Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae 2 Samuel 21:7-9 gblɔ be David ‘ve Mefiboset nu,’ gake wògagblɔ be David tsɔ Mefiboset na be woawu?

Biabia sia va susu me na ame geɖe si xlẽ ŋutinya ma. Gake le nyateƒe mea, Mefiboset vovovo eve ŋue woƒo nu tsoe. Eye míate ŋu asrɔ̃ nane tso ŋutinya sia me.

Viŋutsu adre kple vinyɔnu eve ye nɔ Israel-fia Saul si. Viaŋutsu tsitsitɔ ŋkɔe nye Yonatan. Eye Saul ƒe ahiãvi, Rizpa, hã dzi ŋutsuvi ɖeka nɛ, si ŋkɔe nye Mefiboset. Gake nya lae nye be Saul ƒe vi Yonatan hã dzi viŋutsuvi; eya hã ŋkɔe nye Mefiboset. Eya ta Fia Saul ƒe vi ɖeka kple tɔgbuiayɔvi la siaa tɔ ŋkɔ ɖeka, si nye Mefiboset.

Eva dzɔ ɣeaɖeɣi be Fia Saul tso ɖe Gibeontɔ siwo nɔ Israel-viwo domea ŋu be yeatsrɔ̃ wo katã gbidigbidi. Ewu wo dometɔ aɖewo hã vavã. Gake ema mesɔ kura o. Nu ka tae? Elabe le Yosua ƒe ɣeyiɣiawo mea, Israel-metsitsiwo bla ŋutifafanu kple Gibeontɔwo.—Yos. 9:3-27.

Nubabla ma gakpɔtɔ nɔ dɔ wɔm le Fia Saul ƒe ŋkekea me, eya ta esi wòdze agbagba be yeatsrɔ̃ Gibeontɔwo la, eda le nubablaa dzi. Esia wɔe be “Saul kple eƒe aƒe la ɖi ʋufɔ.” (2 Sam. 21:1) Emegbea, David va zu fia, eye Gibeontɔ siwo nɔ agbe ɣemaɣia va ɖe nyaa dzi nɛ. David bia wo be woagblɔ nu si yeawɔ atsɔ alé avu ale be Yehowa nayra dukɔa la na ye. Gake Gibeontɔwo mebia kesinɔnu alo ga o, ke boŋ wobia be wòaɖe ‘ŋutsu si ɖo tame be yeatsrɔ̃ yewo keŋkeŋ’ la ƒe viŋutsu adre na yewo ne yewoawu. (4 Mose 35:30, 31) David wɔ ɖe woƒe biabiaa dzi.—2 Sam. 21:2-6.

Ɣemaɣia, Saul kple Yonatan ku le aʋa me xoxo, gake Yonatan ƒe vi Mefiboset ya nɔ agbe. Ezu wɔametɔ tso eƒe ɖevime ke le afɔku aɖe si dzɔ ɖe edzi ta, eye mewɔ ɖeka kple tɔgbuia esime wòtso ɖe Gibeontɔwo ŋu o. David kple Yonatan nye xɔlɔ̃wo eye wobla nu kple wo nɔewo be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu. Esi Mefiboset nye Yonatan ƒe vi taa, nubabla ma aɖe vi na eya hã. (1 Sam. 18:1; 20:42) Biblia gblɔ be: “Fia [David] ve Mefiboset, Saul vi Yonatan ƒe viŋutsu nu le atam si David kple Saul vi Yonatan ka le Yehowa ŋkume ta.”—2 Sam. 21:7.

Ke hã, David wɔ Gibeontɔwo ƒe biabiaa dzi. Eɖe Saul viŋutsu eve siwo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Mefiboset na wo, eye wòtsɔ Saul tɔgbuiyɔvi atɔ̃ kpe ɖe eŋu na wo be woawu. (2 Sam. 21:8, 9) Esia wɔe be Mawu lɔ̃ se woƒe kukuɖeɖe eye wòɖe ʋufɔɖiɖia ɖa.

Menye ŋutinya dzro koe nudzɔdzɔ sia nye o. Mawu de se eme kɔ be: “Womawu viwo . . . ɖe nu si wo fofowo wɔ la ta o.” (5 Mose 24:16) Ne ɖe Saul viŋutsu eveawo kple tɔgbuiayɔvi atɔ̃awo meɖi fɔ o la, anye ne Yehowa mada asi ɖe nu si wowɔ wo la dzi o. Mawu ƒe sea gagblɔ be: “Woawu ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.” Anɔ eme be, Saul ƒe dzidzimevi adre siwo kua wɔ ɖeka kplii esime wònɔ agbagba dzem be yeatsrɔ̃ Gibeontɔwo. Eya ta ŋutsu adre mawo ku le woawo ŋutɔwo ƒe nu vɔ̃ ta.

Míesrɔ̃e le ŋutinya sia me be, ame si wɔ nu gbegblẽ mate ŋu aɖe eɖokui nu agblɔ be, ame aɖee gblɔ be yenewɔe tae yewɔe ɖo o. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Ðe toƒe sɔsɔe na wò afɔ, ekema kakaɖedzi anɔ wò mɔwo katã ŋu.”—Lod. 4:24-27; Ef. 5:15.