Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi si Me Gbeƒãɖeɖe Vivina Ŋutɔ

Ɣeyiɣi si Me Gbeƒãɖeɖe Vivina Ŋutɔ

Ɣeyiɣi si Me Gbeƒãɖeɖe Vivina Ŋutɔ

“Ŋudɔ le ʋuʋum gbagbagbã. Ðeko wòwɔ abe míele toawo lialia nu wu ge o ene. Le kplamatsedonu gbogbo aɖewo dzi ɖuɖu megbe la, míeɖo afisi míeɖo tae la mlɔeba: si nye kɔƒe si gbɔ didi wu ɖesiaɖe. Esi míeƒo ʋɔ gbãtɔ eye woxɔ mí kple dzidzɔ la, ɖeɖiteameŋua trɔ zu dzidzɔ. Kaka ŋkekea nawu enu la, míena agbalẽ siwo katã míetsɔ ɖe asi hedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Ameawo di vevie be yewoasrɔ̃ nu. Game de azɔ be míatrɔ adzo, gake míedo ŋugbe be míagava.”

NUTEƑEKPƆKPƆ siawo tɔgbe bɔ ɖe subɔla mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me tɔ siwo le Mexico la dome. Amesiawo ɖoe kplikpaa be yewoatsɔ veviedodo akpɔ gome le dɔ si Yesu Kristo de eƒe nusrɔ̃lawo si be, “Mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” la wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Le Mexico la, wowɔa ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖidɔ tɔxɛwo—siwo woyɔna be mɔɖelawo ƒe nutowo—ŋu kple susu be woate ŋu aɖo nuto siwo womede asi na hame aɖeke o eye le ema ta, womele Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui ɖase ɖim le afima edziedzi o me. Zi geɖe la, esiawo nye saɖaga nutowo siwo me dede sesẽna. Wonaa kpekpeɖeŋu saɖaga hame siwo ƒe anyigbamama lolo ŋutɔ be wòakpe ɖo la hã.

Be woate ŋu anya anyigbamama siwo le dukɔa me woatsɔ na mɔɖelawo woawɔ dɔ le la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea léa ŋku ɖe nutoa ƒe nuhiahiãwo ŋu. * Ne wònya wɔ esia vɔ ko la, wodea dɔ asi na mɔɖela veviwo ƒe ƒuƒoƒowo be woaɖakpe nutoa ɖo. Wonaa ʋu siwo sɔ na mɔ glidzaglidzawo dzi zɔzɔ wo. Ʋuawo te ŋu ganyea agbalẽwo dzraɖoƒewo kple dɔƒewo ne ehiã.

Woxɔa Nya la Kple Dzidzɔ

Tso October 1996 me la, wokpe nyanyuigbeƒãɖela bubuwo be woava kpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me anɔ dɔ wɔm kple mɔɖela veviawo. Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo kpakple gbesiagbe mɔɖela siwo lɔ̃ faa be yewoasubɔ le afisi hiahiã le wu la ƒo wo ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔ sia me le ɣeyiɣi vovovowo me. Woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe hame siwo le mɔ siwo dzi wotona hafi ɖoa saɖaga nutoa me la me be woakpɔ anyigbamamaa ƒe hiahiãwo gbɔ ahatu amesiwo tsɔ ɖe le eme la ɖo. Gbeƒãɖela kple mɔɖela geɖe siwo nye sɔhɛwo wɔ ɖe amekpekpe siawo dzi eye nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname gbogbo aɖewo su wo si.

Le kpɔɖeŋu me, Abimael, si nye sɔhɛ Kristotɔ aɖe si xɔa fetu nyui le asitelefon dɔwɔƒe aɖe, tso nya me be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ le saɖaga nuto mawo me la me. Esi eƒe dɔtɔwo kpɔe be ele asi ɖe ge le dɔ ŋu la, wodi be yewoadoe ɖe ŋgɔ ahada ɖe eƒe fetu dzi. Dɔwɔhatiwo ƒo nya ɖe enu be enye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe eye be anye bometsinuwɔwɔ be wòagbe exɔxɔ. Ke hã, Abimael ɖoe kplikpaa be yeakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa ŋu hena ɣleti etɔ̃. Esi Abimael se vivi na subɔsubɔdɔ sia wɔwɔ megbe la, etso nya me be yeatsi saɖaga hame aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le vevie la me ɣeyiɣi didi aɖe. Dɔ tsɛ aɖee wòwɔna fifia eye wòsrɔ̃ alesi wòanɔ agbe si le bɔbɔe.

