Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔmegɔmeɖosewo—Afikae Wole Wo Dam Ðo?

Gbɔgbɔmegɔmeɖosewo—Afikae Wole Wo Dam Ðo?

Gbɔgbɔmegɔmeɖosewo—Afikae Wole Wo Dam Ðo?

“Atsu kple asi wuiatɔ̃ yi [Katolikotɔwo] ƒe fiẽ kpekpe aɖe be yewoava xɔ srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo hafi aɖe srɔ̃. Le ame 30-awo dome la, ame 3 pɛ koe gblɔ be xɔse le yewo si.”—La Croix, Franseawo ƒe Katoliko nyadzɔdzɔgbalẽ.

GBƆGBƆMEGƆMEÐOSEWO ɖo afɔku me. Newsweek si wotana na dukɔwo katã, ƒe July 12, 1999, ƒe tata bia nya aɖe le eƒe akpaa dzi be: “Ðe Mawu Kua?” Magazine la gblɔ be edze abe nenema tututue wòle le ɣetoɖoƒe Europatɔwo gome ene. Esime Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde nɔ nya ta kam le Katoliko-ha ƒe aɖaŋudeha ƒe takpekpe si wowɔ le Rome le ƒe ma ke ƒe October me ŋu la, egblɔ be: “Ele sesẽm na Sɔlemehaa ɖe edzi wu tsã be wòana eƒe gbedasia naɖo amesiwo ‘tsrii’ la gbɔ. . . . Le Italy la, womegalé nufiafia ɖeka me ɖe asi le Katolikotɔnyenye ta o. . . . Le Germany la, fuɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖoxɔƒewo ŋuti nyaʋiʋli na wole hehem ɖe megbe tso papa ƒe nukpɔsusua gbɔ hele tɔtrɔm ɖe tiatiawɔblɔɖe ŋu boŋ esi womedi be woagaɖo nu na yewo o ta. Nuteƒekpɔla aɖewo le gbɔgblɔm xoxo be [Netherlands] ƒe aglãdzedze kple ame ƒe agbe dzi tsotso ne atikewɔlawo kpɔe be wɔna megale eŋu o si le edzi yim la tso alesi wova ɖe asi le Kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖose ŋu kpata gbɔ.”

Alea tɔgbe tututue nɔnɔmea le le teƒe bubuwo hã. Le ƒe 1999 me la, Canterbury ƒe Bisiɔpgã, George Carey, xlɔ̃ nu be England Sɔlemeha la “nu ayi le dzidzime ɖeka me.” Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Figaro gblɔ le nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Kristotɔnyenye ƒe Nuwuwu le Europa” me be: “Woate ŋu akpɔ eƒe kpɔɖeŋu le afisiafi. . . . Amewo le ɖi kem gɔmeɖose siwo le agbenyuinɔnɔ kple subɔsubɔha ƒe nufiafiawo me geɖe wu.”

Gomekpɔkpɔ le Subɔsubɔwɔnawo me Dzi Ðe Kpɔtɔ

Le Europa la, sɔlemedede dzi le ɖeɖem kpɔtɔ kabakaba ŋutɔ. Katolikotɔ siwo le France siwo mede 10 le alafa me o ye dea Misa Kwasiɖagbe ɖesiaɖe, eye Katolikotɔ siwo le Paris 3 va ɖo 4 le alafa me koe dea sɔleme edziedzi. Wode dzesii be alea kee nye amesiwo dea sɔleme ƒe agbɔsɔsɔmea le United Kingdom, Germany, kple Scandinavia dukɔwo me alo woɖiɖi wu gɔ̃ hã.

Nusi ŋu subɔsubɔhawo ƒe amegãwo tsi dzi ɖo vevie enye alesi amewo megava le didim be yewoazu nunɔlawo o. Le ƒe si mede alafa ɖeka o me la, nunɔla siwo le France ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ, tso nunɔla 14 siwo nɔa dumevi 10,000 nu va zu esi mede 1 le dumevi 10,000 nu o. Le Europa katã la, nunɔlawo ƒe ƒexɔxɔ le mama dedie nu le dzi yim ɖe edzi, eye nunɔlawo ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le dukɔwo abe Ireland kple Belgium ene me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖevi siwo dea katekismo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, si na womegate ŋu le kakam ɖe Katoliko-haa dzi be ate ŋu aɖɔ ɖo o.

Edze abe amewo megaka ɖe subɔsubɔhawo dzi o ene. Fransetɔ 6 le alafa me koe xɔe se be “subɔsubɔha ɖeka pɛ ko mee woate ŋu ake ɖe nyateƒea ŋu le,” gake ame 15 le alafa mee xɔe se le ƒe 1981 me eye ame 50 le alafa mee xɔe se le ƒe 1952 me. Vivimadomado ɖe subɔsubɔ ŋu le ta kekem. Ame agbɔsɔsɔme si gblɔna be yewomele subɔsubɔha aɖeke me o la dzi ɖe edzi tso 26 le alafa me le ƒe 1980 me va ɖo 42 le alafa me le ƒe 2000 me.—Les valeurs des Français—Évolutions de 1980 à 2000 (Franseawo ƒe Gɔmeɖosewo—Eƒe Nɔnɔme Tso ƒe 1980 Va Ðo ƒe 2000).

