Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Fia Nu Vevi aɖe na Wò

Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Fia Nu Vevi aɖe na Wò

Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua Fia Nu Vevi aɖe na Wò

ÐE AƑETƆ ƒe Fiẽnuɖuɖua nye nu ŋutɔŋutɔ aɖe na wòa? Be nànya la, na míalé ŋku ɖe alesi Yesu Kristo ŋutɔ bu ŋkeke vevi siae ŋu gbã.

Le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe fiẽ la, Yesu kple eƒe apostolo 12-awo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem hena ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Esi woɖu Ŋutitotonua vɔ la, yomemɔfiala Yuda dzo le xɔa me yina Yesu de ge asi. (Yohanes 13:21, 26-30) Yesu tsɔ ‘Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖua’ ɖo apostolo 11, siwo susɔ la ŋkume. (Korintotɔwo I, 11:20) Wogayɔnɛ be Ŋkuɖodzia, elabena Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miwɔ esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” Azã sia koe wode se na Kristotɔwo be woaɖu.—Korintotɔwo I, 11:24.

Webster’s nyagɔmeɖegbalẽ gblɔ be ŋkuɖodzi nye nane si “wowɔna tsɔ ɖoa ŋku nane dzii” alo “si naa womeŋlɔa nane be o.” Le teƒe geɖewo la, amewo ɖia ŋkuɖodzikpe aɖe alo ɖoa ŋkeke tɔxɛ aɖe ɖi si dzi woɖoa ŋku ame aɖe alo nu vevi aɖe dzi. Le Yesu gome la, eɖo ŋkuɖodzi nuɖuɖu aɖe anyi—si nye nuɖuɖu si ana woaɖo ŋku edzi, si akpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be woayi edzi anɔ ŋku ɖom ŋkeke vevi tɔxɛ ma me wɔnawo dzi. Le dzidzime siwo ava va le etsɔme gome la, ŋkuɖodzi nuɖuɖu sia aɖo ŋku gɔmesese deto si le nusi Yesu wɔ le zã ma me, vevietɔ kpɔɖeŋunu siwo wòzã, dzi na eteƒekpɔlawo. Kpɔɖeŋunu kawoe Yesu zã, eye nukae wofia? Mina míadzro Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe nusi dzɔ le zã ma me le ƒe 33 M.Ŋ. me ŋu la me.

Nusi Kpɔɖeŋunuawo Fia

“[Etsɔ] abolo ɖe asi, da akpe eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: ‘Esia tsi tre ɖi na nye ŋutilã si woana le mia ta; minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.’”Luka 22:19, NW.

Esi Yesu tsɔ aboloa hegblɔ be, ‘esia tsi tre ɖi na nye ŋutilã’ la, enɔ eɖem fia be abolo maʋãmaʋã la tsi tre ɖi na, alo nye kpɔɖeŋu na, eya ŋutɔ ƒe ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o, si wòna “ɖe xexeame ƒe agbe ta la.” (Yohanes 6:51) Togbɔ be Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ be “esia nye [Greek, es·tinʹ] nye ŋutilã” hã la, Thayer ƒe Greek-English Lexicon of the New Testament gblɔ be zi geɖe la, nusi dɔwɔnya sia fiana enye, “tsi tre ɖi na, fia be, ƒe gɔmesesee nye.” Efia nukpɔsusu si nye be woatsɔ nane aɖo nane teƒe alo atsɔ awɔ nua ƒe kpɔɖeŋui.—Mateo 26:26.

Nenemae wòle le weinkplua hã gomee. Yesu gblɔ be: “Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.”Luka 22:20.

Le Mateo ƒe nuŋlɔɖia me la, Yesu gblɔ le kplua ŋu be: “Esia tsi tre ɖi na nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.” (Mateo 26:28, NW) Yesu zã wein si nɔ kplua me la tsɔ tsi tre ɖi na eya ŋutɔ ƒe ʋu, alo tsɔ wɔ eƒe kpɔɖeŋui. Eƒe ʋu si wokɔ ɖi la anye ‘nubabla yeye’ na nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, siwo anye fiawo kple nunɔlawo aɖu fia kplii le dziƒo la ƒe kpeɖodzi.—Yeremya 31:31-33; Yohanes 14:2, 3; Korintotɔwo II, 5:5; Nyaɖeɖefia 1:5, 6; 5:9, 10; 20:4, 6.

Wein si nɔ kplua me la gale ŋku ɖom edzi hã be Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la dzie woanɔ te ɖo ‘atsɔ nuvɔ̃wo ake’ ahaʋu mɔ na enolawo be woayɔ wo hena dziƒogbenɔnɔ be woanye Kristo ƒe hati dziɖulawo. Eme kɔ be amesiwo si dziƒoyɔyɔ sia le—siwo nye ame ʋɛ aɖewo—la koe ɖua aboloa henoa wein la le Ŋkuɖodzia wɔwɔ me.—Luka 12:32; Efesotɔwo 1:13, 14; Hebritɔwo 9:22; Petro I, 1:3, 4.

