Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo—Miele Ŋgɔ Yim le Gbɔgbɔ Mea?

Sɔhɛwo—Miele Ŋgɔ Yim le Gbɔgbɔ Mea?

Sɔhɛwo—Miele Ŋgɔ Yim le Gbɔgbɔ Mea?

ESI Hideo trɔ kpɔ eƒe sekɛndrisukudeɣiwo la, egblɔ be: “Togbɔ be medea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã la, didi sẽŋu aɖeke menɔ menye be masubɔ Yehowa o. Meɖoa ŋku alesi mía kple nye sukuxɔmehatiwo míezɔna kplikplikplii kple alesi mekplɔa ahiãvi ɖe asi nɔa zɔzɔm le ablɔdzi fiatɔe zi geɖe la dzi. Taɖodzinu gobii aɖeke menɔ asinye o, eye didi aɖeke menɔ menye be mawɔ ŋgɔyiyi aɖeke le gbɔgbɔ me o.” Abe Hideo ene la, edze abe ɖeko sɔhɛ geɖe le yiyim taɖodzinu aɖeke manɔŋui ene, didi aɖeke mele wo me be yewoaɖo taɖodzinu ɖevi aɖewo gbɔ alo awɔ ŋgɔyiyi aɖeke o.

Ne sɔhɛe nènye la, ɖewohĩ dzi dzɔa wò ne èle gome kpɔm le kamedefefe alo modzakaɖenuwɔna aɖe me. Gake ne gbɔgbɔmedɔwɔna aɖee la, ɖewohĩ dzi medzɔa wò ɖe eya ŋu nenema o. Ðe wòanya wɔ be dzi nadzɔ wò ɖe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋua? Bu hakpala ƒe nya siawo ŋu kpɔ ko: “Yehowa ƒe [ŋkuɖodzinya] le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. . . . Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.” (Psalmo 19:8, 9) Mawu ƒe Nya ate ŋu afia mɔ “bometsila” wòawɔ nu nunyatɔe, ‘ahana eƒe ŋku dzi nakɔ.’ Ẽ, gbɔgbɔmenuwo hã ate ŋu ana dzi nadzɔ wò ale gbegbe. Gake nuka gbɔe wòatso be nàse le ɖokuiwò me nenema? Afikae nàdze egɔme tsoe?

Se le Ðokuiwò me Be Yeasubɔ Mawu

Gbã la, ele be nane naʋã wò. Bu alesi wònɔ le Yuda-fia Yosiya si nye ɖekakpuivi la gome ŋu kpɔ. Esi wofɔ Yehowa ƒe Segbalẽa le gbedoxɔa me la, Yosiya na woxlẽe nɛ eye nya si wòse la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esia wɔe be “Yosiya ɖe ŋunyɔnuwo katã le Israel-nyigbawo katã dzi.” (Kronika II, 34:14-21, 33) Mawu ƒe Nya xexlẽ ʋã Yosiya wòwɔ nu geɖe le tadedeagu dzadzɛa dodo ɖe ŋgɔ me.

Wò hã àte ŋu atu Yehowa subɔsubɔ ƒe dzodzro ɖo ne èxlẽa Biblia edziedzi hedea ŋugble le nusi nèxlẽ ŋu. Esia wɔwɔe ʋã Hideo. Ete hadede kple mɔɖela tsitsi aɖe, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la, kplikplikpli. Mɔɖelaa srɔ̃a Biblia veviedodotɔe hedzea agbagba tsɔa eƒe nufiafiawo wɔa dɔe le eƒe agbe me. Mɔɖelaa ƒe nuwɔna de dzi ƒo na Hideo ale gbegbe be eya hã te nuwɔwɔ nenema eye dzodzro sẽŋu aɖe ɖo eme be yeasubɔ Mawu kple ame bubuwo. Ŋgɔyiyi si wòwɔ le gbɔgbɔ me la na taɖodzinu su esi le agbe me.

Biblia xexlẽ gbesiagbe ate ŋu aʋã sɔhɛwo. Takahiro ɖe nu me be: “Ɣesiaɣi si mayi anyimlɔƒe ahaɖo ŋku edzi be nyemexlẽ Biblia gbemagbe o la, mefɔna xlẽnɛ. Esia wɔe be mesena le ɖokuinye be Yehowa fiaa mɔm. Biblia xexlẽ gbesiagbe wɔ akpa gã aɖe le nye gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ me. Esi meɖoe kplikpaa be mawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ta la, mege ɖe gbesiagbemɔɖeɖedɔa me le sekɛndrisuku nuwuwu megbe teti. Mele dzidzɔ kpɔm le ewɔwɔ me ŋutɔ.”

