Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameɖeɖe Le Robinson Crusoe Ƒukpo dzi

Ameɖeɖe Le Robinson Crusoe Ƒukpo dzi

Ameɖeɖe Le Robinson Crusoe Ƒukpo dzi

ROBINSON CRUSOE nye ƒukpo etɔ̃ siwo ƒo ƒu wɔ ƒukpohatsotso si woyɔna be Juan Fernández le Pasifik-ƒua me, si didi kilometa 640 tso Chile ƒuta gbɔ la dometɔ ɖeka. * Ƒukpo sia si ƒe lolome nye kilometa 93 kpe ɖo kpɔ ŋkɔ ma tso ƒe alafa 18 lia me gbalẽ aɖe si ŋkɔe nye Robinson Crusoe, si agbalẽŋlɔla Eŋlisitɔ, Daniel Defoe ŋlɔ la me. Edze ƒã be Scotlandtɔ, Alexander Selkirk, si ɖeɖe nɔ ƒukpoa dzi ƒe ene aɖewo ƒe mɔzɔzɔ sesẽwo dzie wotu agbalẽa ɖo.

Ati aɖe si wotu ɖe ƒukpoa dzi la dzi nuŋɔŋlɔ ƒe akpa aɖe xlẽ be: “Scotlandtɔ, ƒudzidela, Alexander Selkirk, nɔ teƒe sia tso ŋkeke yi ŋkeke hena ƒe ene sɔŋ hetsɔ dzimaɖitsitsi nɔ ŋku tsam ʋĩ yi keke dziŋgɔli kple atsiaƒua ƒe godoƒe nɔ tɔdziʋu si ava ɖee tso eƒe akogotsitsi la me dim.” Mlɔeba la, woɖe Selkirk hekɔe yi wo denyigba dzi, yi dukɔ si me nɔnɔ mevivi enu le eƒe paradiso sue la me nɔnɔ vɔ megbe o. Woka nya ta be egblɔ emegbe be: “Oo nye ƒukpo lɔlɔ̃ la! Evem be megblẽ wò ɖi!”

Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, ƒukpoa va zu toheƒe na ame aɖewo siwo da le Katoliko-ha la ƒe “dzixɔsewo” dzi. Aleke ƒukpo si nɔ abe paradiso ene na Selkirk la va trɔe enye si! Gake amesiwo le ƒukpoa dzi egbea le ŋutifafa si tɔgbe mele xexeame ƒe akpa geɖe o la me. Agbenɔnɔ dziɖeɖitɔe, abe alesi wòle le ƒukpo geɖe dzi ene wɔe wòle bɔbɔe be woadze dzeɖoɖo gɔme kple ame ɖesiaɖe ƒomevi.

Amesiwo ade 500 ye le Robinson Crusoe ƒukpoa dzi, gake le ƒea ƒe akpa gãtɔ me la, ame abe 400 koe nɔa edzi. Susu siwo tae wòle alea dometɔ aɖee nye be vidada aɖewo kple wo viwo nɔa Chile-du siwo mele ƒukpoa dzi o me le sukudeɣiwo, eye ɣleti siwo me wole mɔkeke koe wogbɔna vaa ƒukpoa dzi va wɔa ɖeka kple ƒometɔ mamlɛawo.

Togbɔ be abɔ dzeaniwo ƒo xlã Robinson Crusoe ƒukpoa hã la, edzinɔla aɖewo sena le wo ɖokui me be nane bu ɖe yewo le gbɔgbɔ me eye wole edim. Ame bubuwo se le wo ɖokui me be yewohiã ɖeɖe le gbɔgbɔ me.

Gbɔgbɔ me Ðeɖekpɔkpɔ

Ameɖeɖe le gbɔgbɔ me ƒe dɔ sia dze egɔme le ƒe 1979 me lɔƒo. Nyɔnu aɖe si Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplii le Santiago, Chile la ʋu yi ƒukpoa dzi hete nusi wòsrɔ̃ fiafia ame bubuwo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, hamemegã aɖe si ɖi tsa yi ƒukpoa dzi le dɔwɔnyawo ta kpɔ Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe nɔ ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me to nyɔnu ma ƒe kpekpeɖeŋu dzi. Le ɣleti etɔ̃ megbe esi hamemegãa gbugbɔ yi ƒukpoa dzi ake la, Biblia-fiala sia si sa ɖe aga la kple eƒe nusrɔ̃vi eve dze na nyɔnyrɔxɔxɔ, eyata hamemegãa na nyɔnyrɔ wo. Emegbe Kristotɔ nyɔnyrɔxɔla yeye siawo dometɔ ɖeka ɖe srɔ̃, eye woa kple srɔ̃aŋutsua yi edzi nɔ ame bubu siwo gbɔgbɔ me ɖeɖekpɔkpɔ hiã la dim. Srɔ̃aŋutsua xɔ ŋgɔ wotu Fiaɖuƒe Akpata sue aɖe, si gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue si le ƒukpoa dzi la kpɔtɔ le zazãm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woʋu le Robinson Crusoe yi hame aɖe me le titina Chile le ganyawo ta, eye woyi edzi le Yehowa subɔm le afima dzonɔamemetɔe.