Le nudzɔdzɔ bubu me la, ehiã be Julissa naɖo bɔs gaƒoƒo 22 hafi aɖo eƒe anyigbamamaa me. Le eƒe mɔzɔzɔ susɔea me la, bɔs mamlɛa dzo le egbɔ gbemagbe. Gake agbatsɔʋu sue aɖe si tsɔa dɔwɔlawo la nɔ anyi. Julissa sẽ ŋkume hebia be woatsɔ ye. Eme kɔ ƒã be esi eya koe nye nyɔnu le ŋutsu geɖewo dome ta la, enɔ vɔvɔ̃m. Esi wòte gbeƒãɖeɖe na ɖekakpui aɖe la, ede dzesii be Yehowa Ðasefoe ɖekakpuia nye! Julissa gblɔ be: “Tsɔ kpe ɖe eŋu la, meva kpɔe dze sii be ʋua kula nye hamemegã le hame si me woɖom ɖo la me!”

Ame Tsitsiwo Kpɔ Gome le Eme

Gake menye sɔhɛwo ko ƒe dɔe dɔ sia nye o. Enye Adela, si nye nɔvinyɔnu tsitsi aɖe, ƒe didi vevie be yeazã ɣeyiɣi geɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Mɔnukpɔkpɔa ʋu nɛ esime wokpee be wòava kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia me. Egblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le nye dɔdasia me ale gbegbe be mebia hamemegã siwo le hamea me be woana matsi anyi. Mele dzidzɔ kpɔm elabena togbɔ be metsi hã la, megakpɔtɔ nye dɔwɔnu na Yehowa.”

Nenema kee ŋudzedzekpɔkpɔ si le Martha, si xɔ ƒe 60, si na Yehowa kple lɔlɔ̃ na ehaviwo ʋãe be wòatsɔ eɖokui ana ahakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esi wòkpɔe be mɔa ƒe didime kple alesi edzi mezrɔ o wɔe be eƒe ƒuƒoƒoa mete ŋu ɖoa amewo katã gbɔ o la, eƒle ʋu aɖe na mɔɖelaawo be woazã. Nɔvinyɔnu sia ƒe nunanaa wɔe be wote ŋu kpe anyigbamama geɖe wu ɖo hegblɔ Biblia me nyateƒea na ame geɖewo.

Emetsonu Dodzidzɔnamewo

Amesiwo kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ siawo me ƒe taɖodzinue nye be ‘yewoawɔ nusrɔ̃lawo.’ Le go sia me la, emetsonuawo nyo ŋutɔ. Amesiwo sa ɖe aga xɔ Biblia me nyateƒenya si naa agbe ame. (Mateo 28:19, 20) Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme. Gbeƒãɖela siwo le nutoa me alo nyanyuigblɔla siwo tsi anyigbamamaa me la wɔa nusɔsrɔ̃ siawo. Le teƒe aɖewo la, woɖo gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo, eye le bubuwo la, woɖo hame suewo.

Magdaleno kple eƒe zɔhɛwo ɖo haho ʋu yina ɖe saɖaga nyigba si wode wo si la me. Esi wole mɔa dzi yina la, wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ tsɔ ɖi ɖase na ʋua kula la. “Ŋutsua gblɔ na mí be Ðasefo aɖewo va yeƒe aƒeme kwasiɖa si do ŋgɔ esime yemenɔ anyi o. Esi yegbɔ la, ƒomea gblɔ nusi wose la na ye. Míegblɔ nɛ be menye nutoa mee míetso o ke boŋ du vovovowo mee míetso kple mía ŋutɔ ƒe ga be míava kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia ŋu. Esia wɔ dɔ ɖe ʋukulaa dzi ale gbegbe be wògblɔ be ye kpakple yeƒe ƒomea yewoadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le kwasiɖa ma ke me. Edo alɔ dɔa gɔ̃ hã be mexɔ ʋudzɔa le mía si o.”

