Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Midzudzɔ Dzimaɖitsitsi”

“Midzudzɔ Dzimaɖitsitsi”

“Midzudzɔ Dzimaɖitsitsi”

“Ga aɖeke megale gadzraɖoƒe na mí o, eye esi míedzra ɖo ɖe mía viwo ƒe ŋkɔ me hã vɔ keŋkeŋ. Ɣleti geɖewoe nye esia míaƒe asi megaka ga aɖeke o.”

● Meɖo suku le India kɔƒe aɖe me, eye nuwo nɔ afɔ tsɔm nyuie. Ɣeaɖeɣi la, sukuvi 500 kloe dea nye sukua. Gake emegbe suku xɔŋkɔ aɖe si le dugã me la te bɔswo ɖoɖo ɖe míaƒe kɔƒea me be woanɔ ame siwo di be yewoade suku ma la kɔm, eye woɖe nudidi siwo gbɔ wòle be sukuviawo naɖo hafi woaxɔ wo le woƒe sukua me la hã dzi kpɔtɔ ale gbegbe. Esia wɔe be sukuvi geɖewo ʋu le nye sukua heɖanɔ suku ma dem. Le nyateƒe me la, nye sukuviwo ƒe xexlẽme ɖiɖi tso 500 va ɖo 60 ko. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, ɣemaɣi lɔƒo la, nufiala aɖe si nyi fe le ŋunye la mete ŋu xe fea o, eye fe ma gakpɔtɔ le eŋu va se ɖe egbe. Esi wònye be nufiala geɖewo le dzinye wòle be maxe fe na ta la, meɖo gakuxi sesẽ aɖe me.

Mía kple nye ƒomea míenɔ anyi de ŋugble tso nɔnɔmea ŋu. Mí katã míeɖoe be míatsɔ nanewo asa vɔ esi míedzea agbagba be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo be míana míaƒe ‘ŋku nanɔ nu ɖeka ŋu’ la dzi le gazazã me—ne míagblɔe bubui la, míezãa ga le ŋutete si le mía si la nu. (Mateo 6:22, 25) Le ɣeyiɣi aɖe me la, eva hiã be míadzudzɔ míaƒe ʋua zazã, le ga si gbegbe mɔmemi kple beléle na ʋua gblẽna na mí ta. Be míaɖe ga si míezãna ɖe nuɖuɖu ŋu dzi kpɔtɔ la, míeyina ɖaƒlea nuwo le fiẽ, elabena woɖea nudzadzra siwo susɔ la ƒe asi dzi ɣemaɣi. Míeɖe nu vovovo siwo míeɖuna le nuɖuɣi ɖe sia ɖe la hã dzi kpɔtɔ.

Yehowa Ðasefowoe míenye, eye le ema ta, míekpɔe be ele vevie be míawɔ ɖeka kple haxɔsetɔwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. (Hebritɔwo 10:25) Eya ta togbɔ be ganyawo sesẽ na mí hã la, míeɖoe kplikpaa be míado kpo kpekpewo alo takpekpewo dede o—nenye be abia be míazɔ mɔ legbe hã. Míaƒe subɔsubɔdɔ, si ƒe akpa aɖee nye Biblia me nyawo fiafia amewo la, hã biana be míayi teƒe didiwo. Míezãa dzokeke ɖe ʋua teƒe le dɔ sia wɔwɔ me. Enye nyateƒe be ame eve koe ate ŋu anɔ dzokekea dzi ya.

Ke hã, esia mewɔe be ɣeyiɣi si míezãna le subɔsubɔdɔa me la dzi ɖe kpɔtɔ o. Ke boŋ srɔ̃nye kple mía vinyɔnua siaa va zãa ɣeyiɣi geɖe wu tsɔna fiaa Biblia me nyawo amewo. Ɣeaɖewoɣi la, wozɔa afɔ kilometa ade alo enyi gɔ̃ hã yina ɖasrɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔwo gazɔnɛ gbɔna. Mía kple vinyeŋutsua hã míedzea agbagba be míazã ɣeyiɣi geɖe wu afia Biblia me nyawo amewo.

Ganyawo ka ɖe eme na mí vie fifia wu tsã. Gake abe ƒome ene la, míesrɔ̃e tso xaxa siwo me míeto la me be mele be ŋutilãmenunɔamesiwo nanɔ vevie na mí akpa o. Míesrɔ̃e hã be mele be míatsi dzimaɖi akpa ɖe nɔnɔme siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o la ŋu o. Nya siwo le Psalmo 55:23 la de dzi ƒo na mí ŋutɔ. Egblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” Míekpɔe dze sii bliboe le míaƒe gakuxi sesẽ ma me be nya siawo nye nyateƒe!—Ame aɖee ŋlɔe míeta.g10-E 01.