Ʋɛʋɛʋɛ esi wole ame bubuwo ɖem tso alakpasubɔsubɔ me la, ƒuƒoƒo sue si le ƒukpoa dzi yi edzi le dzidzim ɖe edzi. Gake esi wòle be sukuviwo nayi kɔledzi le ƒukpoa godo ta la, ƒuƒoƒoa dzi ɖe kpɔtɔ wòsusɔ nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ eve kple nyɔnuvi ɖeka. Le mɔkeɣiwo la, ƒuƒoƒoa dzina ɖe edzi ne vidada aɖewo trɔ va ƒukpoa dzi. Woƒe vava na dzo gaɖoa Kristotɔ etɔ̃ siwo ɖeɖe tsi afima le ƒe bliboa me la me. Le nɔvinyɔnu siawo ƒe agbagbadzedze ta la, amewo nya Yehowa Ðasefowo nyuie le Robinson Crusoe. Enye nyateƒe be ƒukpoa dzi nɔlawo dometɔ aɖewo tsi tre ɖe dɔ si wɔm wole ŋu hete kpɔ be yewoana amewo nagbe Fiaɖuƒegbedasia xɔxɔ ya. Gake Biblia ƒe nyateƒea ƒe ku siwo woƒã ɖe dzianukwaretɔwo me yi edzi le miemiem.

Ŋusẽdodo Amesiwo Woɖe

Dzikpɔla mɔzɔla aɖe ɖasrãa wo kpɔna le ƒukpoa dzi zi ɖeka le ƒe ɖesiaɖe me. Aleke Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue si le ƒukpo si sa ɖe aga dzi la sasrãkpɔ le? Nutome sue dzikpɔla aɖe ƒo nu tso zi gbãtɔ si wòɖi tsa yi Robinson Crusoe ŋu:

“Mɔzɔzɔ sia nye nusi mekpɔ mɔ na vevie ƒe me vava. Mɔzɔzɔa dze egɔme le ŋdi ga 7:00 me, esime míeho le Valparaiso ku ʋu yi Santiago Cerrillos Yameʋudzeƒe. Míeɖo yameʋu sue aɖe si kɔa ame adre. Le gaƒoƒo 2 aɖabaƒoƒo 45 le míaƒe hoho megbe la, míekpɔ to kɔkɔ aɖe nɔ dzedzem le alilikpowo me ɖaa. Esi míenɔ tetem ɖe eŋu la, ƒukpoa dze nyuie míekpɔ—enye kpe gã glidza aɖe le atsiaƒua titina. Edze abe ɖe wòle agba sam le tsi gbana aɖe dzi abe meli aɖe si bu ene.

“Esi yameʋua dze la, tɔdziʋu aɖe va kɔ mí yi kɔƒea mee. Kpe gãwo tso atsiaƒua gɔme ho ɖe dzi tatata hezu ƒukpo suesuesue siwo dzi Juan Fernández ƒukpoa dzi nyo siwo ŋu fu le kedzekedze la bena ɖo. Nyo siwo ŋu fu le nye lã siwo wuwu ŋu wode se ɖo elabena wole vɔvɔm kabakaba. Kasia, nane dzo va dzi le tɔdziʋua ƒe axadzi gasi yi atsiaƒua gɔme. Tɔmelã aɖe si dzona si ƒe adza ɖi aʋalã ye wònye. Ewɔ abe dzodzo va tsia ta anɔ nugbagbeviwo lém doa dzidzɔ nɛ ene. Gake ɣeaɖewoɣi la, lã bubu léa eya hã mina; eƒe dzodzo ava tsia ŋgɔ hea lãlénu bubu siwo le ŋudzɔ be yewoalée ami ne ege gbɔna la ƒe susu ɖe eŋu.

“Mlɔeba míeva ɖo San Juan Bautista (Ame Kɔkɔe Yohanes Mawutsidetanamela) kɔƒea me. Ƒukpoa dzi nɔla ʋɛ aɖewo tɔ ɖe ʋudzeƒea, ɖewohĩ wole woƒe amedzrowo lalam alo ɖeko wotɔ ɖi be yewoakpɔ be amedzro kawoe gava dua me hã. Alesi teƒea nya kpɔe wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe—to gã glidzaglidza si ŋkɔe nye El Yunque (Zukpe), si ŋu gbe wuwlui dama to ɖo mlɔmlɔmlɔ, kple dziŋgɔli si me dza eye alilikpo ɣiwo le eŋku me.

“Eteƒe medidi o míekpɔ mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo kple wo viwo ƒo ƒu ɖe ʋudzeƒea nɔ mía lalam. Sukuviwo nɔ mɔkeke eyata ƒuƒoƒoa galolo wu tsã. Le gbe lɔlɔ̃ na mía nɔewo vividoɖeameŋutɔe vɔ megbe la, wokplɔ mí yi xɔ nyui aɖe si azu míaƒe aƒeme kwasiɖa ɖeka la me.

