Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Dzi Ƒe Tsotso Ye Na Nèle Agbe!

Wò Dzi Ƒe Tsotso Ye Na Nèle Agbe!

Wò Dzi Ƒe Tsotso Ye Na Nèle Agbe!

● Wò dzi ye nye teƒe vevitɔ si ʋu sina tona kakana ɖe wò lã me, eye menye dɔ vie wò dzi wɔna o. Ne ame tsitsie nènye la, ekema ɖewohĩ wò dzi tsona zi gbɔ zi 100,000 kple edzivɔ sɔŋ gbe sia gbe. Ne mèle naneke wɔm o hã la, wò dzi ŋu lãkusiwo ya nɔa dɔ dzi vevie—wowɔa dɔ zi gbɔ zi eve wu ale si wò afɔmekawo ʋãna nè èle du ƒum sesĩe. Eye ne ehiã la, wò dzi ƒe dɔwɔwɔ ate ŋu adzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve sɔŋ le sekɛnd atɔ̃ pɛ ko me. Ʋu agbɔsɔsɔme si dzia ɖona ɖe ame tsitsiwo ƒe lã me le miniti ɖeka me la nye lita 5—ʋu lita 5 kloe ye le lã me na ame—gake ne amea le ka me dem la, ʋu agbɔsɔsɔme si dzia ɖona ɖa la ate ŋu ade lita 20.

Ahɔhɔ̃meka siwo wɔa dɔ pɛpɛpɛ ale si dze lae fiaa mɔ ale si wò dzi tsonae. Ahɔhɔ̃meka siawo kpɔa egbɔ be wò dzi ƒe goawo katã memiãna le ɣeyiɣi ɖeka me o; wonana dzigbetɔwo miãna sekɛnd ɖeka kloe doa ŋgɔ na anyimetɔwo. Mènya o ɖe, ne ɖɔktawo tsɔ woƒe mɔ de to me hele dzia ŋkɔ sem wòle ɖiɖim gbo-gbo-gbo la, menye dzia ŋu lãkusiwo ƒe ɖiɖie wosena o, ke boŋ dzia ƒe akpa siwo me le miamiãm la ƒe ɖiɖie wosena.

Dzia Tsona Zi Miliɔn Akpe Ðeka

Zi geɖe la, zi ale si nu lãwo ƒe dzi tsona la nɔa te ɖe woƒe lolome dzi—ne lãa lolo la, ekema eƒe dzi metsona kabakaba o. Le kpɔɖeŋu me, atiglinyi ƒe dzi tsona zi 25 le miniti ɖeka me, evɔ xevi sue aɖe ya ƒe dzi tsona zi 1,000 sɔŋ le miniti ɖeka me! Amegbetɔ ƒe dzi tsona zi 130 le miniti ɖeka me ne wodzii, gake eva zua 70 le miniti ɖeka me ne etsi.

Edze abe ne lã siwo naa no wo viwo la dometɔ akpa gãtɔ ƒe dzi tso wòde zi miliɔn akpe ɖeka kloe ko la, wokuna ene. Esia tae afi nɔa agbe ƒe 3 kloe ko, elabena eƒe dzi tsona zi 550 sɔŋ le miniti ɖeka me; gake boso gãtɔ, si ƒe dzi tsona zi 20 le miniti ɖeka me ya nɔa agbe ƒe 50 kple edzivɔ. Gake amegbetɔwo ya to vovo kura. Le ale si míaƒe dzi tsona nu la, ele be míaƒe agbenɔƒe nanye ƒe 20 kloe ko. Gake amegbetɔ ƒe dzi si le dɔ wɔm nyuie la ate ŋu atso zi gbɔ zi miliɔn akpe etɔ̃ kple edzivɔ sɔŋ, si wɔe be ate ŋu anɔ agbe ƒe 70 alo 80 kple edzivɔ! *

Togbɔ be ele alea hã, mía dometɔ aɖeke madi be yeƒe dzi natso xexlẽme aɖe si nu ko atɔ o, elabena amegbetɔwo ƒe dzimedidie nye be yewoanɔ agbe tegbee. Esɔ le dzɔdzɔme nu hã, elabena Mawue de didi ma mía me. Eye eteƒe magadidi o, ava ɖe nu vɔ̃—si hea ku vanɛ—hã ɖa. (Romatɔwo 5:12) Ekema “ku maganɔ anyi o,” abe ale si Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔe ene.—g10-E 05.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Ðeko míeyɔ xexlẽme siawo le mɔ gbadzaa nu. Ale si nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi tsona kple ƒe ale si nu wònɔa agbee la ate ŋu ato vovo le wo nɔewo gbɔ.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 29]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

DZI ƑE NƆNƆMETATA

Anyimego miametɔ

Anyimego ɖusimetɔ

Dzigbego miametɔ

Dzigbego ɖusimetɔ