ÐE WOWƆEA?
Sɔfɔti
SƆWO tea ŋu sia du kilometa 50 le gaƒoƒo ɖeka me. Togbɔ be esia lɔ ŋutinu geɖewo ƒe dɔwɔwɔ ɖe eme hã la, ŋusẽ ʋɛ aɖe ko wozãna. Nu ka gbɔe esia tsona? Etsoa sɔfɔtiawo ƒe dɔwɔwɔ gbɔ.
Bu nu si dzɔna ne sɔ le du dzi ŋu kpɔ. Ŋusẽ ɖoa lãkusi kple kpeƒetsiaka ƒomevi aɖe siwo me hena siwo wɔa dɔ aduadu la me ne sɔa tu afɔ anyi eye ne woɖe asi le ŋusẽa ŋu la, etutua sɔa dona ɖe ŋgɔ.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne sɔa le du sim la, eƒe afɔtiwo nɔa ƒoƒom sesĩe, si ate ŋu agblẽ nu le eƒe kpeƒetsiakawo ŋu hafi. Gake lãkusiawo xɔna na kpeƒetsiakawo ale be nu megblẽna le wo ŋu o. Numekulawo gblɔ le ŋutinu siawo ƒe wɔwɔme ŋu be enye “lãkusi kple kpeƒetsiakawo ƒe wɔwɔme si de ŋgɔ ŋutɔ.”
Numekulawo le agbagba dzem be yewoakpɔ sɔfɔti ƒe wɔwɔme dzi awɔ robot siwo si afɔ ene anɔ. Ke hã Massachusetts Ƒe Mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea ƒe dɔwɔƒe si nye Dzɔdzɔmenuwo Dzi Kpɔkpɔ Awɔ Robot Ƒe Numekuƒe gblɔ be ale si gbegbe sɔfɔti ƒe wɔwɔme de ŋgɔe la wɔe be yewomate ŋu awɔ esia bɔbɔe kple dɔwɔnu kpakple mɔ̃ɖaŋununya si su yewo si egbea o.
Nu kae nèsusu? Ðe sɔfɔti ƒe wɔwɔme sia dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?