“Kwasiɖa tɔxɛ aɖee wònye, eye míekpɔe dze sii be awu enu kaba. Ehiã be míazã míaƒe ɣeyiɣia nyuie. Gbemagbe ke le ŋdɔnuɖuɖu vɔ megbe teti la, míeɖi tsa yi Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si eteƒe madidi o wòava zu míaƒe gbɔgbɔ me nɔvinyɔnu kple Mawu ƒe gbɔgbɔmeparadisoa me nɔla la gbɔ. Dzidzɔ yɔe fũ, gake enɔ vɔvɔ̃m hã vivivi. Nyɔnyrɔxɔxɔ si lalam wònɔ xoxoxo la le edzi ɖom. Míedzro nya vevi aɖewo me kplii ale be wòate ŋu adze anye nyanyuigbeƒãɖela. Ŋufɔke la, ekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me zi gbãtɔ. Ŋkeke etɔ̃agbe la, míedze nyɔnyrɔxɔxɔ nudidiwo me dzodzro gɔme kplii. Hafi kwasiɖaa nawu enu la, exɔ nyɔnyrɔ.

“Amewo ƒe agbɔsɔsɔ si nye 14 la kpe asi ɖe kpekpe siwo míewɔ le kwasiɖaa me la ŋu. Míewɔ ɖoɖo yia gbeadzi, wɔa tɔtrɔyiwo, Biblia-nusɔsrɔ̃wo, kple sasrãkpɔwo gbesiagbe. Dzideƒo ka gbegbee nye si wònye na nɔvinyɔnu siwo ɖeɖe kpɔa dɔa ƒe akpa sia akpa gbɔ le wo ɖokui si le ƒe bliboa katã me!”

Nyateƒea xɔxɔ sesẽ na ŋutsu siwo le ƒukpoa dzi, ɖewohĩ le alesi ŋutilãmedɔ si wowɔna sesẽe ta. Bɔluɖeɖe koŋue nye dɔ si wowɔna, eye exɔa ɣeyiɣi le ame si ale gbegbe. Nazãbubu hã nye nusiwo ta wo dometɔ geɖe metsɔa ɖeke le nyaa me o ƒe ɖe. Ke hã míele mɔ kpɔm be ƒukpoa dzi nɔla geɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ava ɖo to le etsɔme.

Vaseɖe fifia la, ame ewo ye woɖe le ƒukpoa dzi wova nya Yehowa Mawu ŋuti nyateƒea kple eƒe tameɖoɖowo. Wo dometɔ aɖewo dzo le ƒukpoa dzi le susu vovovowo ta. Gake ne wokpɔtɔ li alo wodzo o, woƒe ɖeɖekpɔkpɔ le gbɔgbɔ me ɖe vi sasasã wu Alexander Selkirk tɔ. Fifia wole gbɔgbɔmeparadiso me le afisiafi si woanɔ. Seƒoƒobɔ nyuiwo ƒo xlã nɔvinyɔnu siwo kpɔtɔ le ƒukpoa dzi kple wo viwo ƒe aƒewo, gake nusi wu ema gɔ̃ hãe nye mɔkpɔkpɔ le wo si be yewoanɔ agbe le ɣeyiɣi si me anyigbaa katã anye paradiso vavãtɔ le nusi tututu paradiso fia la nu.

Ameɖeɖedɔa le Edzi Yim

Xexeame ƒe akpa si Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue sia le le Robinson Crusoe ƒukpoa dzi la didi tso woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nyɔnu susɔeawo gbɔ ʋĩ. Ke hã womesena le wo ɖokui me be yewotsi akogo abe alesi Scotlandtɔ Selkirk se le eɖokui mee ene o. Woto teokrasi-gbalẽwo, takpekpe sue kple gãwo ƒe video siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdze si le Chile ɖona ɖe wo zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, kple nutome sue dzikpɔla ƒe ƒe sia ƒe sasrãkpɔa me na kadodo kplikplikpli le woa kple Yehowa ƒe habɔbɔa dome. Eyata wokpɔtɔ nye ‘nɔviwo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔ bliboa’ me tɔ veviedonulawo.—Petro I, 5:9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Ƒukpoa ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Más a Tierra.

[Maps/​Picture on page 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

CHILE

Santiago

ROBINSON CRUSOE ƑUKPO

San Juan Bautista

El Yunque

PASIFIK ƑUA

SANTA CLARA ƑUKPO

[Nɔnɔmetata]

Ne èle tetem ɖe ƒukpoa ŋu la, àkpɔ kpe gã glidza aɖe le atsiaƒua titina

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Map of Chile: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

To gã glidzaglidza si ŋkɔe nye El Yunque (Zukpe)

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

San Juan Bautista (Ame Kɔkɔe Yohanes Mawutsidetanamela) kɔƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ƒukpo suesuewo nye bebeƒe na nyo siwo ŋu fu le kple esiwo ŋu fu mele o

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Míeɖo yameʋu sue aɖe tso Santiago, Chile

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Robinson Crusoe Ƒukpoa ƒe ƒuta si kpewo le glidzaglidza

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Fiaɖuƒe Akpata sue si le ƒukpoa dzi