Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ

Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ

Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ

FIA DAVID nye ame aɖe si nuteɖeamedzi kple ‘dzodzodzoetsitsi’ geɖe ɖe fu na. Ke hã, meke ɖi kpɔ gbeɖe be mía Wɔla la sea míaƒe nɔnɔmewo gɔme na mí le goawo katã me o. Eŋlɔ bena: “Yehowa èdzro menye, eye nèdze sim. Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke. Elabena nya aɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.”—Psalmo 139:1, 2, 4, 23.

Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be mía Wɔla la sea míaƒe nɔnɔmewo kple ŋusẽ si gbegbe blanuiléledɔ ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe susu kple ŋutilã madebliboa dzi la gɔme na mí. Enya nu si gbɔ blanuiléledɔ tsona kple ale si míawɔ akpe akɔ kplii nyuie wu le nɔnɔme si me míele fifia la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, egblɔ ale si wòava ɖe blanuiléledɔ ɖa keŋkeŋ la na mí. Míate ŋu akpɔ mɔ na ame bubu aɖeke be wòakpe ɖe mía ŋu tsɔ wu mía “Mawu ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la” o.—2 Korintotɔwo 7:6, Agbenya La.

Gake ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na la abia be, alekee Mawu ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu ne nuteɖeamedzi ƒe seselelãmewo le fu ɖem na yewo mahã.

Ðe Mawu tsɔ ɖe blanuiléledɔlélawo gbɔa?

Mawu tsɔ ɖe esubɔla siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na la gbɔ ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe wòle ‘ame si wogbã gudugudu, kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la gbɔ ŋutɔŋutɔ, ne wòagbɔ agbe ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ’ ene. (Yesaya 57:15) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye esi be míanya be ‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi’!—Psalmo 34:19.

Aleke Mawu ate ŋu afa akɔ na blanuiléledɔlélawo?

Mawu subɔlawo ate ŋu ate ɖe ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, elabena ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple nuteɖeamedzi ƒe seselelãmewo kple nɔnɔme bubu ɖe sia ɖe. (Psalmo 65:3) Biblia de ƒo na mí be míaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ nɛ, esi wògblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ke ne sese le ame ɖokui me be yemele ɖeke me o wɔe be míesusu be womele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o ya ɖe?

Blanuiléledɔ ate ŋu awɔe be míase le mía ɖokui me be agbagba si dzem míele be míadze Mawu ŋu la mede edeƒe o. Gake mía Fofo si le dziƒo la nya míaƒe seselelãme ememetɔwo katã “heɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Ne “míaƒe dzi abu fɔ mí” gɔ̃ hã la, “míana kakaɖedzi míaƒe dziwo” be “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.” (1 Yohanes 3:19, 20) Eya ta àte ŋu azã nya siwo dze le mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 9:9, 10; 10:12, 14, 17; kple 25:17 ene me la dometɔ aɖewo le wò gbedodoɖawo me.

Ke ne nu te ɖe mía dzi ale gbegbe be míenya ale si tututu míaɖe míaƒe seselelãmewo agblɔ le gbedodoɖa me o ya ɖe?

Ne seselelãme ƒe nuteɖeamedziwo nu sẽ ale gbegbe be esesẽ na wò be nàgblɔ nya siwo me susu le la, mègana ta o! Yi edzi nànɔ tetem ɖe “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu” la ŋu, le esi wòsea wò seselelãmewo kple hiahiãwo gɔme ta. (2 Korintotɔwo 1:3) Maria, si ŋu míeƒo nu tso le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne metɔtɔ la, nyemenyaa nya si tututu magblɔ le gbedodoɖa me o. Gake menya be Mawu sea nye seselelãmewo gɔme eye woléam ɖe te.”

Alekee Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

Biblia megblɔ be Mawu ɖea míaƒe fukpekpewo katã ɖa le mía dzi fifia o. Gake Mawu doa ŋusẽ mí be míakpe akɔ kple “nuwo katã”—blanuiléledɔ hã le eme. (Filipitɔwo 4:13) Martina gblɔ be: “Zi gbãtɔ si blanuiléledɔ ɖe fu nam la, medo gbe ɖa be Yehowa nana dɔa navɔ nam enumake elabena mesusui be nyemagate ŋu anɔ te ɖe enu o. Fifia, biabia gbe sia gbe le gbedodoɖa me be ŋusẽ naɖo ŋunye dzea ŋunye.”

