Ale Si Nàkpɔ Ɣeyiɣi Awɔ Nu Si Nèdi
Ale Si Nàkpɔ Ɣeyiɣi Awɔ Nu Si Nèdi
“Ɣeyiɣi li na nu sia nu.”—Nyagblɔla 3:1.
HAFI nàdi ɣeyiɣi ɖe nu siwo hiã ŋu la, ele be nànya nu siwo tututu hiã. Ne ènya nu siwo koŋ le vevie na wò, taɖodzinu siwo le asiwò kple nu siwo nàwɔ atsɔ aɖo wo gbɔ la, ekema anya wɔ bɔbɔe.
Eya ta nu gbãtɔe nye be nànya nu siwo koŋ le vevie na wò. Àte ŋu aŋlɔ nu sia nu si va ta me na wò, si nèsusu be ele vevie la ɖi. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu anye ƒome, xɔlɔ̃wo, veviedodo dɔ, sukudede, ale si nu adze edzi na ame, ale si woawɔ anya kpɔ, ga, dzidzɔkpɔkpɔ, srɔ̃ɖeɖe, dɔmenyonyo na ame, lãmesẽ, mawusubɔsubɔ. Azɔ bia ɖokuiwò be: ‘Nu siawo dometɔ kae le vevie nam wu?’
Emegbe bu taɖodzinu siwo katã nàdi be yeaɖo le agbe me la ŋu. Vovototo kae le nu siwo le vevie na ame kple nu siwo nye ame ƒe taɖodzinuwo dome? Míate ŋu agblɔ be nu siwo le vevie na ame la mevɔna o, gake ame ate ŋu ava ɖo eƒe taɖodzinuwo ya gbɔ, eye wòaɖe susu ɖa le wo ŋu.
Taɖodzinu kawo gbɔe nàdi be yeaɖo? Ðe nèdi be yeazã ɣeyiɣi geɖe ɖe wò ƒomea ŋua? Ðe nèdi be yeakpɔ dɔ nyui aɖe awɔa? Ðe nèdi be yeagabi ɖe aɖaŋudɔ aɖe wɔwɔ me geɖe wua? Ðe nèdi be yeasrɔ̃ aɖaŋudɔ bubu aɖea? Ðe nèdi be yeadze agbagba nɔnɔme nyui aɖe koŋ nasu ye sia? Ðe nèdi be yeaɖi ɖe emea? Ðe nèɖoe be yeaxlẽ agbalẽ aɖea?
Azɔ tso nya me le taɖodzinu siawo dometɔ si le vevie na wò wu la ŋu. Na wò taɖodzinuwo nada asɔ kple nu siwo le vevie na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖo ta me be yeava zu kesinɔtɔ gã aɖe la, efia be èle hlolui tso ge sɔgbɔ.
Fifia de ŋugble tso nu siwo gbegbe wòahiã be nàwɔ be nàte ŋu aɖo taɖodzinu siwo nèɖo la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, ne wò
taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be nàɖe wò kpekpeme dzi akpɔtɔ la, ekema kamededee akpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinu ma gbɔ.Aleke Nu Siawo Ŋu Bubu Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò?
Ne wò taɖodzinuwo sɔ kple nu siwo le vevie na wò, eye nèwɔ nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinuawo gbɔ la, ekema nuwo azɔ tẽe na wò le agbe me. Àkpɔe be yekpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo le vevie na wò la ŋu. Mefia be nàsusu be ame bubuwo ƒe nya aɖeke meka ye o. (Filipitɔwo 2:4) Efia boŋ be nàde dzesi nu siwo mehiã ŋutɔŋutɔ o ahaƒo asa na wo.
Manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi ya o. Dɔ aɖewo manɔ vevie ŋutɔ o ya, gake wohiã godoo. Ðewohĩ esiawo axɔ wò ɣeyiɣi akpa gãtɔ, ale be ɣeyiɣi vi aɖe koe asusɔ na nu siwo le vevie wu. Nanewo hã ate ŋu ado mo ɖa kpata. Eye ɖewohĩ nanewo ava trɔ le wò agbe me, ale be ɖoɖo siwo nèwɔ la natsi akpo dzi. Ne èwɔ ɖoɖo nyuie, ale be nu siwo hiã ŋutɔŋutɔ ŋue nèzãa wò ɣeyiɣiwo ɖo la, ekema àte ŋu awɔ wò ɣeyiɣiwo ŋu dɔ ale si nèdii.—g10-E 04.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]
ÐE MƆÐAŊUNUWO NANA AME KPƆA ƔEYIƔI NYATEƑEA?
Wonana ame aɖewo kpɔa ɣeyiɣi, gake wogblẽa ɣeyiɣi na ame aɖewo hã. Le kpɔɖeŋu me, kalɛnda le mɔɖaŋunu aɖewo dzi, eye ame ate ŋu ade dzesi telefonxexlẽdzesi kple adrɛs kpakple nu siwo wòdi be yeawɔ ɖe wo dzi. Woate ŋu azã wo hã aɖe foto alo aɖo e-mail ɖe amewo. Ne nu siawo dometɔ aɖe le mía si, eye míewɔa eŋudɔ nyuie la, ate ŋu ana míakpɔ ɣeyiɣi. Gake ne menye naneke koŋ wɔm míele kple mɔa o, alo míeƒlea nu bubuwo dea eŋu ale be wòagawɔ dɔ bubuwo, evɔ mehiã o, alo mɔɖaŋunua va wɔe be míegakpɔa vovo ɖe amewo alo agba siwo le mía dzi ŋu o la, ekema ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi na mí dzodzro.
Nu vevi si akpe ɖe ŋuwò: Nya nu tso nu si nèɖo be yeaƒle la ŋu nyuie. Ne mɔa gblẽna kabakaba la, ekema àgblẽ ɣeyiɣi geɖe ɖe edzadzraɖo ŋu. Eye ne ènya mɔa zazã nyuie ko hafi wòaɖe vi na wò. Eya ta ne ɖe le asiwò la, zãe be nàtsɔ akpɔ ɣeyiɣi, ke menye be wòagblẽ ɣeyiɣi na wò o.
[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]
Àte ŋu adi ɣeyiɣi awɔ nu siwo le veviea?