Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yakob va zu Mesia la tɔgbui le esi wòƒle Esau ƒe ŋgɔgbevinyenyea ta?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le blema Israel la, ɖe wòle be ŋgɔgbevinyenye ƒe gome nanɔ ame si hafi wòanɔ dzidzime si me Mesia la adzɔ tso la mea?

Míegblɔ nya siwo afia nenema ɣeaɖewoɣi va yi. Edze abe ɖe susu sia wɔ ɖeka kple nya si le Hebritɔwo 12:16 ene. Mawunyakpukpui ma gblɔ tso Esau ŋu be “medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o,” eye wòtsɔ “eƒe ŋgɔgbevinyenye na [Yakob] ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ta.” Nya siawo na wòdze abe esi ‘ŋgɔgbevinyenyea’ va su Yakob si tae wòva nɔ dzidzime si me Mesia la ado tso la me ene.—Mat. 1:2, 16; Luka 3:23, 34.

Ke hã, Biblia me ŋutinyawo me dzodzro ɖee fia be mehiã be ame nanye ŋgɔgbevi hafi anɔ dzidzime si me Mesia la ado tso la me o. Kpeɖodziawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

Le Yakob (alo Israel) viŋutsuwo dome la, Ruben ye nye eƒe ŋgɔgbevia, eye Lea ye dzii. Emegbe la, viŋutsu gbãtɔ si Yakob srɔ̃ malɔ̃nugbɔa Rahel dzi nɛ lae nye Yosef. Esi Ruben va wɔ nu gbegblẽ si nye ŋkubiã la, wotsɔ ŋgɔgbevinyenyea na Yosef. (1 Mose 29:31-35; 30:22-25; 35:22-26; 49:22-26; 1 Kron. 5:1, 2) Ke hã, Mesia la medzɔ tso Ruben loo alo Yosef ƒe ƒomea me o. Yuda, si nye Yakob viŋutsu enelia si Lea dzi nɛ la mee Mesia la va dzɔ tso.—1 Mose 49:10.

Luka 3:32 yɔ ame atɔ̃ aɖewo siwo le dzidzime si me Mesia la ado tso la me. Edze abe wo dometɔ ɖe sia ɖe nye ŋgɔgbevi ene. Le dzidzimea nu la, Boaz dzi Obed, eye Obed hã dzi Isai.—Rut 4:17, 20-22; 1 Kron. 2:10-12.

Ke hã, Isai ƒe vi David ya menye ŋgɔgbevi o. David ye nye viaŋutsu enyiawo ƒe ɖevitɔ. Gake David ƒe ƒomea mee Mesia la do tso. (1 Sam. 16:10, 11; 17:12; Mat. 1:5, 6) Ame si kplɔ David ɖo le dzidzimea nu lae nye via Salomo, eye eya hã menye ŋgɔgbevi o.—2 Sam. 3:2-5.

Gake esia mefia be ŋgɔgbevinyenyea mele vevie o. Bubue wònye be ame nanye ŋgɔgbevi, eye zi geɖe la, eyae nɔa ƒome bliboa nu ne ƒomea ƒe ta megava li o. Eya hãe nye viŋutsu si xɔa domenyinua ƒe teƒe eve.—1 Mose 43:33; 5 Mose 21:17; Yos. 17:1.

Ke hã, woate ŋu atsɔ ŋgɔgbevinyenyea ana ame bubu. Abraham do mɔ Ismael wòdzo, eye ŋgɔgbevinyenyea va zu Isak tɔ. (1 Mose 21:14-21; 22:2) Eye abe ale si míegblɔe va yi ene la, woxɔ ŋgɔgbevinyenyea le Ruben si hetsɔe na Yosef.

Azɔ míagatrɔ susu ɖe Hebritɔwo 12:16 me nyawo ŋu. Afi ma gblɔ be: “Ame aɖeke naganye ame si ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me alo ame si medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, abe Esau, ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.” Nya ka gblɔmee kpukpui sia le?

Menye dzidzime si me Mesia la ado tso ŋue apostolo Paulo nɔ nu ƒom tsoe o. Ðeko wòde dzi ƒo na hati Kristotɔwo be ‘woaɖe mɔ dzɔdzɔe na woƒe afɔwo’ vɔ koe nye ema. Egblɔ esia kple susu be ‘Mawu ƒe amenuveve la nagage le’ wo si o. Nublanuitɔe la, esia ate ŋu adzɔ ne woƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me. (Heb. 12:12-16) Ne edzɔ alea la, ke wova le abe Esau ene. Esau ‘mede asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o,’ eƒe nuwɔnawo ɖee fia be gbɔgbɔmenuwo menɔ vevie nɛ o vavã.

Esau nɔ agbe le blemafofowo ŋɔli, eye anɔ eme be mɔnukpɔkpɔ su esi ɣeaɖewoɣi be wòasa vɔwo gɔ̃ hã. (1 Mose 8:20, 21; 12:7, 8; Hiob 1:4, 5) Gake esi Esau tsɔ susu ɖo ŋutilãmenuwo ŋu ta la, eɖe asi le mɔnukpɔkpɔ mawo katã ŋu ɖe ayitadi agba ɖeka ta. Ate ŋu anye be edi be yeaƒo asa na fukpekpe si ŋu nya wogblɔ ɖi be ava Abraham ƒe dzidzimevia dzi. (1 Mose 15:13) Esau gaɖee fia be gbɔgbɔmenuwo menɔ vevie na ye o eye yemedea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o esi wòɖe nyɔnu trɔ̃subɔla eve, eye esia zu nuxaxa gã aɖe na edzilawo. (1 Mose 26:34, 35) Yakob ya to vovo kura, elabena ekpɔ egbɔ be yeɖe ame si subɔa Mawu vavã la!—1 Mose 28:6, 7; 29:10-12, 18.

Aleke míaƒo nya tae azɔ ku ɖe dzidzime si me Yesu, si nye Mesia la, do tso ŋu? Ɣeaɖewoɣi la, viŋutsu si nye ŋgɔgbevi la nɔa dzidzime ma me, gake menye ɣesiaɣie wònɔa alea o. Yudatɔwo de dzesi esia eye wolɔ̃ ɖe edzi hã. Le kpɔɖeŋu me, wolɔ̃ ɖe edzi be David, si nye ɖevitɔ le Isai viŋutsuwo dome mee Mesia la ado tso.—Mat. 22:42.