Ke Yesu yomedzela siwo katã mele nubabla yeyea me o ya ɖe? Amesiawoe nye Aƒetɔ la ƒe ‘alẽ bubuawo,’ amesiwo mele mɔ kpɔm be yewoaɖu fia kple Kristo le dziƒo o, ke boŋ be yewoanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. (Yohanes 10:16; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi wonye Kristotɔ wɔnuteƒewo ƒe ‘ameha gã aɖe’ si le ‘subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Mawu zã kple keli’ ta la, edzɔa dzi na wo be yewoanye nuteƒekpɔla kpɔŋudzedzewo le Aƒetɔ ƒe Fiẽnua ɖuƒe. Efia be woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna le gbeƒã ɖem be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!”—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14, 15.

Zi Nenie Woaɖui?

“Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.”Luka 22:19, NW.

Zi nenie wòle be woaɖu Ŋkuɖodzia bena woagaŋlɔ Kristo ƒe kua be o? Yesu megblɔe tẽ o. Gake esi Nisan 14, si nye Ŋutitotoŋkekenyuia, si Israel-viwo ɖuna ƒe sia ƒe, ƒe fiẽe wòɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi ta la, edze kɔte be Yesu ɖoe be woaɖu Ŋkuɖodzia le mɔ ma ke nu. Togbɔ be Israel-viwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso kluvinyenye me le Egipte dzie woɖoa ŋkui ƒe sia ƒe hã la, Kristotɔwo ya ɖoa ŋku woƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me dzi ƒe sia ƒe.—Mose II, 12:11, 17; Romatɔwo 5:20, 21.

Ŋkuɖoɖo nudzɔdzɔ vevi aɖe dzi ƒe sia ƒe ƒe nukpɔsusua menye nu yeye kura o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le ɣeyiɣi si dzi srɔ̃tɔ aɖe aɖu woƒe srɔ̃kpegbezã alo ɣeyiɣi si dzi dukɔ aɖe aɖo ŋku nudzɔdzɔ vevi aɖe dzi le eƒe ŋutinya me ŋu kpɔ. Zi geɖe la, zi ɖeka le ƒe mee woɖua ŋkuɖodzizã la le ŋkeke si dzi nu ma dzɔ dzi. Dzidzɔtɔe la, ƒe alafa geɖe le Kristo ƒe ku megbe la, woyɔa amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ geɖe be Quartodecimans, si gɔmee nye “Ŋkeke Wuieneliatɔwo,” elabena woɖua Yesu ƒe ŋkuɖodzizãa zi ɖeka le ƒe me, le Nisan 14 lia dzi.

Enye Wɔna Bɔbɔe aɖe Gake Le Vevie Ŋutɔ

Apostolo Paulo ɖe nu me be Aƒetɔ ƒe Fiẽnua ɖuɖu akpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu be ‘woayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku.’ (Korintotɔwo I, 11:26) Le esia ta ele be azã sia naku ɖe akpa vevi si Yesu to eƒe kua dzi wɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me koŋ ŋu.

Yesu Kristo to eƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe ku me dzi ɖo kpe edzi be Yehowa Mawu nye Wɔla nyanu lɔ̃ame kpakple Dziɖulagã dzɔdzɔe. To vovo na Satana ƒe asiƒuakɔa la, Yesu, si mele abe Adam ene o la, ɖee fia be amegbetɔ ate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu le nyaƒoɖeamenu sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me.—Hiob 2:4, 5.

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua gana míeyia edzi ɖoa ŋku Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ la dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Togbɔ be Yesu to dodokpɔ sesẽwo me hã la, eyi edzi ɖo to Fofoa bliboe. Eto esia me te ŋu tsɔ eya ŋutɔ ƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la na tsɔ xe fe ɖe nusiwo katã Adam ƒe nuvɔ̃a gblẽ la tae. Abe alesi Yesu ŋutɔ ɖe nu mee ene la, ɖe wòva be “yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Eyata woate ŋu atsɔ amesiwo katã xɔ Yesu dzi se la ƒe nuvɔ̃wo ake wo eye woanɔ agbe tegbee le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe gɔmedzetameɖoɖo na ameƒomea.—Romatɔwo 5:6, 8, 12, 18, 19; 6:23; Timoteo I, 2:5, 6. *

Esiawo katã ɖo kpe edzi hã be Yehowa ƒe dɔmenyo kple amenuveve sɔ gbɔ ale gbegbe be wòwɔ ɖoɖo na ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ. Biblia gblɔ be: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.”—Yohanes I, 4:9, 10.

Ẽ, azã nyui ka gbegbee nye si Ŋkuɖodzia nye! Enye azã bɔbɔe aɖe si woaɖu le nɔnɔme vovovowo me le xexeame godoo, gake henye kpɔɖeŋunuwɔna si ŋu gɔmesese deto le si dzi woate ŋu aɖo ŋkui ɣeyiɣi didi aɖe.