Tɔtrɔ Gã Siwo Wowɔ le Gɔmeɖosewo Me

Alesi gbegbe gɔmeɖosewo yi toe la ɖe dzesi le agbenyuinɔnɔ ƒe nyawo hã me. Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, sɔlemedela geɖe gbe be yewomawɔ ɖe yewoƒe sɔlemehaa ƒe agbenyuinɔnɔ sewo dzi o. Womeda asi ɖe nukpɔsusu si nye be gome le subɔsubɔhakplɔlawo si be woaɖo agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo na yewo la dzi o. Amesiwo kpɔ dzidzɔ ɖe papa la ƒe asidada ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi la kee gbe be yewomadze eyome esime eƒe nyawo ku ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ geɖewo gbe eƒe nukpɔsusu si ku ɖe mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu tsitsri ŋu, Katolikotɔ srɔ̃tɔ geɖe gɔ̃ hã le eme.

Nɔnɔme sia kpɔa ŋusẽ ɖe sɔlemedelawo kple sɔlememadelawo siaa dzi, elɔ amesiwo le ɖoƒe vovovowo ɖe eme. Woɖea mɔ ɖe nuwɔna siwo ŋu woƒo nu tsi tre ɖo eme kɔ ƒã le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me ŋu. Ƒe 20 enye si va yi la, Fransetɔ 45 le alafa me nyɔa ŋu vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ. Egbea la, wo dometɔ 80 le alafa me bui be esɔ. Togbɔ be wo dometɔ akpa gãtɔe di be nuteƒewɔwɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me hã la, ame 36 le alafa me pɛ koe tsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ le srɔ̃ɖeɖe megbe ŋu be mesɔ gbeɖegbeɖe o.—Romatɔwo 1:26, 27; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Hebritɔwo 13:4.

Dzixɔsewo Tsakatsaka

Le Ɣetoɖoƒetɔwo dome la, nusi dze ame ŋutɔ ŋu ƒe subɔsubɔ aɖe le mo dom ɖa si me amesiame kpɔa mɔ tiaa nusiwo dzi wòdi be yeaxɔ ase. Wodaa asi ɖe xɔsemeʋuʋu aɖewo dzi heɖea asi le bubuwo ŋu. Ame aɖewo yɔa wo ɖokui be yewonye Kristotɔwo evɔ woxɔa gbugbɔgadzɔ dzi se, eye mesesẽna na ame bubuwo be woaxɔ subɔsubɔ ƒe dzixɔse vovovowo dzi ase le ɣeyiɣi ma ke me o. (Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4, 20; Mateo 7:21; Efesotɔwo 4:5, 6) Agbalẽ si nye Les valeurs des Français gblɔe tẽ be egbea xɔsetɔ geɖeawo ŋutɔ tia be yewoatra mɔ tso mɔ siwo sɔlemehaa ɖo ɖi la gbɔ.

Gake afɔku megbe ɖokuisimawusubɔsubɔ si le aƒe xɔm ɖi la me nɔnɔ o. Jean Delumeau, si nye subɔsubɔhawo ŋutinyanyala kple Institut de France la me tɔ, ka ɖe edzi vevie be manya wɔ be ame naɖo eya ŋutɔ ƒe mawusubɔsubɔ le esi matrɔ ɖe esi woɖo ɖi xoxo ŋu o. “Dzixɔse mate ŋu ali ke ne wometui ɖe dzixɔse aɖe si li xoxo dzi o.” Ele be gbɔgbɔmegɔmeɖose nyuiwo nanɔ te ɖe mawusubɔsubɔ me nuwɔnawo dzi. Afikae woate ŋu akpɔ kadodo sia le le ameƒomea si nyrɔ eɖokui ɖe nukpɔsusu tsakatsaka me la dome?

Biblia bliboa ɖo ŋku edzi na mí be Mawue ɖoa nuwɔna kple agbenɔnɔ ƒe mɔ siwo sɔ la ɖi, togbɔ be eɖe mɔ na amegbetɔwo be woatiae be yewoawɔ ɖe edzi loo alo yewomawɔ ɖe edzi o hã. Ame miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo de dzesii be gɔmeɖose nyuiwo le agbalẽ sia si ŋu wodea bubui tso gbaɖegbe ke la me eye be enye ‘akaɖi na woƒe afɔ kple kekeli na woƒe toƒe.’ (Psalmo 119:105) Aleke wowɔ ɖo nyataƒoƒo ma gbɔ? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.