NYATI SI LE AKPAA DZI
Gbɔlɔlɔe Akpɔ Kuxia Gbɔa?
Yehowa Ðasefowo, ame siwo nye magazine sia talawo medea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. (Yohanes 17:16; 18:36) Togbɔ be nyati sia ƒo nu tso dukɔmeviwo ƒe gbɔlɔlɔ siwo le edzi yim le dukɔ aɖewo me ŋu hã la, mede dukɔ alo dunyaheha aɖeke dzi o.
LE December 17, 2010 dzi la, Mohamed Bouazizi se le eɖokui me be yemagate ŋu ado dzi atsɔ nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wole ɖe ye ŋu o. Ðekakpui sia si xɔ ƒe 26 la dzraa nu le mɔ to le Tunisia, eye dziku aɖe nɔ dɔ me nɛ le esi mekpɔ dɔ gbagbe aɖeke le wɔwɔm o ta. Enya nu tso ale si dziɖuɖumegã nu fitifiti wɔlawo xɔa zãnui la hã ŋu. Gbe ɖeka ŋdi la, kpovitɔwo ƒe amegã aɖe ɖo asi peya, akɔɖu kple yevutɔ siwo dzram wòle la dzi. Esi wonɔ nuawo xɔm le esi la, melɔ̃ nu na wo kura o, eye nuteƒekpɔla aɖewo gblɔ be nyɔnu kpovitɔ aɖe ƒo tome nɛ.
Mohamed do dziku vevie be wodo vlo ye, eye wòyi dziɖuɖudɔwɔƒe si le nutoa me be yeaɖagblɔ nu si wowɔ ɖe ye ŋu la na wo. Gake womelɔ̃ xɔe o. Nuteƒekpɔla aɖewo gblɔ be edo ɣli gblɔ le dɔwɔƒea ŋgɔ be, “Aleke miebe mawɔ akpɔ ɖokuinye dzi?” Ekɔ mɔmemi ɖe eɖokui ŋu hetɔ dzo eɖokui. Efiã vevie, eye mede kwasiɖa etɔ̃ hafi wòku o.
Mohamed Bouazizi ƒe nuwɔna sia wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi le Tunisia kple dukɔ bubuwo me. Ame geɖe bui be eƒe nuwɔna siae na be dukɔmeviwo mu dziɖuɖua ƒu anyi, eye eteƒe medidi o dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ yi edzi le Arab dukɔ bubuwo me. Togbɔ be Bouazizi ku hã la, eya kple ame ene bubu aɖewoe Europa ƒe Sewɔtakpekpea tia be woana ƒe 2011 Sakharov Susuɖeɖegblɔ Ƒe Ablɔɖe Nunana la, eye London nyadzɔdzɔgbalẽ The Times hã tiae be eyae nye ame si ɖe dzesi wu le ƒe 2011 me.
Kpɔɖeŋu sia ɖee fia be gbɔlɔlɔ ate ŋu ahe tɔtrɔ gãwo avɛ. Gake nu ka gbɔe ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo le edzi yi le ŋkeke siawo me la tso? Egbɔkpɔnu bubu aɖe lia?
Nu Ka Tae Dukɔmeviwo Ƒe Gbɔlɔlɔ Dzi Ðe Edzi?
Nu siwo ta amewo lɔa gbɔ ɖo la dometɔ aɖewoe nye esiawo:
Dzidzɔmakpɔmakpɔ ɖe ale si nuwo le edzi yim le woƒe dukɔa me ŋu. Ne dukɔmeviwo kpɔe be dziɖuɖuwo kple asitsahabɔbɔwo le yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm na yewo la, wometsia dzi kura be yewoatsi tre ɖe wo ŋu o, ke ɖe wodzea agbagba boŋ be yewoaƒoe ɖe wo nu woakpɔ kuxiwo gbɔ. Gake ne dukɔmeviwo kpɔe be dukplɔlawo kple asitsalawo nye nu fitifiti wɔlawo kple nu madzɔmadzɔ wɔlawo, eye ame ʋɛ aɖewo koe kpɔa wo tɔ gome la, amewo nɔa klalo na aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu.
Nudzɔdzɔ. Zi geɖe la, nudzɔdzɔ aɖee nana dukɔmeviwo dzea aglã, wokpɔnɛ be manyo be yewoayi edzi aɖo asi glã anɔ nu kpɔm o, ke boŋ ehiã be yewoatso kpla awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mohamed Bouazizi ƒe nudzɔdzɔa de zitɔtɔ Tunisia dukɔa me. Le India la, Anna Hazare si gbe nuɖuɖu le nu fitifiti wɔwɔ si le edzi yim le dukɔa me ta la na be edzidela gbogbo aɖewo lɔ gbɔ le dugã kple kɔƒe 450 me le dukɔa me godoo.
Nu nyui kawoe do tso gbɔlɔlɔ siawo me?
Ame dahewo kpɔ gbɔdzɔe. Esi amewo lɔ gbɔ le xɔhayanyawo ta le Chicago si le Illinois le United States le Ganyawo ƒe Sesẽɣi Gãtɔ me le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la, dziɖuɖua na wodzudzɔ amewo nyanya le woƒe aƒewo me, eye woxɔ gbɔlɔlawo dometɔ aɖewo ɖe dɔ me. Le New York City la, gbɔlɔlɔ ma tɔgbi na ƒome 77,000 siwo wonya le xɔ me la gbugbɔ yi woƒe xɔwo me.
Wotsi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu. Esi ameyibɔwo gbe bɔswo ɖoɖo le ƒe 1955 kple 1956 me le Montgomery, Alabama le United States la, wote fli ɖe se aɖe si wode si de vovototo ameyibɔwo kple yevuwo dome le ʋuɖonyawo me la me.
Wodzudzɔ dɔwɔƒe aɖewo tutu. Le December 2011 me la, ame akpe geɖewo lɔ gbɔ tsɔ tsi tre ɖe elektrikŋusẽdɔwɔƒe aɖe si woɖo be woatu le teƒe si gogo Hong Kong la ŋu, elabena wovɔ̃ be atu aɖiya vɔ̃ɖiwo ɖe yame, esia na be wote fli ɖe ɖoɖo ma me.