Ŋɔŋlɔawo nye gbɔgbɔmeŋusẽtsoƒe vevi aɖe si kpena ɖe ame siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na ŋu be woanɔ te ɖe enu. Sarah, si wɔ avu kple blanuiléledɔ hena ƒe 35 sɔŋ la kpɔ ale si gbegbe Biblia xexlẽ gbe sia gbe kpena ɖe ame ŋui la dze sii. Egblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si atikewɔlawo nam la ŋu ŋutɔ. Gake ƒo wo katã ta la, mekpɔ ale si Mawu ƒe Nyaa xexlẽ ɖea vi hekpena ɖe ame ŋu le gbɔgbɔ me la dze sii. Mena exexlẽ gbe sia gbe zu numame nam.”

Blanuiléledɔ Nu Ayi Tegbee!

Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be Mawu na ŋusẽ ye be yeada dɔléle siwo nu sẽ. Yesu di vevie be yeana gbɔdzɔe ame siwo nɔ fu kpem le dɔléle sesẽwo si me. Gakpe ɖe eŋu la, eya ŋutɔ to seselelãme ƒe nuteɖeamedzi sesẽwo me. Le zã si do ŋgɔ hafi Kristo nase veve heliheli aku me la, “Eto ɣlidodo sesẽwo kple aɖatsiwo me nɔ kokoƒoƒowo kple kukuɖeɖewo dzi na Ame si te ŋu ɖee tso ku me.” (Hebritɔwo 5:7) Togbɔ be nu te ɖe Yesu dzi vevie ŋutɔ ɣemaɣi hã la, eɖea vi na mí egbea elabena “ate ŋu akpe ɖe ame siwo dom wole kpɔ la ŋu.”—Hebritɔwo 2:18; 1 Yohanes 2:1, 2.

Biblia ɖee fia be Mawu ɖo tame be yeaɖe nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔme siwo katã hea blanuiléledɔ vɛ la ɖa. Edo ŋugbe be: ‘Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nu si mawɔ la ŋuti.’ (Yesaya 65:17, 18) “Dziƒo yeye” la, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, ada gbe le “anyigba yeye” la, si nye ame dzɔdzɔe siwo anɔ anyigba dzi la, ŋu woade blibo le ŋutilãme, le seselelãme gome kple gbɔgbɔ me siaa. Woaɖe dɔlélewo katã ɖa tegbee.—g09 07-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

‘Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le do me ʋĩ ke. Èse nye ɣli, mègaɖe wò to ɖa le nye kokoƒoƒo ŋu nàgbe akɔfafa nam o. Ètsɔ kpuie le gbe si gbe meyɔ wò, eye nègblɔ be: Mègavɔ̃ o!’

Konyifahawo 3:55-57

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

“MIƑO NU NA LUƲƆ SIWO LÉ BLANUI LA AKƆFAFATƆE”

Ne Barbara ƒe blanuiléledɔa kple sese le ame ɖokui me be yemele ɖeke me o va wu tsɔtsɔ nɛ la, woa kple srɔ̃a woƒoa ka na Gerard, woƒe ƒomea xɔlɔ̃, si nye Kristotɔ dzikpɔla. Eɖoa to ɣesiaɣi dzigbɔɖeanyitɔe ne Barbara le avi fam hehehe madzudzɔmadzudzɔe hegbugbɔ le nuteɖeamedzinya siwo wògblɔ va yi la gblɔm ake.

