwo me o ta. (Yesaya 2:4; Yohanes 17:16) Le dukɔ aɖewo me la, ‘Kaisaro’ de sɔhɛ nuteƒewɔlawo mɔ alo bia tso wo si be woaɖawɔ hadomedɔwo. *Marko 12:17; Tito 3:1, 2.

Woate ŋu ade sɔhɛ siawo gaxɔ me atsɔ kpe ɖe gbevuwo ŋu esime wole to hem na wo ɖe woƒe akpaɖekedzimademade ta. Adzɔgenɔnɔ tso aƒe gbɔ ɖe susu bubuwo hã ta ƒoe ɖe sɔhɛwo nu be woawɔ dɔ le nuto siwo me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo. Aleke sɔhɛ Kristotɔ siawo alo ame bubu siwo dzi wozi de nɔnɔme mawo me ate ŋu akpe akɔ kple nyaƒoɖeamenu kpakple kuxi siwo dze ŋgɔ wo la dzidzedzetɔe esime wole agbagba dzem be ‘yewoayi edzi anɔ zɔzɔm alesi dze Mawu?’ (Tesalonikatɔwo I, 2:12) Aleke wo dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woadzra ɖo ɖe nɔnɔme madeamedzi ɖesiaɖe si ate ŋu ado mo ɖa ŋui?—Lododowo 22:3.

Kuxi Tɔxɛwo

Tákis, ƒe 21 vi, si wòzu dzizizi na be wòaɖanɔ adzɔge tso aƒe gbɔ ɣleti 37 sɔŋ la gblɔ be: “Adzɔgenɔnɔ tso dzinyelawo ƒe ametakpɔkpɔ gbɔ kpakple tso hamemegã siwo nyam nyuie ƒe dzikpɔkpɔ si me lɔlɔ̃ le gbɔ la sesẽ hedzi ŋɔ nam ŋutɔ.” * Egblɔ kpee be: “Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be nyemele dedie o.” Eva hiã na Pétros si xɔ ƒe 20 be wòadzo le aƒeme ƒe eve. Eʋu eme be: “Eva hiã be nye ŋutɔ mawɔ modzakaɖeɖe kple hadedewo ŋuti nyametsotsowo zi gbãtɔ le nye agbe me, eye esiwo metiana la menyea nyuitɔ ɣesiaɣi o.” Emegbe egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, agbanɔamedzi si lolo wu si ablɔɖe geɖe hena vɛ la dea vɔvɔ̃ lãme nam.” Tássos, si nye hamemegã Kristotɔ si doa go Kristotɔ sɔhɛ siwo le nɔnɔme siawo tɔgbe me edziedzi la gblɔ be: “Hati dzimaxɔsetɔwo ƒe nya gbegblẽwo gbɔgblɔ, aglãdzedze, kple ŋutasẽnuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe sɔhɛ siwo mele ŋudzɔ o eye womele dedie o la dzi.”

Ehiã be sɔhɛ Kristotɔ siwo li kple amesiwo medea bubu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o hewɔa dɔ kple wo o la nanɔ ŋudzɔ ɖe didi be woasrɔ̃ hatiwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple nuwɔna siwo dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o la ŋu. (Psalmo 1:1; 26:4; 119:9) Ðokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔ me léle ɖe asi adze nu sesẽe. (Filipitɔwo 3:16) Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo kple agbagbadzedze be woaɖo wo gbɔ hã manɔ bɔbɔe o.

Sɔhɛ Kristotɔ wɔnuteƒewo dina godoo be yewoadze Yehowa ŋu le woƒe agbenɔnɔ kple nyagbɔgblɔwo me. Wodzea agbagba nuteƒewɔwɔtɔe be woawɔ ɖe woƒe Dziƒofofoa ƒe biabia nyoameŋu la dzi be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Wodzea sii be yewoƒe dzedzeme kple nuwɔna kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo bua Yehowa kple eƒe amewoe dzi.—Petro I, 2:12.

Dzidzɔtɔe la, sɔhɛ siawo dometɔ akpa gãtɔ wɔa wo tɔ sinua be woanɔ abe wo nɔvi ƒe alafa gbãtɔ me tɔ siwo ta apostolo Paulo do gbe ɖa ɖo ene be: “Miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, . . . hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã.” (Kolosetɔwo 1:9-11) Biblia na kpɔɖeŋu geɖewo ku ɖe sɔhɛ mawuvɔ̃la siwo zɔ alesi dze Mawu dzidzedzetɔe le ame manyamanya, sẽŋuta, siwo lɔ̃a trɔ̃subɔsubɔ dome.—Filipitɔwo 2:15.

‘Yehowa Nɔ Kple Yosef’

Esi Yosef, si nye Yakob kple Raxel ƒe vi malɔ̃nugbɔa nye sɔhɛ la, ekpɔ be yeva le afisi le adzɔge ʋĩ tso ye fofo mawuvɔ̃la ƒe ametakpɔkpɔ gbɔ. Wodzrae ɖe kluvinyenye me le Egipte. Yosef ɖo kpɔɖeŋu nyoameŋu ɖi abe dɔwɔla moveviɖola, amesi dzi woate ŋu aka ɖo, kple ɖekakpui agbenyuinɔla ene. Togbɔ be Yosef nye Potifar—amesi menye Yehowa subɔla o—ƒe kluvi hã la, eɖoa to eƒe dzitsinya eye wòdoa vevi nu ale gbegbe be eƒe aƒetɔ va tsɔ aƒea dzi kpɔkpɔ ƒe dɔ de asi nɛ mlɔeba. (Mose I, 39:2-6) Yosef lé eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi, eye esi esia va wɔe be wodee gaxɔ me la, meƒo nya ta be: “Viɖe kae le eme?” o. Le gaxɔa me gɔ̃ hã la, eɖe nɔnɔme nyuiwo fia, eye eteƒe medidi o wode gaxɔa me dɔwɔna geɖewo asi nɛ. (Mose I, 39:17-22) Mawu yrae, eye abe alesi wogblɔe ɖe Mose I, 39:23 ene la, ‘Yehowa nɔ kple Yosef.’

Aleke wòanɔ bɔbɔe na Yosef, si ɖe aga tso edzila mawuvɔ̃lawo gbɔ, be wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ ɖe trɔ̃subɔla siwo dome wònɔ la tɔ nu, ahanɔ eɖokui ƒom ɖe Egiptetɔwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me enye si! Ðe esia teƒe la, elé mawumegɔmeɖosewo me ɖe asi eye wòlé eƒe dzadzɛnyenye me ɖe asi le tetekpɔ sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Esi Potifar srɔ̃ ƒoe ɖe enu edziedzi be wòadɔ kplii la, ŋuɖoɖo si woɖo kplikpaa nae enye be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?”—Mose I, 39:7-9.

Egbea la, ehiã be sɔhɛ Ðasefowo nawɔ ɖe Biblia me nuxlɔ̃ame siwo ku ɖe hadede gbegblẽwo, modzakaɖeɖe gbegblẽwo, amamaɖeɖe nuwo kpɔkpɔ, kple haƒoƒo gbegblẽwo ŋu dzi. Wonyae be “Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.”—Lododowo 15:3.

Mose Ƒo Asa Na “Nuvɔ̃ ƒe Vivisese”

Mose tsi le Farao ƒe fiasã si me trɔ̃subɔsubɔ kple modzakaɖeɖe didi bɔ ɖo la me. Biblia gblɔ le eyama ŋu be: ‘Le xɔse me Mose gbe be womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi vi aɖe ko me.’—Hebritɔwo 11:24, 25.

Xɔlɔ̃dzedze xexeame ate ŋu ahe viɖe aɖewo vɛ, gake ɣeyiɣi kpui aɖe tɔ koe wonyena. Ne ede ƒã la, ɣeyiɣi kpui si susɔ na xexe sia koe wòagate ŋu anɔ anyi ava se ɖo. (Yohanes I, 2:15-17) Ðe manyo wu be míasrɔ̃ Mose ƒe kpɔɖeŋua oa? Biblia gblɔ be “edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:27) Eɖo susu tɔgbuia mawuvɔ̃lawo ƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu. Ewɔ Yehowa ƒe tameɖoɖowo eɖokui tɔe le agbe me eye woɖo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ eƒe taɖodzinui.—Mose II, 2:11; Dɔwɔwɔwo 7:23, 25.

Ne sɔhɛ mawuvɔ̃lawo ɖado ɖe nuto mavɔ̃mawu aɖe si mede ame dzi o me la, woate ŋu ado ŋusẽ woa ŋutɔwo ƒe ƒomedodo kple Yehowa to ɖokuisinusɔsrɔ̃ dzi, si awɔe be woanya “Amesi womekpɔna o la” ɖe edzi. Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo, si me kpekpewo dede edziedzi kple gbeadziyiyi le me akpe ɖe sɔhɛ siawo ŋu be woaɖo susu gbɔgbɔmenuwo ŋu. (Psalmo 63:7; 77:13) Ele be woadze agbagba atu xɔse kple mɔkpɔkpɔ si sẽ abe Mose tɔ ene la ɖo. Anyo be woatu woƒe tamebubu kple nuwɔnawo ɖe Yehowa dzi eye dzi nadzɔ wo be yewonye exɔlɔ̃.

Ezã Eƒe Aɖe Tsɔ Kafu Mawui

Sɔhɛ bubu si ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi esime wòle adzɔge tso aƒe gbɔ enye Israel-vi nyɔnuvi si Siriatɔwo ɖe aboyoe le Mawu ƒe nyagblɔɖila Elisa ŋɔli. Eva zu gbɔvi na Siria-srafo megã anyidzela Naeman srɔ̃. Nyɔnuvi sia gblɔ na eƒe aƒenɔ be: “Oo, ne nye aƒetɔ ade nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.” Le eƒe ɖaseɖiɖia ta la, Naeman yi Elisa gbɔ le Israel eye eƒe anyia vɔ le eŋu. Gawu la, Naeman va zu Yehowa subɔla.—Fiawo II, 5:1-3, 13-19.

Nyɔnuvi sia ƒe kpɔɖeŋu te gbe ɖe alesi wòhiãe be sɔhɛwo nazã woƒe aɖe le mɔ si dea bubu Mawu ŋu nu, ne wole adzɔge tso wo dzilawo gbɔ gɔ̃ hã dzi. Ne ɖee “yakanyagbɔgblɔwo” alo “atsaƒoƒo” zu numame na nyɔnuvi ma ɖe, ɖee wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòazã eƒe aɖe nyuie abe alesi wòwɔe ene esime mɔnukpɔkpɔa ʋua? (Efesotɔwo 5:4; Lododowo 15:2) Ðekakpui, Níkos, si wode gaxɔ me le eƒe ƒe 20-awo me le eƒe akpaɖekedzimademade ta la ɖo ŋku edzi be: “Esi mía kple nɔviŋutsu ɖekakpui bubu aɖewo míenɔ agbledegakpɔ aɖe me, si nɔ adzɔge tso mía dzilawo kple hamea ƒe takpɔkpɔ gbɔ me la, mede dzesii be míaƒe nyagbɔgblɔwo va gblẽ. Mekafua Yehowa kura o.” Dzidzɔtɔe la, wokpe ɖe Níkos kple etɔ bubuawo ŋu be woawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo le nya sia ŋu dzi be: “Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene.”—Efesotɔwo 5:3.

Yehowa Nye Ame Ŋutɔŋutɔ na Wo

Daniel ƒe zɔhɛ Hebri-vi etɔ̃awo ƒe nuteƒekpɔkpɔ le blema Babilon ɖo kpe gɔmeɖose si Yesu na be nuteƒewɔwɔ le nu suewo me nana ame wɔa nuteƒe le nu gãwo me la ƒe nyateƒenyenye dzi. (Luka 16:10) Esi wodze ŋgɔ nuɖuɖu siwo Mose ƒe Sea tsri la ɖuɖu ƒe kuxia la, woate ŋu agblɔ ko be aboyomenɔlawoe yewonye le dzronyigba dzi eye naneke meli yewoawɔ le nɔnɔmea ŋu o. Gake yayra kawoe nye si woxɔ esi wobu nusi dze abe nu sue aɖe ene la nu vevii! Ŋusẽ kple nunya va nɔ wo si wu aboyomenɔla bubu siwo katã yi edzi nɔ fiaa ƒe nu viviwo ɖum la. Ðikeke mele eme o be nuteƒewɔwɔ le nu sue siawo me do ŋusẽ wo, ale be esime tadedeagu na legba aɖe ƒe dodokpɔ gã la dze ŋgɔ wo la, wogbe be yewomana ta o.—Daniel 1:3-21; 3:1-30.

Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na ɖekakpui etɔ̃ siawo. Togbɔ be wonɔ adzɔge tso wo de kple Mawu ƒe tadedeagu gbɔ hã la, woɖoe kplikpaa be yewo ŋu nakɔ tso xexeame gbɔ. (Petro II, 3:14) Woa kple Yehowa dome ƒomedodo xɔ asi na wo ale gbegbe be wolɔ̃ faa be yewoatsɔ yewoƒe agbe ana ɖe eta.

