Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam

Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam

Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam

“Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye . . . ne mafa akɔ na konyifalawo katã.”—YESAYA 61:1, 2.

1, 2. Amekawoe wòle be míafa akɔ na, eye nukatae?

YEHOWA, Mawu si gbɔ akɔfafa vavãwo katã tsona, fiana mí be míatsɔ ɖe le eme na amewo ne wole xaxawo me tom. Efiana mí be ‘míafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ kple amesiwo katã le nu xam. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ne ehiã la, míenaa kpekpeɖeŋu siawo mía hati tadeagulawo. Míegaɖea lɔlɔ̃ fiaa amesiwo mele hamea me o kple amesiwo ɖewohĩ mewɔ naneke tsɔ fia be yewolɔ̃ mí le ɣeyiɣi siwo va yi me o la kura gɔ̃ hã.—Mateo 5:43-48; Galatiatɔwo 6:10.

2 Yesu Kristo xlẽ dɔdasi sia si wogblɔ ɖi eye wòɖee fia be eku ɖe ye ŋu, be: “Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wote ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, . . . ne mafa akɔ na konyifalawo katã.” (Yesaya 61:1, 2; Luka 4:16-19) Kristotɔ amesiamina siwo li egbea kpɔe dze sii ɣeyiɣi didi aɖee nye sia be dɔdasi sia ku ɖe yewo hã ŋu, eye ‘alẽ bubuawo’ hã le kpekpem ɖe wo ŋu dzidzɔtɔe le dɔ sia wɔwɔ me.—Yohanes 10:16.

3. Ne amewo bia be, “Nukata Mawu ɖea mɔ ɖe afɔkuwo ŋu?” la, aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

3 Ne afɔku aɖe dzɔ eye amewo ƒe dzi gbã la, wobiana zi geɖe be, “Nukatae Mawu ɖea mɔ ɖe afɔkuwo ŋu?” Biblia ɖo biabia ma ŋu eme kɔ ƒã. Gake ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi amesi menye Biblia-srɔ̃la o nava se ŋuɖoɖoa gɔme bliboe. Woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me. * Gake hafi woadze wo sɔsrɔ̃ gɔme la, nusi fa akɔ na ame aɖewo do ŋgɔe nye be woaxlẽ mawunyakpukpuiwo abe esi le Yesaya 61:1, 2 ene le Biblia me, si ɖee fia be enye Mawu ƒe didi be amegbetɔwo nakpɔ akɔfafa.

4. Aleke Ðasefo aɖe si le Poland te ŋu kpe ɖe sukuvi aɖe si le nu xam ŋui, eye aleke nuteƒekpɔkpɔ ma ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋui?

4 Ðeviwo kple tsitsiawo siaa hiã akɔfafa. Ƒewuivi blanuiléla aɖe si le Poland bia exɔlɔ̃ aɖe be wòaɖo aɖaŋu na ye. Esi exɔlɔ̃a si nye Yehowa Ðasefo tsɔ tufafa bia nya vovovowoe megbe la, ekpɔe be biabia geɖe siwo nyɔnuvia mekpɔ ŋuɖoɖo na o la na wòtɔtɔ vevie: “Nukatae nuvlowɔwɔ bɔ alea gbegbe ɖo? Nukatae amewo le fu kpem alea gbegbe? Nukatae nɔvinye nyɔnuvi sue nye atatututɔ eye wòle fu kpem alea? Nukatae nye dzi mele dɔ wɔm nyuie o? Sɔlemeha la gblɔ nam be alea Mawu ɖoe be wòanɔ. Gake ne aleae nyaa le la, ke nyemagaxɔ Mawu dzi ase o!” Ðasefoa do gbe ɖa na Yehowa le tame, eye wògblɔ nɛ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nèbia nya siawom. Madze agbagba akpe ɖe ŋuwò.” Egblɔ nɛ be ye hã yemese nanewo gɔme le yeƒe ɖevime o eye Yehowa Ðasefowoe kpe ɖe ye ŋu. Eɖe eme nɛ be: “Mesrɔ̃e be Mawu menaa amewo kpea fu o. Elɔ̃ amewo, edia nu nyuitɔ kekeake na wo, eye eteƒe madidi o ahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba dzi. Aɖe dɔléle, amegãkuku me kuxiwo, kple ku ɖa, eye toɖolawo anɔ agbe tegbee—le anyigba sia tututu dzi.” Ena woxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4; Hiob 33:25; Yesaya 35:5-7 kple 65:21-25. Le dzeɖoɖo ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, nyɔnuvia, amesi edze ƒã be eƒe dzi dze eme azɔ la, gblɔ be: “Fifia menya nusita mele agbe ɖo. Mate ŋu agava gbɔwò míayi edzia?” Wosrɔ̃ Biblia kplii zi eve kwasiɖa ɖesiaɖe.