Gerard srɔ̃ ale si wòaɖo to fɔmabumabuamee, kple nya mahemahe ɖe ame ŋui. (Yakobo 1:19) Abe ale si Biblia ɖo aɖaŋui ene la, esrɔ̃ ale si “[wòaƒo] nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Enaa kakaɖedzi Barbara dzigbɔɖeanyitɔe be Yehowa Mawu dea asixɔxɔ eŋu ŋutɔ, eye nenema kee wòle le eƒe ƒomea kple exɔlɔ̃wo hã gome. Zi geɖe la, exlẽa mawunyakpukpui fakɔname ɖeka alo eve tso Biblia me nɛ, togbɔ be exlẽ wo dometɔ aɖewo nɛ kpɔ hã. Eye mlɔeba la, ebiana godoo be yeado gbe ɖa kple woa kple srɔ̃a le telefon la dzi, eye wokpɔnɛ ɣesiaɣi be esia faa akɔ na yewo ŋutɔ.—Yakobo 5:14, 15.

Gerard nya nyuie be menye ɖɔkta yenye o, eye medzea agbagba gbeɖe be yeaxɔ ɖe Barbara ƒe ɖɔktawo teƒe o. Ke hã, ewɔa akpa vevi aɖe tsɔ kpena ɖe dɔdamɔnu si zãm wòle ŋu, nu si ɖɔkta ʋɛ aɖewo ko ate ŋu awɔ, si nye mawunyakpukpui dedziƒonamewo xexlẽ nɛ kple gbedodoɖa fakɔnamewo.

Ale si ‘woaƒo nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe’

Àte ŋu agblɔ be: “Ðeko medi be mana nànya be menɔa ŋuwò bum. Menya be mènɔa lãmesẽ me tututu ɣesiaɣi o. Aleke nɔnɔmeawo le na wò le ŋkeke siawo me?”

Mègaŋlɔ be o: Wò nyawo netso dzi me eye nàɖo to veveseseɖeamenutɔe ne blanuiléledɔlelaa gagbugbɔa nya ɖeka mawo ke gblɔna ɣesiaɣi hã.

Àte ŋu agblɔ be: “Togbɔ be mèle lãmesẽ me tututu o hã la, nu si gbegbe nètea ŋu wɔna wɔa nuku nam ŋutɔ (alo “Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo nèɖena fiana wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”) Ne èdi la, àte ŋu agawɔ geɖe wu; Yehowa lɔ̃a wò hedea asixɔxɔ ŋuwò, eye nenemae wòle le míawo hã gome.”

Mègaŋlɔ be o: Ðe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyonyo fia.

Àte ŋu agblɔ be: “Meke ɖe mawunyakpukpui dedziƒoname sia ŋu.” Alo “Esi mexlẽ mawunyakpukpui sia si dzɔa dzi nam la, meɖo ŋku dziwò.” Emegbe xlẽ mawunyakpukpuia alo nàgblɔ emenyawo nɛ.

Mègaŋlɔ be o: Ƒo asa na nuƒoƒo dziɖeleameƒotɔe.

[Aɖaka si le axa 19]

Akɔfafa Siwo Tso Ŋɔŋlɔawo Me

Yehowa ƒe ŋugbedodo si dze le Yesaya 41:10 la do ŋusẽ Lorraine; afi ma gblɔ be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”

Álvaro gblɔ be nya siwo dze le Psalmo 34:5, 7 la faa akɔ na ye zi geɖe; afi ma gblɔ be: “Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tso nye ŋɔdziwo katã me. Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.”

Naoya gblɔ be Psalmo 40:2, 3 me nyawo xexlẽ faa akɔ na ye ɣesiaɣi; afi ma gblɔ be: “Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòse nye ɣlidodo. . . . Etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi.”

Psalmo 147:3 na kakaɖedzi Naoko be Yehowa ‘daa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòblaa woƒe abiwo.’

Yesu ƒe nya siwo dze le Luka 12:6, 7 la kpe ɖe Eliz ŋu wòka ɖe edzi be Yehowa léa be na ye; afi ma gblɔ be: “Wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa gaku eve siwo ƒe home le sue, menye nenemae oa? Ke hã, womeŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be le Mawu ŋkume o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã. Migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”

Mawunyakpukpui bubuwo:

Psalmo 39:13: “Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye mègazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o.”

2 Korintotɔwo 7:6: Mawu, “faa akɔ na ame siwo ŋu nu te.”

1 Petro 5:7: “[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe [Mawu] dzi, elabena eléa be na mi.”