Nusi Wòfia na Wò

Asi sesẽ ŋutɔe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vɔsakua xɔ na eya ŋutɔ kple Fofoa Yehowa siaa. Esi Yesu nye ame deblibo ta la, menyi ku ƒe dome abe alesi mí katã míenyi eƒe domee ene o. (Romatɔwo 5:12; Hebritɔwo 7:26) Gome le esi be maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o hafi. Womate ŋu axɔ eƒe agbe le esi sesẽe eƒe mɔ maɖemaɖee o. Egblɔ be: ‘Ame aɖeke mexɔ nye agbe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si.’—Yohanes 10:18.

Ke hã, Yesu lɔ̃ faa tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe debliboa sa vɔe bena “wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la, eye wòaɖe amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la.” (Hebritɔwo 2:14, 15) Kristo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃a gaɖe dzesi le ku si ƒomevi wòlɔ̃ be yeaku la ta. Enya fu siwo katã kpe ge wògbɔna kple alesi wòakui la nyuie.—Mateo 17:22; 20:17-19.

Ŋkuɖodzia gaɖo ŋku lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si míaƒe Dziƒofofo, Yehowa, ɖe fia kpɔ la dzi na mí. Aleke gbegbe wòanye nuxaxa gã na eya, amesi “yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ,” la be wòase Yesu ‘nanɔ ɣli dom sesĩe kple aɖatsiwo’ le Getsemane-bɔa me, wòakpɔe woanɔ eƒom tagbɔsesẽtɔe, woahee ɖe ati ŋu ŋutasesẽtɔe, eye wòatsɔ vevesese heliheli ayi tsiẽƒee. (Yakobo 5:11; Hebritɔwo 5:7; Yohanes 3:16; Yohanes I, 4:7, 8) Le ƒe alafa geɖe megbe gɔ̃ hã la, eŋububu ɖeɖe gɔ̃ hã naa ame geɖe ƒe dzi gbãna gudugudu.

Wò ya dze agbagba nàbu fe gã sia si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo xe ɖe mí nuvɔ̃wɔlawo ta la ŋu kpɔ ko! (Romatɔwo 3:23) Gbesiagbe la, míedzea ŋgɔ míaƒe nuvɔ̃menyenye kple blibomademade la me tsonu wɔnublanuiawo. Ke hã, esi míexɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ta la, míate ŋu aƒo koko na Mawu bena wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí. (Yohanes I, 2:1, 2) Esia na wòanya wɔ be míate ŋu atsɔ dzideƒo kple dzitsinya dzadzɛ ado ɖe Mawu ŋkumee. (Hebritɔwo 4:14-16; 9:13, 14) Gawu la, agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi tegbetegbe ƒe mɔkpɔkpɔ ate ŋu asu mía si. (Yohanes 17:3; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esiawo kpakple yayra bubu geɖewoe nye Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ gã la me tsonuwo.

Ŋudzedze Kpɔkpɔ Ðe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua Ŋu

Ðikekemanɔmee la, Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua nye “Mawu ƒe amenuveve, si sɔ gbɔ ŋutɔ” la ƒe ɖeɖe fia wɔnuku aɖe. Eye tafevɔsaa ƒe ɖoɖo si Yehowa Mawu wɔ—si Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ na wònya wɔ—la nye eƒe “nunana manyagblɔ” nyateƒe. (Korintotɔwo II, 9:14, 15) Ðe Mawu ƒe dɔmenyonyo siawo ɖeɖe fia to Yesu Kristo dzi alea mena nèse le ɖokuiwò me be yeanɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖaa oa?

Míeka ɖe edzi be wona nèsee nenema. Eyata míetsɔ dzidzɔ kpewòe be nàƒo ƒu kple Yehowa Ðasefowo le Ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi me. Ŋkuɖodzia dze Kuɖa, April 16, dzi le ƒe sia me, le ɣeɖoto megbe. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be woana nànya gamea kple teƒe si tututu woawɔ wɔna vevitɔ kekeake sia le.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 19 Taflatse kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta hena tafea ŋuti numedzodzro deto.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

“ESIA NYE NYE ŊUTILÔ ALO “ESIA FIA NYE ŊUTILÔ WO DOMETƆ KAE NYO?

Esi Yesu gblɔ be, ‘Nyee nye agbo la’ kple ‘Nyee nye weinti vavã la’ la, ame aɖeke mebui be enye agbo alo weinti ŋutɔŋutɔ o. (Yohanes 10:7; 15:1) Nenema kee esi The New Jerusalem Bible yɔ Yesu ƒe nya si wògblɔ be: “Kplu sia enye nubabla yeyea” la, míaƒo nya ta be kplua ŋutɔŋutɔe nye nubabla yeyea o. Nenema kee ne egblɔ be aboloa ‘nye’ yeƒe ŋutilã la, edze ƒã be aboloa tsi tre ɖi na eƒe ŋutilã alo nye eƒe kpɔɖeŋu. Eyata Charles B. Williams ƒe gɔmeɖeɖea gblɔ be: “Esia tsi tre ɖi na nye ŋutilã.”—Luka 22:19, 20.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Abolo maʋãmaʋãa kple wein la nye kpɔɖeŋunu siwo sɔ na Yesu ƒe ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o kple eƒe ʋu si wokɔ ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ŋkuɖodzia ɖoa ŋku lɔlɔ̃ gã si Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ɖe fia dzi na mí