Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme Na Ame Tsɛwo

Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme Na Ame Tsɛwo

Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme Na Ame Tsɛwo

ÐE WÒLE be míanye ame tɔxɛwo alo ame ŋkutawo le mɔ aɖe nu hafi Mawu natsɔ ɖe le eme na mía? Wogblɔ tso Abraham Lincoln, si nye United States dukplɔla 16 lia ŋu be egblɔ be: “Ame tsɛwo ƒe nue nyoa Aƒetɔ la ŋu. Eyatae wòwɔ wo wosɔ gbɔ ɖo.” Ame geɖe sena le wo ɖokui me be yewonye ame tsɛ siwo mate ŋu awɔ nu tɔxɛ aɖeke o. Woase ame tsɛ nyenye gɔme be enye “hiãtɔ, amesi bɔbɔ ɖe anyi wu.” Nenema ke “ame dahe” ate ŋu afia “mɔnukpɔkpɔ alo ɖoƒe tɔxɛ aɖe ƒe amesimanɔmanɔ,” “be woaɖiɖi ɖe anyi wu alesi dze,” alo “be woanɔ nɔƒe evelia” gɔ̃ hã. Ameka ƒomeviwo domee nàdi be yeanɔ? Ðokuidoɖedzilawo, tɔteɖenudzilawo, alo dadalawoa? Ðe màdi be yeanɔ xɔlɔ̃wɔlawo, ɖokuibɔbɔlawo, kple amesiwo léa wo ɖokui kpoo eye wotsɔa ɖe le ame bubuwo me vevie boŋ dome oa?

Esi dzivedoname kple fewuɖuɖu bɔ ɖe xexeame egbea ta la, esesẽna na ame aɖewo be woaxɔe ase be Mawu tsɔ ɖe le eme na yewo vevie. Magazine sia xlẽla aɖe ŋlɔ bena: “Ƒome si me womeɖea lɔlɔ̃ fiana le o mee mele. Wodaam ɖe anyi, ɖea alɔme le ŋunye, hekoam. Eyata tso nye ɖevime ke la, mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Seselelãme siwo ƒo ke ɖe menye tso nye ɖevime la ɖea dzi le ƒonye ne nɔnɔme sesẽwo va dzinye.” Ke hã, susuwo li siwo ta míaxɔe ase be Mawu tsɔa ɖe le eme na ame tsɛwo vevie.

Alesi Mawu Tsɔa Ðe Le Ame Tsɛwo Me

Fia Dawid ŋlɔ bena: “Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.” (Psalmo 145:3) Gake esia mexe mɔ na Yehowa be wòatsɔ ɖe le eme na mí le lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ me o. (Petro I, 5:7) Le kpɔɖeŋu me, hakpala la gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.

Menye nusiwo hea amewo ƒe susu le xexeame, le kpɔɖeŋu me abe ame ƒe nyonyo, ŋkɔxɔxɔ, alo kesinɔtɔnyenye ene ye Mawu buna nu vevii o. Mawu ƒe Se si wòtsɔ na Israel ɖe alesi wòtsɔ ɖe le ame dahewo, tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple amedzrowo me fia. Mawu gblɔ na Israel-viwo, amesiwo ŋutɔ ŋu wosẽ ŋuta le kpɔ le Egipte, be: “Megate amedzro ɖe anyi o, eye megasẽ ŋuta le eŋu o; . . . Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o. Ne ète wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la.” (Mose II, 22:20-23) Gawu la, nyagblɔɖila Yesaya ɖe alesi wòka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na ame tsɛwoe fia be: “Mɔ̃ sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene.”—Yesaya 25:4.

Le Yesu Kristo, amesi nye Mawu ƒe “amenyenye ƒe nɔnɔme,” ƒe subɔsubɔdɔ bliboa katã me la, eɖo ɖetsɔleme vavã ɖeɖe fia ame tsɛwo ƒe kpɔɖeŋu ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo. (Hebritɔwo 1:3) Esi Yesu kpɔ ameha siwo ƒe ‘lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu.’—Mateo 9:36.

De dzesi amesiwo ƒomevi Yesu tia be woanye yeƒe apostolowo—wonye amesiwo woɖɔ be ‘ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.’ (Dɔwɔwɔwo 4:13) Le Yesu ƒe ku megbe la, eyomedzelawo te ame ƒomeviwo katã kpekpe be woase Mawu ƒe Nya la. Apostolo Paulo ŋlɔ bena ‘dzimaxɔsetɔ alo ame tsɛ ɖesiaɖe’ ate ŋu ava Kristo-hamea me ava zu xɔsetɔ. (Korintotɔwo I, 14:24, 25) Le esi Mawu natia amesiwo amewo kafuna le xexeame ƒe dzidzenuwo nu teƒe la, etia ame tsɛ geɖewo boŋ be woawɔ eƒe subɔsubɔdɔa. Apostolo Paulo gblɔ be: “Nɔviwo, mikpɔ mia yɔyɔ la ɖa bena, menye nunyala geɖewo le ŋutilã nu o, menye ŋusẽtɔ geɖewo o, menye bubume geɖewo o; hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòado ŋukpe nunyalawo, eye Mawu tia xexeame gbɔdzɔgbɔdzɔnuwo, bene wòado ŋukpe nu sesẽwo; eye xexe sia me nu maɖinuwo kple nusiwo wodoa vlo kpakple nusiwo menye naneke o lae, Mawu tia, bene wòaɖi gbɔ nusiwo nye nane la, bene ŋutilã aɖeke nagaƒo adegbe le Mawu ƒe ŋku me o.”—Korintotɔwo I, 1:26-29.