Le Akɔfafa si Mawu Nana Me

5. Ne míese veve ɖe amewo nu la, nukae afa akɔ na wo ŋutɔŋutɔ?

5 Ne míedi be míafa akɔ na amewo la, veveseɖeamenunyawo gbɔgblɔ le vevie ŋutɔ. Míedzea agbagba be míato míaƒe nya kple gbe ƒe nɔnɔme dzi ana amesi le nua xam nanya be míetsɔ ɖe le eƒe nɔnɔmea me vevie. Míate ŋu awɔ esia ne míekpɔ nyuie be nyawo mado le mía nu bababa o. Biblia gblɔ na mí be ‘míaƒe dzidodo kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akɔfafa dzie míato mɔkpɔkpɔ nasu mía si.’ (Romatɔwo 15:4) Le esia ta, míate ŋu aɖe nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye me le ɣeyiɣi si sɔ me, eye míate ŋu anɔ te ɖe Biblia dzi aɖe alesi wòava kpɔ kuxi siwo li egbea gbɔe afia. Eyome míate ŋu adzro nusita esia nye mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la me. To mɔ sia dzi la, míafa akɔ na amewo.

6. Nukawo gɔmee wòle be míana amewo nase bene woate ŋu akpɔ viɖe blibo tso akɔfafa si Ŋɔŋlɔawo nana me?

6 Be míaƒe akɔfaname naɖe vi na amewo bliboe la, ehiã be woava dze si Mawu vavã la, anya Amesi ƒomevi wònye, kple kakaɖedzi si le eƒe ŋugbedodowo ŋu. Ne míedi be míakpe ɖe amesi menye Yehowa subɔla haɖe o ŋu la, anyo be míaɖe nya vevi siawo me. (1) Yehowa, Mawu vavã la, gbɔe akɔfafa si le Biblia me la tso. (2) Yehowae nye Ŋusẽkatãtɔ, dziƒo kple anyigba Wɔla. Lɔlɔ̃ ƒe Mawue wònye eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ. (3) Míate ŋu akpɔ ŋusẽdoame si ana míanɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu ne míete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli to eƒe Nya la ƒe sidzedze vavãtɔ si asu mía si dzi. (4) Mawunyakpukpuiwo le Biblia me siwo ku ɖe kuxi siwo tututu me tom ame vovovowo le la ŋu.

7. (a) Viɖe kae ado tso eme ne míete gbe ɖe edzi be akɔfafa si Mawu nana la ‘sɔa gbɔ to Kristo dzi’? (b) Aleke nàte ŋu afa akɔ na amesi kpɔe dze sii be agbe si yenɔ va yi la menyo o?