Tsɔ kpe ɖe Biblia xexlẽ ŋu la, nuka hãe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò didi sẽŋu nànɔ mewò be yeakafu Yehowa? Tomohiro dada fia Biblia ƒe nyateƒeae. Egblɔ be: “Esime meva srɔ̃ agbalẽ si nye Life Does Have a Purpose (Tameɖoɖo Le Agbe Ŋu) tsitotsito le nye ƒe 19 xɔxɔ megbe ko hafi Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple Yesu ƒe tafevɔsaa wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔ ma ʋãm be mawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.” (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Abe Tomohiro ene la, dzi ɖo sɔhɛ geɖe ƒo be yewoawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me esime wodo vevie srɔ̃ Biblia le wo ɖokui si.

Ke ne èwɔa ema gake Yehowa subɔsubɔ ƒe didia mele wò dzi me kokoko o ya ɖe? Ðe ame aɖe li si ŋu nàte ŋu ate ɖo hena kpekpeɖeŋua? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me.” (Filipitɔwo 2:13) Ne èdo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wò faa, si ado ŋusẽ wò, menye be ‘nàwɔ nu’ ko o ke be ‘didia nanɔ mewò’ hã. Esia fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ana nàdi vevie be yeawɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me eye wòakpe ɖe ŋuwò be nàtsi le gbɔgbɔ me. Ele kokoko be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu ahalé dzi ɖe ƒo!

Wò Ŋutɔ Ðo Taɖodzinuwo na Ðokuiwò

Ne ènya ɖoe kplikpaa be yeasubɔ Yehowa bliboe ko la, ehiã be nàɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò bena nàte ŋu awɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Mana, si nye ɖetugbivi Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Taɖodzinu siwo meɖo la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Le esi teƒe be manɔ megbe yim la, mete ŋu yi ŋgɔ dzinɔameƒotɔe. Esi nye taɖodzinuawo le susu me nam ta la, medo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòafia mɔm, ale mete ŋu wɔ ŋgɔyiyi megbemakpɔmakpɔe.”

Ele be wò taɖodzinuawo nanye esiwo sɔ ɖe wò ŋutete nu, siwo gbɔ nàte ŋu aɖo. Biblia ƒe ta ɖeka xexlẽ gbesiagbe ate ŋu anye taɖodzinu si sɔ. Àte ŋu aɖoe hã be yeawɔ nyatiwo ŋuti numekuku. Be míatsɔ dɔwɔnu aɖe si le Eŋlisigbe me awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui la, àte ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe amenyenye siwo woɖo ɖe ɖoɖonu ŋu le tanya sue si nye “Qualities by Name” (Amenyenye Siwo Woɖo ɖe Woƒe Ŋkɔwo Nu) ŋu, le tanya gã si nye “Jehovah” te le Watch Tower Publications Index me. Nɔnɔmeawo ŋuti alɔdze siwo ade 40 li siwo me nàte ŋu adzro, eye ɖikeke mele eme o be numekukua ate wò ɖe Yehowa ŋu ahaʋã wò be yeawɔ dɔ geɖe nɛ. Taɖodzinu bubu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo dometɔ aɖewoe nye nyaŋuɖoɖo zi ɖeka ya teti le Kristotɔwo ƒe kpekpe ɖesiaɖe si abia be nyaselawo nakpɔ gome le me la me, agbagbadzedze be yeaganya hamea me tɔ ɖeka ya teti nyuie wu le kpekpe ɖesiaɖe me, kpakple mɔmaɖemaɖe be ŋkeke aɖeke nagava yi si me yemado gbe ɖa na Yehowa ahaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo o.

Ne meŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me haɖe o la, ema ate ŋu anye taɖodzinu nyui aɖe na wò. Èkpɔa gome le dutoƒosubɔsubɔdɔa mea? Ne mèle gome kpɔm le eme haɖe o la, àdi be yeadze agbagba ava zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Ŋugbledede le mia kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu vevie kpakple ɖokuiwò tsɔtsɔ ɖe adzɔgbee nɛ anye afɔɖeɖe si wò ŋutɔ àdi be yeawɔ faa ɖe esia yome. Sɔhɛ geɖe dze agbagba be yewoawɔ ɖe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe dzi to ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa minyaminya me.