Egbea, Mawu tsɔ ɖe le míawo hã me nenema ke. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Ne Mawu lɔ̃ ameƒomea ale gbegbe be wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta la, susu aɖeke meli si ta míase le mía ɖokui me be womelɔ̃ mí o alo be asixɔxɔ mele mía ŋu o. (Yohanes 3:16) Yesu Kristo fia eyomedzelawo vevienyenye si le nuwɔwɔ ɖe eƒe gbɔgbɔmenɔvi suetɔ kekeake ŋu abe Yesu ŋutɔ ŋue wole ewɔm ɖo ene la ŋu. Egblɔ be: “Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.” (Mateo 25:40) Aleke ke xexeame bua mí o, ne míelɔ̃ nyateƒea la, míaxɔ asi le Mawu ŋkume.

Nenemae Francisco, * si nye Brazil-vi tsyɔ̃evi aɖe, se le eɖokui me esi wòtu ƒomedodo ɖo le woa kple Mawu dome. Eɖe nu me be: “Yehowa kple eƒe habɔbɔa nyanya kpe ɖe ŋunye meɖu dediemanɔmanɔ kple ŋukpe ƒe seselelãme siwo mesena la dzi. Mekpɔe dze sii be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖesiaɖe.” Yehowa va zu Fofo ŋutɔŋutɔ na Francisco.

Ðetsɔtsɔ Le Sɔhɛwo Me

Yehowa tsɔa ɖe le eme na sɔhɛwo vevie menye abe ƒuƒoƒo ko ene o, ke boŋ abe ame ɖekaɖekawo ene. Ele eme be abe sɔhɛwo alo ame tsitsiwo ene la, míadi be míabu mía ɖokui ŋu wu alesi dze gbeɖe o. Ke hã, dzɔdzɔmenunana kple nɔnɔme nyui siwo Mawu ate ŋu azã le etsɔme la anɔ mía si. Yehowa nya asitɔtrɔ kple hehe si míehiã be míawɔ míaƒe ŋutete bliboa ŋudɔ. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nuŋlɔɖi si le Samuel I, ta 16. Esi wòwɔ na nyagblɔɖila Samuel be ame bubu aɖewo dze nyuie wu siwo dome woate ŋu atia fia le na Israel la, Yehowa ɖe nusita Wòtia Dawid, Isai ƒe viŋutsu suetɔ, be wòava nye Israel-fia le etsɔme la me be: “Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee [Dawid foa]. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.”—Samuel I, 16:7, 8.

Ðe sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le yewo me vavã? Bu Ana, si nye Brazil-ɖetugbi aɖe ŋu kpɔ. Abe alesi wòle le sɔhɛ bubu geɖewo gome ene la, nufitifitiwɔwɔ kple madzɔmadzɔnyenye ɖea fu nɛ ŋutɔ. Emegbe fofoa te woa kple nɔvia nyɔnuwo kpɔkplɔ yi Kristotɔwo ƒe kpekpewoe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva te dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nusiwo srɔ̃m wònɔ tso Mawu ƒe Nya la me ŋu. Ana va te Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ eye wòdoa gbe ɖa na Yehowa Mawu. Ʋɛʋɛʋɛ la, etu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Mawu. Eɖe nu me be: “Gasɔdodo ayi ɖe togbɛ aɖe si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ dzi, afisi mate ŋu akpɔ ɣe ƒe amigogbagba dzeaniwo le, doa dzidzɔ nam. Medo gbe ɖa na Yehowa heda akpe nɛ ɖe eƒe dɔmekɔkɔ kple dɔmenyonyo ta eye medze agbagba be maɖe alesi gbegbe melɔ̃e la agblɔ nɛ. Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo nyanya na dziɖeɖi kple dzidzemem.” Ðe wò hã nèdia ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugble le Yehowa ƒe ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le la ŋua?

