Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alakpadada—Ðe Wòsɔna Ɣeaɖewoɣia?

Alakpadada—Ðe Wòsɔna Ɣeaɖewoɣia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Alakpadada—Ðe Wòsɔna Ɣeaɖewoɣia?

“ƔEAÐEWOƔI LA, ALAKPADADA VI AÐE XƆNA ÐE NUMEÐEÐE GBOGBOWO TEƑE.”

NYA sia ɖe alesi ame geɖe susuna le alakpadada ŋu fia. Woƒe susue nye be ne alakpadada magblẽ naneke le ame aɖeke ŋu o ko la, ke megblẽ o. Wona ŋkɔ nukpɔsusu sia gɔ̃ hã—si nye Agbenɔnɔ ɖe alesi nɔnɔmewo le nu, si fia be se si ko dzi wòhiã be nàzɔ ɖoe nye esi woyɔna be lɔlɔ̃ ƒe se la. Ne míagblɔe bubui la, Diane Komp si nye agbalẽŋlɔla ɖe eme be, “ne susu nyui le asiwò eye wò taɖodzinua nyo la, (ekema) ne èda alakpa la . . . menye nya gã o.”

Nukpɔsusu ma bɔ le egbexexea me. Alakpa siwo dunyahela xɔŋkɔwo kple xexeame kplɔla bubuwo da wɔa mo yaa na amewo le xexeame. Esi nɔnɔme sia kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ta la, ame geɖe megatsia dzi ɖe nyateƒetoto ŋu o. Le nɔnɔme aɖewo me gɔ̃ hã la, alakpadada va zu nusi dzi woda asi ɖo be enyo. Fiasemenudzrala aɖe fa konyi be “alakpadadae nye nye dɔ. Ne meda alakpa la, meɖua dzi le adzɔnudzadzra hoʋiʋliwo me, eye mekpɔa viɖe gbogbo ƒe sia ƒe. . . . Edze abe esiae nye hehe vevi si wonana le nudzadzra ƒe hehexɔƒe ɖesiaɖe ene.” Ame geɖe bui be afɔku gobii aɖeke mele nusi woyɔna be alakpa nyui suesuewo me o. Nyateƒeea? Ðe nɔnɔme aɖewo li siwo me wòasɔ le be Kristotɔwo nada alakpaa?

Biblia ƒe Dzidzenu Kɔkɔwo

Biblia ƒo nu tsi tre ɖe alakpadada ɖesiaɖe ƒomevi ŋu vevie. Hakpala la gblɔ be: ‘Mawu atsrɔ̃ aʋatsokalawo.’ (Psalmo 5:7; kpɔ Nyaɖeɖefia 22:15.) Le Lododowo 6:16-19 la, Biblia yɔ nu adre siwo Yehowa lé fui. Woyɔ “aʋatsoɖe” kple ‘aʋatsoɖasefo si daa alakpa’ wòɖe dzesi le nuawo dome. Nukatae? Elabena Yehowa lé fu nusiwo alakpadada gblẽna. Emae nye susu siwo ta Yesu yɔ Satana be alakpatɔ kple amewula ɖo la dometɔ ɖeka. Eƒe alakpadadae he ameƒomea de nɔnɔme wɔnublanui kple ku me.—Mose I, 3:4, 5; Yohanes 8:44; Romatɔwo 5:12.

Alesi gbegbe Yehowa bua alakpadada be enye ŋkubiãnyae dze le nusi dzɔ ɖe Anania kple Safira dzi la me. Ame eve siawo ɖoe koŋ da alakpa na apostoloawo bene yewoadze dɔmenyotɔwo wu alesi wonɔ ŋutɔŋutɔ. Woƒe nuwɔnaa nye nuɖowɔe si ŋu wobu do ŋgɔ. Eyata apostolo Petro gblɔ be: “Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.” Wo kple evea siaa ku le Mawu ƒe asi me ɖe esia ta.—Dɔwɔwɔwo 5:1-10.

Ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Migaka aʋatso na mia nɔewo o.” (Kolosetɔwo 3:9) Nuxlɔ̃ame sia hiã, vevietɔ le Kristo-hamea me. Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzie anye ye yomedzela vavãwo ƒe dzesidenu. (Yohanes 13:34, 35) Ne nyateƒetoto kple kakaɖeamedzi blibo li ko hafi lɔlɔ̃ si me alakpa mele o sia ate ŋu anɔ anyi. Asesẽ be míalɔ̃ ame aɖe ne míate ŋu aka ɖe edzi be ato nyateƒe na mí ɣesiaɣi o.

Togbɔ be alakpadada ɖesiaɖe menyo o hã la, aʋatsokaka aɖewo nye ŋkubiãnya wu bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ŋukpe alo vɔvɔ̃ ate ŋu ana ame aɖe nada alakpa. Ame bubu ate ŋu atsɔ alakpadada aɖo dɔe ŋutasesẽtɔe, kple susu be yeagblẽ ame ŋu alo ade abi eŋu. Esi wònye ɖe wòɖonɛ koŋ gblẽa ame ŋu ta la, amesia si ɖonɛ koŋ daa alakpa la nye afɔku na ame bubuwo eye woaɖee le hamea me ne metrɔ dzime o. Esi wònye menye alakpadada ɖesiaɖee woɖona dana be woatsɔ agblẽ ame ŋu o ta la, ele be woaɖɔ ŋu ɖo be woagabu fɔ ame dzodzro o, ke boŋ woakpɔ egbɔ be wonya nusianu si ku ɖe nyaa ŋu nenye be ame aɖe da alakpa. Ele be woalé ŋku ɖe taɖodzinu kple nɔnɔme siwo ŋu naneke wɔwɔ mele o ŋu.—Yakobo 2:13.

“Midze Aɖaŋu abe Dawo Ene”

Gake nyateƒetɔnyenye mefia be enye dzizizi be míaʋu go nyatakaka ɖesiaɖe na amesiame si abia mí o. Yesu xlɔ̃ nu le Mateo 7:6 be: ‘Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woagava vuvu mi o.’ Le kpɔɖeŋu me, gome aɖeke mele amesiwo si susu vɔ̃ le la si be woanya nanewo o. Kristotɔwo nyae be xexe vɔ̃ɖi mee yewole. Eyata Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woadze aɖaŋu abe dawo ene,’ gake ‘woadza abe ahɔ̃nɛwo ene.’ (Mateo 10:16; Yohanes 15:19) Yesu meʋua go nyateƒe bliboa ɣesiaɣi o, vevietɔ nenye be nyateƒea katã gbɔgblɔ ade eya ŋutɔ alo eƒe nusrɔ̃lawo afɔku me yakatsyɔe. Ke hã le nɔnɔme mawo me la, meka aʋatso o. Ðe ema teƒe la, eziaa ɖoɖoe alo etrɔa dzeɖoɖoa yia nu bubu dzii.—Mateo 15:1-6; 21:23-27; Yohanes 7:3-10.

Ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo woyɔ le Biblia me abe Abraham, Isak, Raxab, kple Dawid ene hã dze aɖaŋu heɖɔ ŋu ɖo esime wonɔ nu ƒom kple futɔwo. (Mose I, 20:11-13; 26:9; Yosua 2:1-6; Samuel I, 21:10-14) Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu mawo ŋu be wonye subɔla wɔnuteƒe siwo ɖe toɖoɖo fia le woƒe agbenɔnɔ me. Ema wɔe be wodze be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu.—Romatɔwo 15:4; Hebritɔwo 11:8-10, 20, 31-39.

Alakpadada adze mɔ bɔbɔe si dzi woato ado le nɔnɔme aɖewo me ɣeaɖewoɣi. Gake anyo be Kristotɔ siwo li egbea nasrɔ̃ Yesu ƒe nuwɔna, awɔ ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la dzi ne nɔnɔme sesẽwo dze ŋgɔ wo.—Hebritɔwo 5:14.

Biblia de dzi ƒo na mí be míato nyateƒe ahaɖi anukware. Alakpadada menyo o, eye ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi.” (Efesotɔwo 4:25) Ne míewɔe nenema la, dzitsinya nyui anɔ mía si, míado ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ le hamea me, eye míayi edzi ade bubu “Mawu nuteƒetɔ” la ŋu.—Psalmo 31:5; Hebritɔwo 13:18.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Anania kple Safira ku le alakpadada ta