Ðe Fuléle Gbebubudolawo Sɔa?
Biblia ƒe Nukpɔsusu
Ðe Fuléle Gbebubudolawo Sɔa?
ALEKE nàse le ɖokuiwò me ne amewo bua wò ame fiti, ŋutasẽla, movitɔ, alo agbegbegblẽnɔla le wò gbegbɔgblɔ si to vovo dzaa ko ta? * Ðikeke mele eme o be madzɔ dzi na wò kura o. Nublanuitɔe la, nusia teƒe kpɔmee ame miliɔn geɖe le. Azɔ hã le ŋutinya katã me la, wosẽ ŋuta le ame maɖifɔ geɖewo ŋu hewu wo gɔ̃ hã, le woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ta alo dukɔ si me wotso dzaa ko ta. Le nyateƒe me la, aʋa dziŋɔ siwo me ʋukɔkɔɖi geɖe le la le edzi yim egbea le fuléle gbebubudolawo ta. Gake amesiwo kpɔa gome le ŋutasẽnu siawo me la dometɔ geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu kple Biblia dzi se. Eye ame aɖewo gblɔna be fuléle amewo le woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ta nye nusi anɔ anyi ɖaa—enye amegbetɔ ƒe wɔwɔme.
Ðe Biblia da asi ɖe fuléle gbebubudolawo ƒe nuwɔna sia tɔgbe dzia? Ðe nɔnɔme aɖewo li siwo me wòasɔ le be woalé fu amesiwo ƒe dekɔnu alo ŋutigbalẽ to vovo na mía tɔa? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be etsɔme aɖe ava si me womalé fu gbebubudolawo oa? Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu?
Wobu Fɔ Wo le Woƒe Nuwɔnawo Ta
Ŋkumalémalé ɖe alesi Mawu wɔ nu kple ameƒomea le gɔmedzedzea me ŋu nyuie ate ŋu ana woaƒo nya ta gbegblẽ—be Mawu da asi ɖe fuléle gbebubudolawo dzi nyateƒe. Ðe Biblia me nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo meɖee fia be Mawu tsrɔ̃ dukɔ kple to blibo aɖewo ɖa oa? Ẽ, gake ŋkuléle ɖe nu ŋu nyuie ɖee fia be amesiawo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ bubumademade Mawu ƒe sewo ŋu tae wòdrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo, ke menye ɖe woƒe gbegbɔgblɔ ta o.
Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Mawu bu fɔ Kanaantɔwo le woƒe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋuwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ ta. Wotɔ dzo wo viwo tsɔ saa vɔe na alakpamawuwo gɔ̃ hã! (Mose V, 7:5; 18:9-12) Gake le go aɖewo me la, Kanaantɔ aɖewo ɖe Mawu dzixɔse fia hetrɔ dzime. Le ema ta la, Yehowa kpɔ wo ta heyra wo. (Yosua 9:3, 25-27; Hebritɔwo 11:31) Kanaan-nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Raxab, va zu Mesia si ŋugbe wodo, Yesu Kristo mama gɔ̃ hã.—Mateo 1:5.
Se si Mawu na Israel-viwo ɖee fia be mekpɔa ame ŋkume o. Ke boŋ etsɔa ɖe le amewo katã ƒe dedienɔnɔ me vevie. Le Mose III, 19:33, 34 la, míekpɔ havilɔlɔ̃ ƒe se sia si Mawu de na Israel-viwo be: “Ne amedzro aɖe dze gbɔwò le wò anyigba dzi la, migatee ɖe anyi o. Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!” Se siawo tɔgbe dze le Mose ƒe Agbalẽ Evelia kple Atɔ̃lia me. Edze ƒã be Yehowa meda asi ɖe fuléle gbebubudolawo dzi o. Eɖee fia kɔte be ele be ɖekawɔwɔ nanɔ gbevovodolawo katã dome.
Yesu Do Gbevovodolawo Dome Ðekawɔwɔ Ðe Ŋgɔ
Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Yudatɔwo kple Samariatɔwo doa vlo wo nɔewo. Gbeɖeka la, Samaria-du aɖe me tɔwo gbe Yesu xɔxɔ le esi wònye Yudatɔ heyina Yerusalem ta. Ne wòe wogbe xɔxɔ nenema ɖe, nukae nàwɔ? Vovototodedeameme ƒe nukpɔsusu si nɔ ameawo me ɣemaɣi anya kpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dzi esime wobiae be: “Aƒetɔ, èlɔ̃ bena, míana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?” (Luka 9:51-56) Ðe Yesu na vevesese si nɔ eƒe nusrɔ̃lawo me kpɔ ŋusẽ ɖe edzia? Kura o, ke egbe nya na wo, eye wòɖadi dzeƒe le du bubu aɖe me kpoo. Ema megbe kpuie la, Yesu do Samariatɔ havi nyui la ƒe loa. Esia ɖee fia kɔte be teƒe si ame aɖe tso mena wònye futɔ na ame bubu kura o. Le nyateƒe me la, ame ma boŋ ate ŋu anye havi nyui na wò!
Gbevovodolawo Le Kristo-hamea Me
Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, wo dedukɔ me tɔwo koŋ domee wòdi nusrɔ̃lawo le. Gake eɖee fia be ame bubuwo hã ava nye ye yomedzelawo mlɔeba. (Mateo 28:19) Ðe woana xɔxɔ gbevovodolawoa? Ẽ! Apostolo Petro gblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Emegbe la, apostolo Paulo te gbe ɖe nukpɔsusu sia dzi esime wòɖee gblɔ eme kɔ nyuie be menye teƒe si ame aɖe tsoe nye nusi hiã hena Kristo-hamea me nɔnɔ o.—Kolosetɔwo 3:11.
Kpeɖodzi bubu si gaɖee fia be Mawu xɔa amewo tsoa gbegbɔgblɔwo katã dome la dze le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòkpɔ “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” le ŋutega me, eye Mawu xɔ wo ɖe agbe. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) “Ameha gã” siae ava nye amegbetɔƒome yeye siwo me ameƒomeviwo katã anɔ la ƒe gɔmeɖoanyi eye woanɔ anyi le ŋutifafa me, le lɔlɔ̃ si le wo me na Mawu ta.
Hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be Kristotɔwo natsri ʋɔnudɔdrɔ̃ ame bubuwo le woƒe gbegbɔgblɔ dzaa ko ta ƒe nukpɔsusu. Amesiame kple amesi wònye ƒe nukpɔsusu tsɔtsɔ kpɔe abe alesi Mawu wɔnɛ ene, ke menye afisi amea tso tsɔtsɔ kpɔe o, sɔ eye wònye nusi me lɔlɔ̃ le. Ðe menye nenemae nàdi be woakpɔ yee oa? Esɔ be Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Anyinɔnɔ fuléle gbebubudolawo manɔmee naa agbe vivina ale gbegbe. Enaa ame ƒe susu me dzea akɔ anyi geɖe eye wònaa wonɔa anyi le ŋutifafa me kple ame bubuwo. Vevietɔ wu la, enaa míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa Mawu, mía Wɔla si mekpɔa ame ŋkume o. Susu si ta wòle be míatsri fuléle gbebubudolawo ka mee kɔ ale!
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 3 “Gbebubudolawo” si míezã le nyati sia me fia amesiwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede le ɖeka, wotso dukɔ ɖeka me, alo woƒe dekɔnu le ɖeka.