7 Ame aɖewo na amesiwo nya Biblia me nyateƒea xoxo siwo le nu xam la kpɔ gbɔgbɔ me akɔfafa to Korintotɔwo II, 1:3-7 xexlẽ me. Le esia wɔwɔ me la, wotea gbe ɖe nya siwo nye ‘míekpɔa akɔfafa hã sɔ gbɔ ŋutɔ to Kristo dzi’ la dzi. Mawunyakpukpui sia ate ŋu akpe ɖe amea ŋu wòakpɔe be Biblia nye akɔfafatsoƒe si ŋu wòle be yeatrɔ ɖo geɖe wu. Ate ŋu anye nusi dzi woanɔ te ɖo adzro nu me ayi ŋgɔe, ɖewohĩ ɣebubuɣi. Ne amea se le eɖokui me be nu gbegblẽ siwo yewɔ va yi gbɔe yeƒe kuxiawo tso la, mele be míagblɔ nya si awɔ abe ɖe míele ʋɔnu drɔ̃mee ene o, ke boŋ míana wòanya be nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes I, 2:1, 2 kple Psalmo 103:11-14 ate ŋu afa akɔ nɛ. Ne míewɔe alea la, míatsɔ akɔfafa si Mawu nana la afa akɔ na amewoe nyateƒe.

Ne Nuvlowɔwɔ alo Ganyawo ƒe Sesẽ Gblẽ Nu le Amewo Ŋu

8, 9. Aleke woate ŋu afa akɔ na amesiwo ŋu wosẽ ŋuta le wòasɔe?

8 Nuvlowɔwɔ—eɖanye ŋutasẽnu si wowɔna le nutoa me loo alo le aʋawɔwɔ me o—gblẽ nu le ame miliɔn geɖe ƒe agbe ŋu. Aleke míate ŋu afa akɔ na woe?

9 Kristotɔ vavãwo kpɔna nyuie be yewomade akpa aɖeke dzi le xexeame ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔwo me le nuƒoƒo me loo alo le nuwɔna me o. (Yohanes 17:16) Gake wozãa Biblia wòsɔna tsɔ ɖenɛ fiana be nɔnɔme sesẽ siwo li egbea mayi edzi alea tegbee o. Woate ŋu axlẽ Psalmo 11:5 atsɔ aɖe alesi Yehowa sena le eɖokui me le amesiwo lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu fia, alo Psalmo 37:1-4 atsɔ afia alesi Mawu de dzi ƒo na mí be míagatsɔe aɖo mía ɖokui dzi be míawɔ wɔɖenui o ke boŋ be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Nya siwo le Psalmo 72:12-14 fia alesi Salomo Gãtɔ, Yesu Kristo, si nye Fia si le dzi ɖum fifia le dziƒo, sena le eɖokui me le ame maɖifɔ siwo le nuvlowɔwɔ ƒe fu kpem la ŋu.

10. Ne èkpɔ aʋawɔwɔwo teƒe ƒe geɖe le wò agbe me la, aleke mawunyakpukpui siwo woyɔ ate ŋu afa akɔ na wòe?

10 Ame aɖewo nɔ agbe to ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒomevi vovovowo me esi aglãdzehawo le aʋa wɔm kple wo nɔewo be yewoaxɔ ŋusẽ. Wova tsɔnɛ be aʋawɔwɔ kple fukpekpe siwo wòhena vɛ la nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Mɔkpɔkpɔ si susɔna na wo koe nye be ne yewote ŋu si yi dukɔ bubu me la, nuwo ava ka ɖe eme na yewo. Gake wo dometɔ akpa gãtɔ mekpɔa dzidzedze le ema wɔwɔ me o, eye wo dometɔ aɖewo siwo tee kpɔ la bu woƒe agbe gɔ̃ hã. Amesiwo te ŋu ɖo dukɔ bubu me dedie la va kpɔnɛ zi geɖe be ɖeko yewo si le kuxi aɖe nu yi ɖadze bubu me. Míate ŋu azã Psalmo 146:3-6 atsɔ akpe ɖe amesiawo ŋu be woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo nane si ŋu kakaɖedzi le dzi wu be woaʋu ayi teƒe bubu ko. Nyagblɔɖi si le Mateo 24:3, 7, 14 alo Timoteo II, 3:1-5 ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woase nɔnɔme bliboa gɔme eye nusi ƒe fu kpem wole ƒe gɔmesese nasu wo si, si nye be nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuɣie miele. Mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 46:2-4, 9, 10 kple Yesaya 2:2-4 ene ate ŋu ana woakpɔe be mɔkpɔkpɔ vavã li ŋutɔŋutɔ be ŋutifafa axɔ aƒe le etsɔ si gbɔna me.

