Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Psalmowo me kpukpuiwo ƒe xexlẽdzesiwo to vovo le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo me?

Biblia blibo gbãtɔ si woma ɖe tawo kple kpukpuiwo mee nye Robert Estienne ƒe Fransegbe me gɔmeɖeɖe si wota le ƒe 1553 me. Gake edze abe ɖe woma agbalẽ si nye Psalmowo ya ɖe akpa vovovo me xoxoxo do ŋgɔ ene, le esi wònye psalmo, alo hadzidzi, vovovo siwo ame geɖe kpae wotsɔ ƒo ƒui ta.

Anɔ eme be Yehowae gblɔ na Dawid gbã be wòaƒo psalmowo nu ƒu ne woazã le dutoƒo tadedeagu me. (Kronika I, 15:16-24) Woxɔe se be Ezra, si nye nunɔla ‘si bi ɖe nuŋɔŋlɔ me’ lae ƒo Psalmowo ƒe agbalẽ bliboa nu ƒu ɖekae abe alesi wòle fifia ene. (Ezra 7:6) Eyata efia be psalmo alo hadzidzi vovovowoe woŋlɔ ɖi eye woƒo wo nu ƒu wòva zu Psalmowo.

Le nuƒo aɖe si apostolo Paulo ƒo le ƒuƒoƒe si le Antioxia (Pisidia) le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, eyɔ nya tso Psalmowo me eye wògblɔ be: “Abe alesi woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me ene bena: ‘Vinye nènye, egbe medzi wò.’” (Dɔwɔwɔwo 13:33) Le egbe Bibliawo me la, nya mawo gakpɔtɔ dze le psalmo evelia me, le eƒe kpukpui 7 lia. Gake vovototo le alesi wona xexlẽdzesiwo le psalmowo dometɔ geɖe me le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo me. Nusitae nye be Hebrigbe me Masoret ŋɔŋlɔawo dzie wotu gɔmeɖeɖe aɖewo ɖo, eye wotu bubu aɖewo hã ɖe Helagbe me Septuagint, si nye Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe si nu wowu le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Katolikotɔwo ƒe Biblia geɖe siwo gɔme woɖe tso Latin Vulgate me la, wozɔ ɖe psalmowo ƒe xexlẽdzesi siwo wona le Septuagint me dzi, esime New World Translation kple Biblia bubu aɖewo ya zɔ ɖe alesi wòle le Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo me dzi.

Nukawoe nye vovototoawo ƒe ɖewo koŋ? Psalmo 150 sɔŋ ye le Hebrigbe me ŋɔŋlɔawo me. Gake le Septuagint me la, wotsɔ Psalmo 9 lia kple 10 lia ƒo ƒu ɖekae eye wogaƒo Psalmo 114 lia kple 115 lia hã nu ƒu ɖekae. Gakpe ɖe eŋu la, woma Psalmo 116 lia kple 147 lia siaa me eveve le eme. Eyata togbɔ be wo katã ƒe xexlẽme va sɔ hã la, tso Psalmo 10 lia dzi vaseɖe Psalmo 146 lia dzi ƒe xexlẽme ɖiɖi xexlẽdzesi ɖeka le Septuagint la me eye Hebrigbe me tɔ hã sɔ gbɔ wui kple ɖeka. Le esia ta Psalmo 23 lia si wonya nyuie la va le Psalmo 22 lia me le Douay Version, si zɔ ɖe Latingbe me Vulgate ƒe xexlẽdzesiwo dzi me, le esi wònye be Septuagint dzie Vulgate la hã zɔ ɖo ta.

Mlɔeba la, psalmo aɖewo ƒe kpukpuiwo hã te ŋu toa vovo le gɔmeɖeɖe vovovowo me. Nukatae? Nusitae nye be McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ be gɔmeɖeɖe aɖewo zɔ ɖe “Yudatɔwo ƒe nuwɔna si nye be wobua ŋgɔdonya si dze le etame be enye kpukpui gbãtɔ” la dzi, gake bubuwo ya mezɔ ɖe edzi nenema o. Le nyateƒe me la, ne etame nuŋɔŋlɔ alo ŋgɔdonya aɖe didi la, zi geɖe womaa eme wònyea kpukpui gbãtɔ eveawo, eye alea wòdzɔnae be kpukpuiawo ŋutɔ siwo kplɔe ɖo hã ƒe xexlẽme va dzina ɖe edzii.