Alesi Chiapas-towo dzi tɔwo xɔ nyae hã wɔ dɔ ɖe Magdaleno dzi ŋutɔ. “Mía kple srɔ̃nye míegblɔ Fiaɖuƒegbedasia na sɔhɛ 26 ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo nye Presbiteria-ha me tɔwo. Wo katã wolé to ɖe eŋu nyuie miniti 30 sɔŋ. Woɖe woƒe Bibliawo ɖe go, eye míete ŋu ɖi ɖase na wo nyuie ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu. Biblia le ame akpa gãtɔ si le Tzeltalgbe me.” Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme dzidzedzetɔe.

Tsitretsiɖeŋu Dzi Ðe Kpɔtɔ

Ƒe eve kple edzivɔwo enye ma si wometsɔ Biblia me gbedasia yi ɖe Chiapas ƒe nuto aɖe me o le ame aɖewo ƒe tsitretsiɖeŋu ta. Teresa, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, de dzesii be Ðasefo aɖewo nɔ vɔvɔ̃m na gbeƒãɖeɖe le kɔƒe ma me. “Ewɔ nuku na mí katã be ameawo lɔ̃ faa be yewoaɖo to. Esi míewu gbeƒãɖeɖea nu la, tsi va te dzadza vevie. Esi míenɔ afisi míabe ɖo be tsi nagaƒo mí o dim la, míeva do ɖe dɔmenyotɔ aɖe si ŋkɔe nye Sebastián ƒe aƒeme eye wòna bebeƒe mí be tsi nagaƒo mí o. Esi míele egbɔ la, mebiae be ɖe wova egbɔ xoxo hã. Esi wòɖo eŋu be ao la, mete ɖaseɖiɖi nɛ hedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me. * Esi míewu enu la, Sebastián tsɔ aɖatsi ɖe kuku na mí be míagatrɔ ava srɔ̃ nu kpli ye.”

Mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo bubu si de Chiapas ka nya ta be: “Yehowa kpe ɖe mía ŋu nu nyuiwo do tso eme. Le kwasiɖa gbãtɔ me la, míedze nusɔsrɔ̃ 27 gɔme; le kwasiɖa evelia me la, míekpe amewo be woava kpɔ míaƒe video si nye The Bible—Its Power in Your Life. Ame 60 ye va kpɔe. Edzɔ dzi na amesiame. Mlɔeba la, míedoe ɖa be míadze haho Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme. Dzidzɔtɔe la, míeɖo nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo eve le kɔƒe sia me.

“Esi míewu dɔwɔwɔ le anyigbamama siwo wode mía si me nu megbe la, míegatrɔ yi ɖe kɔƒea me be míaɖado ŋusẽ ɖetsɔlemetɔwo eye be míakpɔ alesi haho Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo siwo míeɖo la le edzi yimee. Míekpe wo be woava se dutoƒonuƒo ahakpɔ alesi míewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃e. Gake teƒe gã aɖeke menɔ anyi si míawɔ kpekpeawo le o. Amesi tsɔ eƒe aƒe na be woawɔ ƒuƒoƒo nusɔsrɔ̃a la fia asi eƒe xɔmegbe hegblɔ be: ‘Miate ŋu awɔ kpekpeawo le xɔa megbe.’”

Le kwasiɖa ma ƒe nuwuwu la, mɔɖela siwo va kple ɖetsɔlemetɔawo siaa tsɔ dzidzɔ do bibibi va kpe asi ɖe teƒea dzadzraɖo ŋu ale be woate ŋu azãe na kpekpeawo. Ame 103 ye va kpekpe gbãtɔa. Fifia wole Biblia-nusɔsrɔ̃ 40 wɔm le kɔƒe ma me.

“Nuteƒekpɔkpɔ Wɔnuku Aɖe”

Le nu nyui siwo do go tso gbeƒãɖeɖedɔa me na amesiwo kpɔ gome le nyanyuigbɔgblɔdɔa me megbe la, eɖe vi geɖe na woa ŋutɔwo hã. María, si nye sɔhɛ mɔɖela si kpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔ siawo dometɔ ɖeka me, ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ ale: “Enye nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku aɖe nam le susu eve ta. Dzidzɔ si mekpɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me la dzi ɖe edzi, eye mía kple Yehowa dome ƒomedodo va le kplikplikpli wu. Esi míenɔ to aɖe liam ɣeaɖeɣi la, míese le mía ɖokui me be nu ti kɔ na mí. Le kpekpeɖeŋu biabia Yehowa megbe la, nusi Yesaya 40:29-31 gblɔ la va eme na míawo hã be: ‘Ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ŋu.’ Eyata míeɖo afima hedo go amewo woxɔ mí nyuie eye míesrɔ̃ nu kple wo.”

