Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NÀWƆ AKPƆ AKƆFAFA?

Mí Katã Míehiã Akɔfafa

Mí Katã Míehiã Akɔfafa

Èɖo ŋku edzi be èdze anyi kpɔ le ɖevime eye nu vevi wɔ wòa? Ðewohĩ esia wɔe be nu vevi wɔ asi na wò alo wò klonu bebe. Àte ŋu aɖo ŋku ale si dawò fa akɔ na wòe la dzia? Anɔ eme be eklɔ abia heblae na wò. Ènɔ avi fam, ke hã esi wòkɔ wò ɖe akɔnu henɔ akɔfanyawo gblɔm na wò la, wò dzi dze eme. Ɣemaɣi la, enɔa bɔbɔe be nàkpɔ akɔfafa.

Gake ne míele tsitsim la, agbea va sesẽna wu. Kuxiawo nɔa sesẽm ɖe edzi, eye nenema kee wòsesẽna be míakpɔ akɔfafa. Nublanuitɔe la, womate ŋu akpɔ ame tsitsiwo ƒe kuxiwo gbɔ abe ale si vidada blaa abi na via hekɔnɛ ɖe akɔnu ene o. Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

  • Dzigbãnyae wònyena ne dɔ ge le ame si. Ðe esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Julian gblɔ be esi dɔ ge le ye si la, ete ɖe ye dzi ale gbegbe be ɖeko yetɔtɔ. Enɔ eɖokui biam be, ‘Aleke mawɔ akpɔ nye ƒomea dzi? Esi mewɔ dɔ sesĩe ƒe geɖe megbe la, nu ka tae dɔtɔawo susu be viɖe aɖeke megale ŋunye o?’

  • Ðewohĩ esi wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la, wò dzi gbã gudugudu. Raquel gblɔ be: “Esi srɔ̃nye gblẽm ɖi kpata ƒe ɖeka kple afãe nye esi va yi la, melé blanui ŋutɔ. Ðeko wòwɔ abe ɖe nye dzi ma ɖe eve ene. Nye dzi nɔ veyem, mexa nu ale gbegbe, eye vɔvɔ̃ ɖom.”

  • Ðewohĩ lãmesẽkuxi sesẽ aɖe le fu ɖem na wò eye mele kakam ɖe eme vie gɔ̃ hã o. Ɣeaɖewoɣi la, àse le ɖokuiwò me abe Hiob si nɔ anyi le blema ene. Efa konyi be: “Menyɔ ŋu nye agbe; nyemegadi be manɔ agbe o.” (Hiob 7:16) Alo ɖewohĩ èse le ɖokuiwò me abe Luis, si nye ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe 80-awo la ene. Egblɔ be, “Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna nam abe nye kugbe ko lalam mele ene.”

  • Alo anɔ eme be wò ame vevi aɖe ƒe ku na nèle akɔfafa dim abe ya ene. Robert gblɔ be: “Esi vinyeŋutsua nɔ yameʋu me wòge eye wòku la, gbã la, nyemexɔe se o. Eyome mese veve le ememe ale gbegbe. Enɔ abe vevesese si Biblia tsɔ sɔ kple ale si ame ase le eɖokui me ne wotsɔ yi legbee ƒo ɖee ene.”—Luka 2:35.

Robert, Luis, Raquel kple Julian siaa kpɔ akɔfafa le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me. Ame nyuitɔ kekeake si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu lae fa akɔ na wo—eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Aleke Mawu faa akɔ na amee? Ðe wòafa akɔ na wò hã abe ale si wòfa akɔ na wo enea?