Dzidzedzekpɔkpɔ To Kutrikuku Me
Dzidzedzekpɔkpɔ To Kutrikuku Me
KUTRIKUKU megabɔ le egbeŋkekeawo me o. Ame geɖe susui be dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe teƒe si dze la nɔnɔ le ɣeyiɣi si sɔ me dzi wu kutrikuku. Amekae abu fɔ wo? Boblododowo bɔ ɖe nyatakakamɔnuwo me siwo flua amewo wosusuna be nusianu kloe ate ŋu asu ame si to agbagbadzedze vi aɖe kple ga vi aɖe ko dzi. Enuenu la, nyadzɔdzɔgbalẽwo gblɔa ɖekakpui dɔnunɔla dzeaɖaŋu siwo nu dze edzi na le zã ɖeka ko me eye wokpɔ ga miliɔn gbogbo aɖewo esi wodo le suku teti la ƒe ŋutinyawo.
Nyadzɔdzɔŋlɔla Leonard Pitts fa konyi be: “Le amegbetɔƒomea si me tɔwo lɔ̃na ɖe nukpɔsusu vovovowo dzi bɔbɔe dome la, gãnyenye dze nu bɔbɔe aɖee ale gbegbe. . . . Edze abe nane si dzi amesiame ƒe asi ate ŋu asu ne ekpɔ ayedzedze si hiã, eye ŋutetea le esi, alo Mawu ve enu ene.”
Nukae Nye Kutrikuku?
Be woaku kutri fia be ‘woalé tameɖoɖo, nɔnɔme, alo dɔ aɖe me ɖe asi sesĩe togbɔ be kplamatsedonuwo alo kpododonu ado mo ɖa gake.’ Ebia tenɔnɔ sesĩe ɖe fukpekpe nu ɣeawokatãɣi, tamanamana, dzidodo. Biblia ƒo nu tso nɔnɔme sia ƒe vevienyenye ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: ‘Minɔ mawufiaɖuƒe la didi dzi gbãgbiagbã,’ ‘minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi,’ “minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi,” eye “milé nu nyui la me ɖe asi.”—Mateo 6:33; Luka 11:9; Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:21.
Kutrikuku ƒe akpa vevi aɖee nye tenɔnɔ ɖe kpododonu Lododowo 24:16 gblɔ be: ‘Ame dzɔdzɔe ate ŋu adze anyi zi adre, eye wòagafɔ.’ Le esi teƒe be kutrikula ‘nana ta’ ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa alo wòado kpo nu la, ‘egafɔna ɖe tsitre,’ ‘yia edzi’ gatenɛ kpɔna.
siwo ado mo ɖa godoo la nu.Ke hã ame geɖe medzra ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ kple kpododonu siwo ate ŋu ado mo ɖa la ŋu o. Le esi womedi be yewoaku kutri aɖeke o ta la, wonaa ta bɔbɔe. Agbalẽŋlɔla Morley Callaghan gblɔ be: “Alesi ame gbogbo aɖewo wɔa nu ɖe kpododonu ŋu la gblẽa nu le wo ŋu. Woƒe nu wɔa nublanui na wo ɖokui, wobua fɔ amesiame, wodoa dɔmedzoe eye . . . wonaa ta.”
Esia wɔ nublanui. Pitts ɖee fia be: “Míeŋlɔna be be susu aɖe tae wòle be míato dodokpɔ me ɖo, nu xɔasi aɖe li wokpɔna le fukpekpe me.” Nu xɔasi kae nye ma? Ewu enu be: “[Ame] va dzea sii be kpododonu mewua ame o, alo meɖua ame dzi tegbee o. Enana wonyaa nu ɖe edzi. Enana wonɔa dzadzraɖoɖi.” Biblia gblɔe kpuie be: “Agbagbadzedze hea viɖe vɛ.”—Lododowo 14:23.
Le nyateƒe me la, be woagate nuwɔwɔ akpɔ le kpododonu megbe menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, míedzea ŋgɔ kuxi aɖewo siwo gblẽa agbagba ɖesiaɖe si míedzena be míaɖu wo dzi la me. Le esi teƒe be wòawɔ abe ɖe míele míaƒe taɖodzinua gbɔ ɖom ene la, ewɔna abe ɖe egbɔ le didim ɖe edzi ene boŋ. Míase le mía ɖokui me be nu te mía ŋu, ŋutete megale mía ŋu o, eye dzi aɖe le mía ƒo eye míalé blanui gɔ̃ hã. (Lododowo 24:10) Ke hã Biblia de dzi ƒo na mí be: ‘Mígana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.’—Galatiatɔwo 6:9.
