Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

Ðe ame aɖe wɔ nu manyomanyo ɖe ŋuwò kpɔ le esi wòlé fu wò ta?

Ne medzɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò kpɔ o hãa, ànya kpɔ fulélenuwɔna aɖewo teƒe kpɔ. Zi geɖea, míesea ale si amewo wɔa nu vlowo ɖe ame bubuwo ŋu le ŋutigbalẽ si le wo ŋu, woƒe dzixɔse alo dukɔ si me wotso ta. Esia wɔe be dziɖuɖu geɖe de se be woahe to na ame sia ame si awɔ nu vlo ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu le fuléle ta.

Fuléle hea fuléle geɖe vɛ. Zi geɖe ne wolé fu ame aɖe eye wowɔ nu manyomanyo ɖe eŋua, eya hã wɔa wɔɖenui, eye esia dzia fuléle ɖe edzi.

Ðewohĩ wo dzu wò, do ŋɔdzi na wò, ɖu fewu le ŋuwò, bu nazã alo susu vɔ̃ ɖe ŋuwò kpɔ. Gake fuléle yi ŋgɔ wu nu siawo. Zi geɖea, fuléle nana amewo sẽa ŋuta, gblẽa amewo ƒe nuwo dome, dɔa amewo gbɔ sesẽe, alo wua amewo kura gɔ̃ hã.

Magazine sia aɖo biabia siwo gbɔna ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ aɖu fuléle dzi:

  • Nu ka tae fuléle bɔ alea gbegbe?

  • Aleke míawɔ aɖu fuléle dzi?

  • Ðe fuléle nu ayi keŋkeŋ gbe ɖeka?