11. Mawunyakpukpui kawoe fa akɔ na nyɔnu aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika, eye nukatae?

11 Esi aʋawɔwɔ nɔ edzi yim le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ aɖe me la, nyɔnu aɖe dzo le eƒe aƒeme hesi to teƒe si wonɔ tuwo dam le vevie. Eƒe agbenɔnɔ va yɔ fũ kple vɔvɔ̃, blanuiléle, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame, si na be eƒe dzi gbã. Emegbe esi ƒomea va nɔ dukɔ bubu me la, srɔ̃aŋutsu tso nya me be yeatɔ dzo woƒe srɔ̃ɖeɖaseɖigbalẽ, anya nyɔnua si fɔ fu ɣemaɣi kple viaŋutsu si xɔ ƒe ewo woadzo, ale be yeava zu nunɔla. Esi woxlẽ Filipitɔwo 4:6, 7 kple Psalmo 55:23, kpakple Ŋɔŋlɔawo me nyati aɖewo tso Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me na nyɔnua la, eva kpɔ akɔfafa mlɔeba eye taɖodzinu aɖe su esi le agbe me.

12. (a) Gbɔdzɔe kae Ŋɔŋlɔawo naa amesiwo ganyawo le sesẽm na vevie? (b) Aleke Ðasefo aɖe si le Asia te ŋu kpe ɖe eƒe asisi aɖe ŋui?

12 Ganyawo ƒe sesẽ gblẽ nu le ame miliɔn geɖe ŋu le agbe me. Zi geɖe aʋawɔwɔ kple emetsonuwo gbɔe ganyawo ƒe sesẽ hã tsona. Ɣebubuɣiwo la, dziɖuɖuwo ƒe ɖoɖo nyui mawɔmawɔ kple ŋukeklẽ kpakple tatɔwo ƒe anukwaremaɖimaɖi siaa wɔe be woɖu amewo ƒe ga siwo wodzra ɖo eye wòzi amewo dzi be woadzra woƒe nunɔamesiwo. Le ame bubu aɖewo hã gome la, xexeame ƒe nuhiahiã veviwo mesu wo si kura o. Amesiawo katã ate ŋu akpɔ akɔfafa ne wova kpɔe be Mawu do gbɔdzɔe aɖe ƒe ŋugbe na amesiwo ka ɖe eyama dzi, eye wòna kakaɖedzi mí be yeahe xexeme dzɔdzɔe si me amewo akpɔ dzidzɔ le woƒe asinudɔwo me la vɛ. (Psalmo 146:6, 7; Yesaya 65:17, 21-23; Petro II, 3:13) Esi Ðasefo aɖe si le Asia se eƒe asisi aɖe nɔ konyi fam ɖe alesi ganyawo nɔ sesẽm le afima ŋui la, eɖe eme nɛ be nusi le dzɔdzɔm le yewo gbɔ la nye nusiwo adzɔ akplɔ wo nɔewo ɖo le xexeame godoo la ƒe akpa aɖe. Mateo 24:3-14 kple Psalmo 37:9-11 me dzodzro kplii va ʋu mɔ ɖi na Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi.

13. (a) Ne alakpa ŋugbedodo siwo ŋu amewo nɔ ŋu ɖom ɖo meva eme na wo o la, aleke míate ŋu atsɔ Biblia akpe ɖe wo ŋui? (b) Ne amewo bu be nɔnɔme sesẽ siwo me tom yewole ɖo kpe edzi be Mawu aɖeke meli o la, aleke nàwɔ adzro nu me kpli woe?