Sɔhɛ mɔɖela bubu, si xɔ ƒe 17 si ŋkɔe nye Claudia, gblɔ na mí be: “Mekpɔ viɖe geɖe. Mesrɔ̃ alesi mabi ɖe edzi wu le subɔsubɔdɔa me, si do dzidzɔ geɖe nam, eye esia na meɖo gbɔgbɔ me taɖodzinuwo. Metsi le gbɔgbɔ me hã. Danyee wɔa nusianu nam le aƒeme. Fifia si nuteƒekpɔkpɔ su asinye wu la, mete ŋu wɔa nu geɖe le ɖokuinye si. Le kpɔɖeŋu me, tsã la, metiaa nuɖuɖu me ŋutɔ. Gake fifia si wòhiã be matrɔ ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu la, nyemegatoa nyatoƒoe le nuɖuɖu ŋu o. Subɔsubɔdɔ sia kpe ɖe ŋunye metu xɔlɔ̃ nyui nyenye ƒe nɔnɔme ɖo. Míema nusianu si nɔ mía si kple mía nɔewo eye míekpe ɖe mía nɔewo ŋu.”

Nuŋeɣi Dodzidzɔname

Nukae nye agbagbadzedze tɔxɛ siawo me tsonu? Kaka ƒe 2002 nadze egɔme la, mɔɖela siwo ade 28,300 kpɔ gome le mɔɖelawo ƒe dɔ siawo wɔwɔ me. Wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 140,000 kple edzivɔ eye wozã gaƒoƒo si wu miliɔn eve le gbeƒãɖeɖedɔa me. Be woakpe ɖe amewo ŋu ne woasrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea la, wona agbalẽ siwo ade 121,000 kple magazine siwo ade 730,000. Enye nusi bɔ be woakpɔ mɔɖela aɖewo woanɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 20 alo esi wu nenema wɔm.

Amesiwo wowɔ dɔmenyo sia na la da akpe geɖe ɖe agbagba siwo wodze vevie tsɔ Biblia ƒe gbedasia vɛ na wo la ta. Togbɔ be wonye hiãtɔwo hã, wo dometɔ geɖe zii ɖe gbeƒãɖelawo dzi be woaxɔ nudzɔdzɔwo. Nyɔnu dahe aɖe si xɔ ƒe 70 naa nane mɔɖela siwo vaa egbɔ la ɣesiaɣi. Ne wogbe be yewomaxɔe o la, efaa avi. Ƒome aɖe si si nu mele boo o gblɔna na ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo be woawo koŋue yeƒe koklonɔa ɖa azi na eye wodea dzi ƒo na wo be woaxɔ kokloziawo.

Vevietɔ wu la, dzianukwaretɔ mawo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ vavã fiana ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbi aɖe ɖeka zɔna gaƒoƒo etɔ̃ kple afã dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye ɖeke metoa eŋu o. Nyɔnu tsitsi ɖetsɔlemetɔ aɖe si klo ɖea fu na hã zɔ gaƒoƒo eve kple susu be yeaɖaxɔ Biblia me nufiame esime nutome sue dzikpɔla va srã wo kpɔ. Ame aɖewo siwo menya agbalẽ o la di be yewoasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ale be yewoate ŋu akpɔ viɖe geɖe wu tso Biblia me nufiamewo xɔxɔ me. Woyra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi ŋutɔ.

Le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la, Luka ɖɔ ŋutega aɖe si apostolo Paulo kpɔ ale: “Makedonia-ŋutsu aɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!” Paulo lɔ̃ faa wɔ ɖe yɔyɔa dzi. Egbea, le Mexico ƒe saɖaganutowo me la, ame geɖe wɔ ɖe yɔyɔ sia dzi kple gbɔgbɔ sia ke eye wotsɔ wo ɖokui le nanam be yewoaɖe gbeƒã nyanyuia “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8; 16:9, 10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo menɔ Mexico ƒe anyigbamama si wu 8 le alafa me la kpem ɖo edziedzi o. Esia fia be ame 8,200,000 kple edzivɔwo le saɖaga nuto siwo me womeɖea gbeƒã le edziedzi o me.

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðasefo Mexicotɔ geɖe kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛwo me