Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Nàdi Be Yeabia Mawu?

Nya Kae Nàdi Be Yeabia Mawu?

Nya Kae Nàdi Be Yeabia Mawu?

BIABIA vevi siwo ku ɖe agbe ŋu le amewo si le xexeame godoo. Ele wò hã asiwòa? Ame geɖe tsɔ woƒe biabiawo tu subɔsubɔhakplɔlawo gake womekpɔ ŋuɖoɖo blibo si naa dzidzeme ame o. Ame bubuwo de ŋugble le nya siawo ŋu le wo ɖokui si. Ame aɖewo do gbe ɖa bia mɔfiafia. Ðe wòanya wɔ be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nya siwo ɖea fu na wò tso Mawu gbɔa? Nya siwo ame geɖe gblɔ be yewoadi be yewoabia Mawu dometɔ aɖewoe nye esiawo.

Mawu, ameka tututue nènye?

Amewo ƒe dekɔnuwo, wo dzilawo ƒe subɔsubɔha, kple ɖewohĩ woawo ŋutɔ tɔ si wotia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wobua Mawui dzi. Ame aɖewo yɔa ŋkɔ aɖe na Amesi wosubɔna; ame bubuwo yɔnɛ ko be Mawu. Ema le veviea? Mawu vavã ɖeka kolia aɖe koe li si ɖea eɖokui kple eƒe ŋkɔ fiaa mía?

Nukata fukpekpe bɔ alea gbegbe?

Ne ame ŋutɔ ƒe bemalémalé na eɖokui alo agbegbegblẽnɔnɔ na wòdze dɔ alo zu hiãtɔ la, efaa konyi. Gake anɔ eme be enya nusita wòle fua kpem ɖo.

Ke hã ame bubu geɖewo kpea fu vevie ɖe kuxi si menye woawo ŋutɔ ƒe vodada o ta. Dɔmavɔleameŋu le ame aɖewo ŋu. Ame bubuwo hã ʋlina le nɔnɔme madeamedziwo me be woakpɔ teƒe aɖe anɔ ahakpɔ nuɖuɖu si asu na woƒe ƒomea. Nuvlowɔwɔ, aʋawɔwɔ, ŋutasesẽ le amesiame dzro ko ŋu, dzɔdzɔmefɔkuwo, alo dumegãwo ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe ame ŋu he fukpekpe va ame miliɔn geɖe dzi.

Eme kɔ ƒã be ame geɖe biana be: ‘Nukatae nɔnɔme siawo bɔ alea gbegbe? Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe siawo katã ŋu?’

Nukatae medzɔ? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?

Amesiwo ƒe gbesiagbedɔwɔnawo mete ŋu he dzidzeme vavã vɛ na wo o la biaa nya siawo le dziɖeleameƒo ta—eye aleae wòle le ame geɖe gome. Ame miliɔn bubuwo xɔe se be Mawu ɖo alesi tututu amesiame ƒe agbe ava nɔe ɖi le mɔ aɖe nu. Nenemae wòlea? Ne tameɖoɖo tɔxɛ aɖe le Mawu si na wò vavã la, ke àdi be yeanya nusi wònye godoo.

Le agbalẽ siwo katã le xexeame dome la, ɖeka aɖe li si gblɔe eme kɔ ƒã be Mawu gbɔe wòtso. Abe alesi nàkpɔ mɔe le gbedasi si tso Mawu gbɔ tututu na ameƒomea katã gome ene la, woŋlɔ agbalẽ sia ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖe me wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe si woŋlɔ kpɔ. Agbalẽ mae nye Biblia Kɔkɔe la. Mawu ŋutɔ, dziƒo kple anyigba Wɔla la, ɖe amesi wònye kple eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ fia le eme. Ènya eŋkɔa? Ðe nènya Amesi ƒomevi Biblia gblɔ be Mawu nyea? Ðe nènya nya si wògblɔ ku ɖe nusi Mawu di tso asiwò ŋua?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

To: Chad Ehlers/Index Stock Photography