Nukae Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu Míaku Kutri?
Kutrikuku le nane wɔwɔ me ƒe afɔɖeɖe gbãtɔe nye be woaɖo taɖodzinu siwo ŋu viɖe le eye wo gbɔ anya ɖo. Apostolo Paulo se esia gɔme nyateƒe. Egblɔ na Korintotɔwo be: “Nye la mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o.” Paulo nyae be ne yeƒe agbagbadzedzewo akpɔ dzidzedze la, yehiã taɖodzinu siwo gbɔ yeate ŋu aɖo, abe alesi dudimekela ƒe susu nɔa ka si wòatso dzi ene. Exlɔ̃ nu wo be: “Alo mienyae bena, amesiwo le dudime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike dudime nenema, ne miaƒe asi nasu edzi!” (Korintotɔwo I, 9:24, 26) Aleke míate ŋu awɔ esiae?
Lododowo 14:15 gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Enye nusi me nunya le be míagbugbɔ ŋku alé ɖe mɔnu siwo ŋudɔ míewɔna le agbe me ŋu edziedzi, ahanɔ afisi míeɖo tae kple ne ahiã be míawɔ asitɔtrɔ aɖewo ŋu nya biam mía ɖokui. Ele vevie be nusi míedi be míawɔ kple nusitae míedi be míawɔe ɖo me nakɔ na mí nyuie le susu me. Ne nusi gbɔ míedi be míaɖo la le susu me na mí vevie la, míana ta bɔbɔe o. Lododo si tso gbɔgbɔ me la xlɔ̃ nu be: “Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽ,” ale be “wò mɔwo katã nesɔ ɖe eteƒe.”—Lododowo 4:25, 26.
Ne ède dzesi wò taɖodzinuwo vɔ la, afɔɖeɖe eveliae nye ŋugbledede le mɔ si dzi nàto aɖo wo gbɔ la ŋu. Yesu bia be: ‘Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta o mahã?’ (Luka 14:28) Le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose sia la, susuŋutinunyala bibi aɖe gblɔ be: “Nusiwo mede dzesii le amesiwo kpɔ dzidzedze ŋu dometɔ ɖekae nye be wose nusiwo hea nanewo vɛ kple wo me tsonuwo gɔme nyuie le woƒe agbe me. Amesiwo kpɔ dzidzedze nyae be ne yewole nane dim la, ele be yewoawɔ nusiwo katã hiã be yewoƒe asi nasu edzi.” Afɔ siwo katã wòahiã be míaɖe be míaƒe asi nasu nusi dim míele dzi la nyanya nyuie akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ eŋu. Ana wòanɔ bɔbɔe na mí hã be ne míedo kpo nu la, míagatrɔ ɖe mɔnu bubu ŋu. Nuŋububu aleae nye nusi dzi Orville kple Wilbur Wright ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖo.
Eyata ne edzɔ be nèdo kpo nu la, dze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui be nàtsɔ susu nyui akpɔe ahabui be enye nuteƒekpɔkpɔ si me yeate ŋu asrɔ̃ nu tsoe. Lé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu, di afisi nèwɔ vodadaa le, eye nàɖɔ vodadaa ɖo alo aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔa dzi. Esi wònye “tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu” ta la, anyo be nàɖo dze Lododowo 20:18) Le dzɔdzɔme nu la, agbagba ɖesiaɖe si nàdze awɔe be nàbi ɖe edzi eye aɖaŋu asu asiwò ɖe edzi wu, si awɔe be dzidzedzekpɔkpɔ ƒe mɔ aʋu ɖi na wò mlɔeba.