Yehowa Magblẽ Mi Ði O

Eme kɔ ƒã be ne sɔhɛwo le adzɔge tso amesiwo wolɔ̃ heka ɖe wodzi gbɔ la woase le wo ɖokui me be yewomele dedie o, yewomenya nusi yewoawɔ o, eye vɔvɔ̃ naɖo wo. Gake woate ŋu anɔ te ɖe woƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo nu ne woka ɖe edzi bliboe be ‘Yehowa magblẽ yewo ɖi o.’ (Psalmo 94:14) Ne sɔhɛ siawo ‘kpe fu le nu dzɔdzɔe ŋuti la,’ Yehowa akpe ɖe wo ŋu be woayi edzi anɔ zɔzɔm le “dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.”—Petro I, 3:14; Lododowo 8:20.

Yehowa yi edzi do ŋusẽ heyra Yosef, Mose, kosivi Israel-nyɔnuvia, kple sɔhɛ Hebri-vi etɔ̃awo geɖe. Egbea, ele eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eƒe Nya, kple eƒe habɔbɔa zãm tsɔ le amesiwo ‘ʋlia xɔse ƒe ʋiʋli nyui la’ lém ɖe te eye wòtsɔa “agbe mavɔ” ƒe fetua ɖoa wo ŋkume. (Timoteo I, 6:11, 12) Ẽ, anya wɔ be woazɔ alesi dze Yehowa, eye eyae nye nusi me nunya le be woawɔ.—Lododowo 23:15, 19.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 1, 1996, axa 18-20.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka si le axa 25]

DZILAWO—MIDZRA MIA VIWO ÐO!

“Alesi aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo.” (Psalmo 127:4) Aŋutrɔ mate ŋu aɖo nusi wodae la gbɔ dzro ko o. Ele be woadzidzee ɖe edzi aɖaŋutɔe. Nenema kee ɖeviwo manɔ dzadzraɖo ɖi akpe akɔ kple adzɔgenɔnɔ tso aƒe gbɔ dzilawo ƒe mɔfiafia manɔmee o.—Lododowo 22:6.

Sɔhɛwo te ŋu wɔa nu ɖe woƒe seselelãmewo nu alo naa ta “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo” bɔbɔe. (Timoteo II, 2:22) Biblia xlɔ̃ nu be: “Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lododowo 29:15) Ne wodo kpo seɖoƒewo ɖoɖo na sɔhɛ me nuwɔnawo la, ɖevi mete ŋu sua te na tenɔnɔ ɖe kuxiwo kple nyaƒoɖeamenu siwo le agbenɔnɔ le adzɔge tso aƒe gbɔ me nu o.

Ele be dzila Kristotɔwo nagblɔ kuxiwo, nyaƒoɖeamenuwo, kple alesi nuwo le ŋutɔŋutɔ le agbe me le nuɖoanyi sia me na wo viwo eme nakɔ nyuie. Mɔkpɔkpɔbuɖeame alo dziɖeleameƒo manɔmee la, woate ŋu aƒo nu tso nɔnɔme madeamedzi siwo sɔhɛ ate ŋu adze ŋgɔe ne eva hiã be wòaɖanɔ adzɔge tso aƒe gbɔ ŋu. Hehe sia tsɔ kpe ɖe nunya si Mawu nana ŋu, ana “gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.”—Lododowo 1:4.

Dzila siwo ƒã mawumenuveviwo kple agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ɖe wo viwo ƒe dzi me kpena ɖe wo ŋu be woava nɔ te ɖe agbemekuxiwo nu. Ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi, dzeɖoɖo faa, kple ɖetsɔtsɔ le wo viwo me vevie, ate ŋu ana nusi hea dzidzedze vɛ nadze ƒã. Ele be dzilawo nana mawumehehe wo viwo le mɔ si da sɔ nu eye wòanye esi me nunya le, bene woadzra wo viwo ɖo be woate ŋu ava nɔ wo ɖokui si le etsɔme. To dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo dzi la, woate ŋu afia wo viwo be anya wɔ be woanɔ xexeame evɔ womanye eƒe akpa aɖeke o.—Yohanes 17:15, 16.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Eva hiã be sɔhɛ Kristotɔ aɖewo nadzo le woƒe aƒeme

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Ne sɔhɛwo nɔ te ɖe tetekpɔwo nu la woate ŋu asrɔ̃ Yosef ahanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Srɔ̃ kosivi Israel-nyɔnuvi si zã eƒe aɖe tsɔ he kafukafu vɛ na Yehowa la, ƒe kpɔɖeŋu