Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Sedede Si Ma Xexea Me Ðe Eve

Sedede Si Ma Xexea Me Ðe Eve

ESI Aƒetɔ Christopher Columbus zɔ mɔ yi Amerika gbɔ zi gbãtɔ le ƒe 1493 me la, Spaintɔwo kple Portugaltɔwo ƒe fiawo ʋli nya le wo dometɔ si akpɔ ŋusẽ ɖe asitsatsa le nuto yeye siwo ŋu woke ɖo me la dzi kple wo dzi ɖuɖu ŋu. Spaintɔwo bia tso papa Alexander VI si be wòakpɔ nyaa gbɔ na yewo.

FIAWO KPLE PAPAWO MA XEXEA ME

Spain, Portugal kple papawo ƒua asi akɔ xoxo be yewo tɔwoe nye anyigba yeye siwo katã ŋu woake ɖo. Le ƒe 1455 me la, Papa Nicholas V na gome Portugaltɔwo be woawo ɖeɖe koe kpɔ mɔ adi anyigba yeyewo kple ƒukpowo le Afrika ƒe Atlantik-ƒutawo katã eye be nu sia nu si le nuto mawo me la nye wo tɔ. Le Alcáçovas Ƒe Nubabla si wowɔ le ƒe 1479 me ƒe wɔnawo wɔɣi la, Portugaltɔwo ƒe fia Afonso V kple Fiavi John ɖe asi le Canary-ƒukpowo ŋu na Spaintɔwo ƒe fia Ferdinand kple Isabella. Spaintɔwo hã lɔ̃ ɖe edzi be Portugaltɔwo nakpɔ ŋusẽ ɖe asitsatsa le Afrika dzi eye Portugaltɔwo ƒe ŋusẽ tee du siwo nye Azores, Cape Verde Ƒukpo kple Madeira anɔ. Le ƒe eve megbe la, Papa Sixtus IV ɖo kpe nubabla sia dzi eye wògblɔ be anyigba yeye ɖe sia ɖe si ŋu woake ɖo le Canary Ƒukpoa ƒe anyiehe kple eƒe ɣedzeƒe la anye Portugaltɔwo tɔ.

Gake Aƒetɔ John si wona ŋkɔ fifia be Portugaltɔwo ƒe John II gblɔ be anyigba yeye siwo katã ŋu aƒetɔ Columbus ke ɖo la nye Portugaltɔwo tɔ. Spaintɔwo ƒe fiawo meda asi ɖe nya sia dzi kura o, eye wotsɔ nyaa yi papa Alexander VI gbɔ be wòana gome yewo hã yewoaɖu du siwo ŋu aƒetɔ ke ɖo la dometɔ aɖewo dzi ahatrɔ wo me nɔlawo woazu Kristotɔwo.

Papa Alexander VI to eƒe nuŋlɔti dzi ma xexea me ɖe eve

Le esia ta papa Alexander tsɔ nyametsotso etɔ̃ aɖewo tu anyi. Gbãtɔe nye be, etsɔ anyigba yeyewo dzi ɖuɖu de asi na Spain ɖeɖe ko tegbee “le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔ me.” Le eƒe sedede evelia nu la, eɖe liƒo aɖe si tso dziehe va anyiehe si didi tso Cape Verde Ƒukpoa gbɔ le eƒe ɣetoɖoƒe gome anɔ abe kilometa 560 ene. Papa Alexander gblɔ be anyigba yeye ɖe sia ɖe si ŋu woke ɖo kple esiwo ŋu woava ke ɖo la nye Spaintɔwo tɔ. Papa to eƒe nuŋlɔti dzi ma xexea me ɖe eve! Edze abe eƒe sedede etɔ̃lia na ŋusẽ Spaintɔwo be woaɖu nuto siwo le ɣedzeƒekpa dzi va ke ɖe India dzi ene. Esia na dzi ku Portugaltɔwo ƒe fia John II, ame si ƒe dɔlawo zɔ mɔ ɖato Afrika ƒe anyiehe ʋĩ ke yi ɖado ɖe keke India Ƒua dzi eye woto esia dzi na Portugaltɔwo ƒe ŋusẽ keke ta va ɖo keke nuto mawo me eteƒe medidi o ye nye ema.

WOGBUGBƆ MA XEXEA ME ÐE EVE

Esi Papa Alexander * ƒe nuwɔnawo va ti kɔ na Portugaltɔwo ƒe fia John la, eya ŋutɔ te ɖe aƒetɔ Ferdinand kple Isabella ŋu be yewoagblɔe ase eme na yewo nɔewo. Agbalẽŋlɔla William Bernstein gblɔ be: “Edzɔ dzi na Spaintɔwo ƒe fia siwo nɔ vɔvɔ̃m na Portugaltɔ akpasesẽnuwɔla siwo biã ŋku ɖe anyigba siwo le Amerika xɔxɔ ŋu la be yewoagblɔe ase eme na yewo nɔewo.” Eya ta le ƒe 1494 me la, wowɔ nubabla aɖe le Spaintɔwo ƒe du si nye Tordesillas me eye wotsɔ du sia ŋkɔ na nubabla ma.

Tordesillas Nubabla da asi ɖe papa Alexander ƒe liƒo si wòɖe tso dziehe va anyiehe la dzi, gake wohe liƒoa yi megbe ʋĩ yi ɣetoɖoƒe gome kilometa 1,480. Esia va na be Afrika bliboa kple Asia hã “va zu” Portugaltɔwo tɔ, eye Amerika ya zu Spaintɔwo tɔ. Gake liƒo sia hehe yi ɣetoɖoƒekpa dzi ʋĩ alea wɔe be anyigba siwo ŋu wova ke ɖo emegbe abe Brazil ene va zu Portugaltɔwo tɔ.

Spaintɔwo kple Portugaltɔwo nɔ te ɖe sedede sia si na ŋusẽ wo be woate ŋu axɔ anyigba yeyewo woazu wo tɔ ahakpɔ wo dzi la dzi kɔ ʋu geɖe ɖi. Sededea wɔe be wotu afɔkpo anyigba mawo dzi nɔlawo ƒe gomenɔamesiwo eye wote wo ɖe anyi heha woƒe nuwo. Sedede siawo wɔe hã be dukɔ geɖewo wɔ aʋa kple wo nɔewo ƒe alafa geɖewo ɖe anyigba mawo dzi ɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe atsiaƒuwo dzi ta.

^ mm. 9 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso papa nu fitifiti wɔla sia ŋu le nyati si nye “Alexander VI—Papa Si Rome Meŋlɔna Be O” me le Gbetakpɔxɔ, June 15, 2003, axa 26-29.