tso eŋu na ame bubuwo. (Kutrikuku ƒe akpa vevi etɔ̃liae nye nuwɔwɔ edziedzi. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Aleke nyaa le o, afisi míewɔ ŋgɔyiyi se ɖoe la, mina míayi edzi azɔ ɖe ɖoɖo ma ke nu.” (Filipitɔwo 3:16, NW) Abe alesi nufiala aɖe gblɔe ene la, “nuwɔwɔ le ŋuɖɔɖo me kple ewɔwɔ edziedzi hena ɣeyiɣi didi tsea ku geɖe.” Esia ƒe kpɔɖeŋu dze nyuie le klo kple fɔmizi ƒe gli nyanyɛa si Aesop kpa me. Togbɔ be klo zɔna blewu wu fɔmizi hã la, eɖu dudimekekea dzi. Nukatae? Elabena klo ɖo tame kplikpaa henɔ zɔ ɖem ɖe ɖoɖo aɖe nu. Medzudzɔ o ke boŋ eƒu dua le mɔ aɖe si ate ŋu awɔe be wòawu enu la nu, eye wònɔ edzi nenema vaseɖe esime wòtso ka la. Esi wònye be amesi si ɖoɖo le eye wòkpɔa ŋgɔ tẽ la wɔa ŋgɔyiyi edziedzi ta la, didia gakpɔtɔ nɔa eyama me eye madi be yeaɖe asi le eŋu alo be woaɖe ye le dudimekekea me o. Ẽ, ‘ke dudimea nenema’ be wò asi nasu wò taɖodzinua dzi.
Taɖodzinu Siwo Ðea Vi Tiatia
Le nyateƒe me la, be viɖe nanɔ kutrikuku ŋu la, ele be taɖodzinu siwo ŋu viɖe le nanɔ mía si. Ame geɖe nɔa nusiwo mehea dzidzɔkpɔkpɔ vɛ o la yome. Gake Biblia ɖee fia be: “Amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖe se la me, eye wònɔ edzi la, . . . woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.” (Yakobo 1:25) Ẽ, Mawu ƒe se siwo le Biblia me la sɔsrɔ̃ be woase egɔme la nye taɖodzinu nyui aɖe. Nukatae? Vevietɔ la, le esi wònye Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔe deblibowo dzie wotu eƒe seawo ɖo tae. Esi wònye Wɔla ta la, enya nusi nyo wu na eƒe nuwɔwɔwo. Eyata ne míekua kutri le Mawu ƒe mɔfiamewo sɔsrɔ̃ me hetsɔ wo de dɔwɔna me le míaƒe agbenɔnɔ me la, kutrikukua ahe dzidzɔkpɔkpɔ vɛ na mí godoo. Lododowo 3:5, 6 do ŋugbe be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, . . . Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”
Gakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be Mawu kple Yesu ŋuti sidzedze ƒe amesisusu “nye agbe mavɔ.” (Yohanes 17:3) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:3-13) Eteƒe madidi o, Mawu ƒe Fiaɖuƒe, eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea, adze anyigbadzinɔlawo dzi ɖuɖu gɔme. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Dziɖuɖu sia ahe ŋutifafa, nudzedziname, kple lãmesẽ ƒe ɣeyiɣi si menɔ anyi kpɔ o vɛ na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã. (Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 21:4) Dɔwɔwɔwo 10:34 gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o.” Ẽ, wole amesiame kpem be wòava kpɔ gome le viɖeawo me!
Biblia nye blemagbalẽ si me yɔ fũ kple nunya kpakple gɔmesese. Egɔmesese bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze. Gake to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu dzi—kple ne míeyi edzi di sidzedze si le eme—la, eme akɔ na mí. (Lododowo 2:4, 5; Yakobo 1:5) Nyateƒee, nusiwo srɔ̃m míele la tsɔtsɔ de dɔwɔna me ate ŋu asesẽ. Ðewohĩ abia be míawɔ asitɔtrɔ le míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo ŋu. Ðewohĩ xɔlɔ̃wo alo ƒometɔ veviwo atsi tre ɖe míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu gɔ̃ hã. Eyata kutrikuku hiã. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be Mawu ana agbe mavɔ amesiwo ‘doa dzi le dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Romatɔwo 2:7) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò be nàɖo taɖodzinu sia gbɔ.
Kakaɖedzi nenɔ asiwò be àkpɔ dzidzedze ne èku kutri le nusɔsrɔ̃ tso Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu eye ne èyi edzi tsɔ nusi srɔ̃m nèle la dea dɔwɔna me ɣesiaɣi.—Psalmo 1:1-3.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Àkpɔ dzidzedze ne èku kutri le nusɔsrɔ̃ tso Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu me
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]
Culver Pictures