Nyateƒee, afisi míetsi le ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míase vivi le ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa me. Tsɔ Lidia abe kpɔɖeŋu ene. Esi wòkɔ dzime gblɔ nya aɖe si le fu ɖem nɛ vevie na fofoa la, ɖeko wòƒo nyaa ƒu gbe, gblɔ be: “Nya ma ya mehiã o.” Togbɔ be Lidia se egɔme be ye fofo di be wòaɖe asi le nyaa ŋu hã la, egblɔ be: “Biblia sɔsrɔ̃ na mekpɔ nusianu si hiãm tsɔ kpe ɖe nu bubu geɖe ŋu. Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo na wòzu xɔ̃nye vevitɔ. Fifia la, Fofo lɔ̃ame, senugɔmename si mate ŋu agblɔ nye seselelãmewo kple nye vɔvɔ̃ siwo dzi nyemete ŋu kɔa nu le kura o na la le asinye. Mate ŋu azã gaƒoƒo geɖe anɔ nu ƒom na Ame vevietɔ kekeake si le xexeame godoo la kple kakaɖedzi be aɖo tom.” Biblia kpukpuiwo abe Filipitɔwo 4:6, 7 ene kpe ɖe eŋu wòse le eɖokui me be Yehowa tsɔ ɖe le ye me lɔlɔ̃tɔe. Afima gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”

Nusiwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Wò Nuhiahiãwo Gbɔ

Yehowa tsɔa ɖe le esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe kple xexeame katã ƒe hamea siaa me. Míate ŋu aɖe míaƒe lɔlɔ̃ na mía Fofo si le dziƒo afia to ɣeyiɣi didi atsɔ aƒo nu nɛ me. Mele be míatsɔ mía kplii ƒe ƒomedodoa nu tsɛe o. Dawid ƒe susu nɔa eƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu ɣesiaɣi. Egblɔ be: “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewom! Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.”—Psalmo 25:4, 5.

Ðewohĩ ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu anye nu yeye na wò. Kuxi kawoe ɖale dziwò o, àte ŋu aka ɖe edzi ɣesiaɣi be Dziƒoʋĩtɔ la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò, le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nu. (Yohanes I, 5:14, 15) Le esia ta, na wò gbedodoɖawo nanɔ tẽ eye nàƒo nu tso nɔnɔme siwo me nèle kple wò hiahiãwo ŋu nɛ.

Vevienyenye si le dzesidede nusiwo míehiã ŋu dze le gbe si Fia Salomo do ɖa esime wokɔ gbedoxɔa ŋu me be: “Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, ne woƒe futɔ xaxa wo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, eɖanye fuɖename aɖe alo dɔléle aɖe o, eye ame aɖe alo Israel-dukɔ blibo la dze si eƒe fuɖename kple veve la, . . . ekema nasee . . . le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu.” (Kronika II, 6:28-30) Le nyateƒe me la, wò ŋutɔe ‘nya nusi le fu ɖem na wò kple veve si sem nèle.’ Ekema aleke wòle vevie enye si be nàɖe wò hiahiãwo kple didiwo ŋutɔŋutɔ agblɔ. Ne èwɔe alea la, “[Yehowa ana] nusi wò dzi di la wò.”—Psalmo 37:4.

Na Wò Ƒomedodo Kple Yehowa me Nasẽ

Edzɔa dzi na Yehowa be ame tsɛwo nado ƒome kpli ye kplikplikpli. Eƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be: “‘Manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo,’ Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.” (Korintotɔwo II, 6:18) Le nyateƒe me la, Yehowa kple Via di be míakpɔ dzidzedze ahakpɔ agbe mavɔ. Dzideƒonamenya kae nye si wònye be míanya be Yehowa akpe ɖe mía ŋu le míaƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me le ƒomea me, le dɔ me, kple le Kristo-hamea me!

Ke hã, mí katã míetoa ɣeyiɣi sesẽwo me. Lãmegbegblẽ, ƒomekuxiwo, gakuxiwo, alo nu bubu aɖe ate ŋu ana míase veve. Ðewohĩ míanya alesi míaɖu dodokpɔ alo tetekpɔ aɖe dzi o. Amenutsola vɔ̃ɖi, Satana Abosam, amesi le gbɔgbɔmeʋa wɔm kple Mawu ƒe amewo lae hea nuteɖeamedzi siawo vɛ tẽ alo wɔa wo ŋudɔ. Gake ame aɖe li si sea nu gɔme na mí hekpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa. Amesiae nye Yesu Kristo si wodo ɖe dzi le Dziƒo. Míexlẽ be: “Menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.”—Hebritɔwo 4:15, 16.

Dzideƒoname kae nye si wònye be míanya be mehiã be míanye ame xɔŋkɔwo alo kesinɔtɔwo hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o! Ne èɖo xaxa me gɔ̃ hã la, nɔ abe hakpala la ene, amesi do gbe ɖa be: “Ke nyea, nenye be hiã tum eye meɖo ko hã, Aƒetɔ la alé be nam. Nye kpeɖeŋutɔ kple xɔnametɔ nènye.” (Psalmo 31:10-15; 40:18) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa lɔ̃ ɖokuibɔbɔlawo, ame tsɛwo. Nyateƒee, ‘míate ŋu atsɔ míaƒe dzimaɖiwo katã ada ɖe eyama dzi elabena etsɔa ɖe le eme na mí.’—Petro I, 5:7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Yesu yomedzela geɖe nye agbalẽmanyalawo kple ame tsɛwo

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Kristotɔwo dzea agbagba be xɔse sẽŋu nanɔ yewo si

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mehiã be míanye ameŋkutawo hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o