Togbɔ be enyo be taɖodzinuwo nanɔ asiwò le agbe me hã la, kpɔ nyuie be hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ nagaɖo mewò o. Àkpɔ dzidzɔ geɖe le nusi nèwɔna me ne mètsɔa ɖokuiwò sɔna kple ame bubuwo o.—Galatiatɔwo 5:26; 6:4.

Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be yemetsi o eye wòasesẽ na wò be nàɖo taɖodzinu siwo sɔ na ɖokuiwò. Ekema zɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Ƒu to anyi, eye nase nunyalawo ƒe nyawo.” (Lododowo 22:17) Bia dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu. Gake ehiã be aɖaŋu siwo dzilawo kple ame bubuwo aɖo le nya sia me nasɔ ahade dzi ƒo. Ne sɔhɛwo se le wo ɖokui me be wozi yewo dzi be yewoadze agbagba aɖo taɖodzinu aɖe si ame bubuwo ɖo na wo gbɔ la ate ŋu ana dzi madzɔ wo o eye wòate ŋu agblẽ taɖodzinu ɖoɖo ƒe tameɖoɖoa gɔ̃ hã me. Emae dzɔ ɖe nyɔnuvi aɖe dzi, amesi gblɔ be: “Dzinyelawo ɖo taɖodzinuwo nam ɖe wo nɔewo yome, be mage ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me, makpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, maxɔ nyɔnyrɔ, eye mazu mɔɖela. Medze agbagba vevie be maɖo wo dometɔ ɖesiaɖe gbɔ. Ne meɖo taɖodzinuawo dometɔ aɖe gbɔ la, dzinyelawo mekafuam gɔ̃ hã o, ɖeko wogaɖoa bubu nam be madze agbagba aɖo egbɔ. Esia wɔe be mese le ɖokuinye me ɣesiaɣi be wozi dzinye be maɖo taɖodzinuwo gbɔ. Nu ti kɔ nam eye dzidzɔ aɖeke menɔ menye ɖe taɖodzinuawo gbɔ ɖoɖo ŋu o.” Nukae na wòdzɔ alea? Taɖodzinuawo katã nyo, gake menye eya ŋutɔe ɖo wo o. Be nàkpɔ dzidzedze la, ele be nane naʋã nàse le ɖokuiwò me be yeatso le ye ɖokuisi aɖo taɖodzinu na ye ɖokui!

Bu Yesu Kristo ŋu kpɔ. Esime wòva anyigba dzi la, enya nusi Fofoa, Yehowa, di tso esi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ menye taɖodzinu na Yesu ko o, ke boŋ enye dɔdasi si wòle be wòawɔ. Aleke Yesu bu dɔdasi siae? Egblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Yohanes 4:34) Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye dzidzɔ na Yesu eye wòwɔ nusi Fofoa di. Enɔ abe nuɖuɖu ene na Yesu—ekpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le dɔ si wode esi la nuwuwu me. (Hebritɔwo 10:5-10) Wò hã ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne seselelãme nyuitɔ le mewò ɖe nusi dziwòlawo de dzi ƒo na wò be nàwɔ ŋu.

Mègagbɔdzɔ le Nu Nyui Wɔwɔ me O

Ne taɖodzinu aɖe nya le susu me na wò ko la, dze agbagba vevie nàɖo egbɔ. Galatiatɔwo 6:9 gblɔ be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.” Mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò ŋusẽ kple ŋutete ɖeɖe ŋu o. Kplamatsedonuwo ado mo ɖa godoo, eye ɣeaɖewoɣi la, àse le ɖokuiwò me be nu glo ye gɔ̃ hã. Gake Biblia na kakaɖedzi mí be: “Lé ŋku ɖe [Mawu ŋu] le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:6) Yehowa alé wò ɖe te esime nèle agbagba dzem vevie be yeaɖo yeƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ.

Ẽ, to Yehowa subɔsubɔ ƒe didia tutu ɖo kpakple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo minyaminya me la, àte ŋu ana ‘wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le amewo katã ŋkume.’ (Timoteo I, 4:15) Ekema agbe si ŋu gɔmesese le asu asiwò le Mawu subɔsubɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Biblia xexlẽ kpakple ŋugbledede le nusi nèxlẽ ŋu aʋã wò be nàsubɔ Yehowa

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yesu wɔ nusiwo Fofoa di tso esi