13 Ne amewo to fukpekpe me ƒe geɖe alo ne ŋugbedodo dzodzro aɖe si ŋu wonɔ ŋu ɖom ɖo do kpo emevava na wo la, ate ŋu adzɔ be woava nɔ abe Israel-vi siwo nɔ Egipte ene, amesiwo meɖo to o le esi “womegale dzi ɖom ɖe ame aɖeke ŋu o” ta. (Mose II, 6:9) Le nɔnɔme siawo me la, anyo ne míete gbe ɖe mɔ siwo nu Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe kuxi siwo me tom wole fifia nu dzidzedzetɔe la dzi eye be woaƒo asa na nuwɔna masɔmasɔ siwo gblẽa agbe dome na ame geɖe madzemadzee. (Timoteo I, 4:8b) Ame aɖewo abu nɔnɔme wɔnublanui si me wole la be enye kpeɖodzi be Mawu aɖeke meli o alo be metsɔ ɖeke le eme na yewo o. Àte ŋu anɔ te ɖe mawunyakpukpui siwo sɔ dzi adzro nu me kpli wo woava kpɔe adze sii be Mawu na kpekpeɖeŋu mí gake esi ame geɖe gbe exɔxɔ tae woge ɖe nɔnɔme mawo me ɖo.—Yesaya 48:17, 18.

Ne Ahomya Kple Anyigbaʋuʋu Gblẽ Nu le Amewo Ŋu

14, 15. Esi afɔku aɖe na vɔvɔ̃ ɖo amewo eye wotɔtɔ la, aleke Yehowa Ðasefowo ɖe woƒe ɖetsɔleme fiae?

14 Ahomya, anyigbaʋuʋu, dzobibi, alo nane ƒe wówo ate ŋu ahe afɔku vɛ. Nusiawo ate ŋu ahe nuxaxa vɛ na ame gbogbo aɖewo. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na agbetsilawoe?

15 Ehiã be amewo nanya be ame aɖe li si tsɔa ɖe le eme na wo. Esi ŋɔdzinuwɔlawo dze dukɔ aɖe dzi megbe la, vɔvɔ̃ ɖo ame geɖe eye wotɔtɔ ale gbegbe. Wo dometɔ aɖewo bu woƒe ƒometɔwo, ƒomea dzi kpɔlawo, kple xɔlɔ̃wo, eye ɖewo ƒe dɔwɔɖui kple dedienɔnɔ si wobu be ele yewo si la bu ɖe wo. Yehowa Ðasefowo tso faa yi woƒe nutoa me tɔwo gbɔ va gblɔ akɔfanamenyawo na wo tso Biblia me le vevesese si me tom wole ta. Ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe ɖetsɔleme sia si woɖe fia wo la ŋu ŋutɔ.

16. Esi afɔku dzɔ le El Salvador ƒe nuto aɖe me la, nukatae nu nyui geɖe do tso gbeadzisubɔsubɔdɔ si me Ðasefoawo ƒo wo ɖokui ɖo me?

16 Anyigbaʋuʋu dziŋɔ aɖe si dzɔ le El Salvador le ƒe 2001 me kple ba si nɔ sisim ƒe afɔku si hã dzɔ kplɔe ɖo la siaa wu ame geɖe. Ðasefo aɖe viŋutsu si xɔ ƒe 25 kple viaŋutsua ƒe ŋugbetɔ ƒe nɔvinyɔnu eve ku le afɔkua me. Ðekakpuia dada kple eƒe ŋugbetɔ siwo wògblẽ ɖi la ƒo wo ɖokui ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa me vevie le afɔkua megbe kpuie. Ame geɖe siwo wodo goe la gblɔ na wo be Mawue kplɔ amesiwo ku le afɔkua me la dzoe alo be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye. Ðasefoawo xlẽ Lododowo 10:22 (NW) tsɔ fia wo be menye Mawu ƒe didie wònye be míanɔ veve sem o. Woxlẽ Romatɔwo 5:12 tsɔ fia wo be nuvɔ̃ si ame gbãtɔwo wɔ gbɔe wòtso be míekuna, ke menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye o. Wogafia akɔfanamenya siwo le Psalmo 34:19, Psalmo 37:29, Yesaya 25:8, kple Nyaɖeɖefia 21:3, 4 hã wo. Amewo ɖo to nyuie, vevietɔ esi wònye be nyɔnu eve siawo ŋutɔ hã ƒe ƒometɔwo ku le afɔkua me ta, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme.

17. Kpekpeɖeŋu kawoe míate ŋu ana amewo ne afɔkuwo dzɔ?

17 Ne afɔku dzɔ la, ate ŋu anɔ eme be àdo go ame aɖe si hiã kpekpeɖeŋu aɖe kpata. Esia ate ŋu abia be woayɔ ɖɔkta, woakɔ amea ayi kɔdzi, alo awɔ nusianu si hiã be amea nakpɔ nuɖuɖu alo mlɔƒe. Le ƒe 1998 me esime afɔku aɖe dzɔ le Italy la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe kpɔe dze sii be Yehowa Ðasefowo “wɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu, wokpena ɖe amesiwo le fu kpem ŋu, metsɔ le eme subɔsubɔha si me amea le me o.” Le teƒe aɖewo la, ŋkeke mamlɛawo ŋuti nudzɔdzɔ siwo wogblɔ ɖi la me vava he fukpekpe manyagblɔwo vɛ. Le teƒe mawo la, Yehowa Ðasefowo fiaa asi Biblia me nyagblɔɖiwo eye wotsɔa Biblia ƒe kakaɖedzinya siwo fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe dedienɔnɔ vɛ na ameƒomea la faa akɔ na amewo.—Lododowo 1:33; Mixa 4:4.

Ne Ƒomea me Tɔ aɖe Ku

18-20. Ne ame aɖe ku na amewo le ƒome aɖe me la, nya kawoe nàte ŋu agblɔ alo nukae nàte ŋu awɔ si afa akɔ na wo?

18 Gbesiagbe ame miliɔn geɖe xaa nu le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta. Anɔ eme be àdo go amesiwo le konyi fam ne èle gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me alo le wò gbesiagbedɔwɔnawo me. Nukae nàte ŋu awɔ alo agblɔ atsɔ afa akɔ na woe?

19 Ðe wòdze ƒã be nu te ɖe amea dzi wòle nu xama? Ðe ƒometɔ siwo le nu xam yɔ aƒea mea? Nya geɖe ava susu me na wò nàdi be yeagblɔ, gake ŋuɖɔɖɔɖo hiã vevie. (Nyagblɔla 3:1, 7) Ðewohĩ nu nyuitɔ si nàwɔ enye be nàgblɔ babadonamenyawo, agblẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ (agbalẽ gbadza, magazine, alo trakt) aɖe si sɔ ɖi, eye nàgatrɔ ayi le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe akpɔe ɖa be kpekpeɖeŋu bubu kae nàgate ŋu ana hã. Le ɣeyiɣi si sɔ me la, gblɔ na wo be yedi be yeagblɔ Biblia me nya dedziƒoname aɖewo na wo. Esia ate ŋu ana woƒe dzi nadze eme wòado ŋusẽ wo. (Lododowo 16:24; 25:11) Màte ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre abe alesi Yesu wɔe ene o. Gake àte ŋu agblɔ Biblia me nya siwo ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu na wo, togbɔ be manye ɣemaɣie nàdze agbagba be yeaɖɔ woƒe nukpɔsusu masɔmasɔwo ɖo godoo o hã. (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4) Àte ŋu ana woaxlẽ Biblia ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe tsitretsitsia ŋu. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Àte ŋu adzro nusi nya mawo fia me, ɖewohĩ àƒo nu atso Biblia me nyatakaka aɖe si ku ɖe ame aɖe si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ŋu. (Luka 8:49-56; Yohanes 11:39-44) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, he susu yi Mawu lɔ̃ame si na ŋugbedodo ma mí la ƒe nɔnɔmewo dzi. (Hiob 14:14, 15; Yohanes 3:16) Ðe alesi nufiame siawo ɖe vi na wò ŋutɔe me na wo eye nàgblɔ nusita nèka ɖe nya mawo dzi la na wo.

20 Amesi le nu xam kpekpe be wòava Fiaɖuƒe Akpata me ate ŋu akpe ɖe eŋu wòava dze si amesiwo lɔ̃a wo haviwo ŋutɔŋutɔ henya alesi woatu wo nɔewo ɖoe. Nyɔnu aɖe si le Sweden va kpɔe be amesiawo tututu dim yenɔ le yeƒe agbe me katã.—Yohanes 13:35; Tesalonikatɔwo I, 5:11.

21, 22. (a) Be míanye akɔfalawo la, nukae wòbia tso mía si? (b) Aleke nàwɔ afa akɔ na amesi nya Ŋɔŋlɔawo nyuie xoxo?

21 Ne ènya be ame aɖe le nu xam, eɖanye le Kristo-hamea me alo le egodo o, ɖe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be mènya nya si tututu nàgblɔ alo nusi tututu nàwɔ oa? Nusi Helagbe me nya si gɔme woɖe be “akɔfafa” le Biblia me fia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu enye “ameyɔyɔ ne wòava nɔ ame xa.” Be woanye akɔfala ŋutɔŋutɔ bia be nàtsɔ ɖokuiwò ana faa ate ɖe amesiwo le nu xam ŋu.—Lododowo 17:17.

22 Ke ne amesi nèdi be yeafa akɔ na nya Biblia ƒe nufiafia si ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le, tafea, kple tsitretsitsia ŋu xoxo ya ɖe? Xɔlɔ̃ aɖe si hã si dzixɔse siawo le la ƒe ame gbɔ nɔnɔ ɖeɖe kura ate ŋu afa akɔ nɛ. Ne edi be yeaƒo nu kpli wò la, ele be nànye toɖola nyui. Mègatsɔe be ele be wò hã nàƒo nu nɛ legbee o. Ne miexlẽ mawunyakpukpui aɖewo la, tsɔe be enye Mawu ŋutɔ ƒe nya si ade dzi ƒo na mi ame evea siaa. Ðe kakaɖedzi sẽŋu si le mi ame evea siaa si be miexɔe se be ŋugbedodo mawo ava eme godoo la gblɔ. To Mawu ƒe veveseseɖeamenu ɖeɖe fia kple Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒenya xɔasiwo gbɔgblɔ me la, àte ŋu akpe ɖe amesiwo le nu xam ŋu be woakpɔ akɔfafa kple ŋusẽdoame atso “akɔfafawo katã ƒe Mawu,” Yehowa, gbɔ.—Korintotɔwo II, 1:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ agbalẽ siwo nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, ta 8; Reasoning From the Scriptures, axa 393-400, 427-31; Is There a Creator Who Cares About You?, ta 10; kple agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ameka dzie amewo daa fɔbubu ɖo ne afɔkuwo dzɔ, eye aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

• Nukawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be akɔfafa si Biblia nana naɖe vi na wo bliboe?

• Nudzɔdzɔ kawoe hea nuxaxa vɛ na amewo le miaƒe nutoa me, eye nukae nàte ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na woe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Gbedasi si faa akɔ na ame ŋutɔŋutɔ gbɔgblɔ le xaxaɣiwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Sitsoƒedilawo ƒe asaɖa: UN PHOTO 186811/J. Isaac

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Xɔlɔ̃ aɖe si anɔ ame gbɔ ɖeɖe kura ate ŋu afa akɔ na ame