Ameléle Sesẽe—Asitsatsa Dziŋɔe Wònye
Ameléle Sesẽe—Asitsatsa Dziŋɔe Wònye
MARK BLES gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Kidnap Business me be: “Ameléle sesẽe mele abe ame ƒe nunɔamesiwo fifi ene o. Godzenu, ŋutasẽnu kple ɖekematsɔlemenu wɔwɔ ɖe amegbetɔ ƒe ƒuƒoƒo vevitɔ kekeake, si nye ƒomea, ŋue wònye.” Ameléle sesẽe nana ƒomea me tɔwo tɔtɔna le seselelãme gome vevie ŋutɔ. Dzi ɖoa wo ƒo sẽ eye kasia wogatsia dzodzodzoe le esi fɔbubu, fuléle, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãmewo nɔa woƒe tamesusuwo nyamam ta. Ŋɔdziléamea ate ŋu ayi edzi ŋkekewo, kwasiɖawo, ɣletiwo, alo ɣeaɖewoɣi la, ƒewo gɔ̃ hã.
Le amedzidzelaawo ƒe ga didi atraɖii ta la, wonɔa te ɖe ƒomea me tɔwo ƒe seselelãmewo dzi dia viɖe. Amedzidzeha aɖe zi ame aɖe si wolé la dzi wòŋlɔ nya siwo gbɔna la ɖo ɖe nyakakadɔwɔƒewo: “Mele biabiam tso nyatakakadɔwɔƒewo si be woana nya sia naɖo afisiafi be ne nyemetrɔ gbɔ o la, fɔbubua nanɔ amedzidzelawo dzi, ke menye woawo ko o ke nye ƒomea si ɖee fia be yewolɔ̃ ga wum la hã dzi.” Amedzidzela siwo le Italy lãa amesi wolé ƒe ŋutinu aɖe heɖonɛ ɖe ƒometɔwo alo television dɔwɔƒewo tsɔ zia tafea xexe ɖe wo dzi. Mexicotɔ amedzidzela aɖe wɔ funyafunya amesi wòlé sesẽe esime wònɔ nusi wòdi gblɔm na amea ƒe ƒometɔwo le telefon dzi gɔ̃ hã.
Gake amedzidzela aɖewo dina be yewoana yewoƒe nu nadze amesi yewolé ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woɣla asitsala aɖe si wolé sesẽe le Philippines ɖe amedzrodzeƒe xɔŋkɔ aɖe le Manila, elélawo dzea aha sesẽ nɛ eye wonaa gbolowo ɖea modzaka nɛ vaseɖe esime woxe tafea. Gake wotua amesiwo wolé sesẽe ƒe akpa gãtɔ ɖe xɔ me eye wometsɔa ɖeke le woƒe ŋutilãme alo lãmesẽ nuhiahiãwo me o. Wowɔa fu wo dometɔ geɖe vevie. Aleke ke nya la le o, amesi wolé sesẽe la atsi dzodzodzoe le nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi la ŋu.
Tenɔnɔ Ðe Vevesesea Nu
Ne woɖe asi le amesi wolé sesẽe ŋu gɔ̃ hã la, seselelãmebiwo atsi susu me nɛ. Swedentɔ dɔnɔdzikpɔla aɖe si wolé sesẽe le Somalia ɖe nukpɔsusu sia gblɔ be: “Nu ɖeka aɖe le vevie wu nusianu. Ele be nàƒo nu na xɔlɔ̃wo
kple ƒometɔwo eye nàxɔ eŋutinunyalawo ƒe kpekpeɖeŋu ne ehiã.”Dɔdamɔnufialawo trɔ asi le mɔnu aɖe ŋu be woatsɔ ana kpekpeɖeŋu amesiwo wolé sesẽe. Eŋutinunyalawo wɔa numedzodzro kpui vovovowo kple amesiwo wolé sesẽe kpɔ ku ɖe woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu henaa kpekpeɖeŋu wo hafi woate ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu ahanɔ agbe alesi dze. Rigmor Gillberg, si nye Atitsogadzẽ habɔbɔ (Red Cross) ƒe afɔkuŋutiɖaŋuɖola gblɔ be: “Eŋu dɔyɔɖaŋu si woana le nudzɔdzɔa megbe teti ɖea alesi wòate ŋu agblẽ nu le ame ŋu tegbee dzi kpɔtɔna.”
Emetsonu Bubuwo
Menye amesiwo wolé sesẽe ƒe ƒometɔwo ko ŋue nu gblẽna le o. Vɔvɔ̃ na ameléle sesẽe ate ŋu axe mɔ ɖe modzakaɖetsaɖiɖi nu eye wòana asitsatsa naɖiɖi; ewɔnɛ hã be wosena le ame ɖokui me be womele dedie le hadome o. Le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me le ƒe 1997 me la, dukɔwo dome adzɔha ade ʋu dzo le Philippines le vɔvɔ̃ na ameléle sesẽe ta. Philippines nyɔnu aɖe si wɔa dɔ na ƒuƒoƒo aɖe si woyɔna be Dukɔmeviwo ƒe Tsitretsitsi Ðe Nuvlowɔwɔ Ŋu gblɔ be: “Míaƒe agbe ɖo ŋɔdzi me.”
The Arizona Republic me nyati aɖe gblɔ be: “Le Mexicotɔ dɔdzikpɔlawo dome la, vɔvɔ̃ na ameléle sesẽe na wotsi dzodzodzoe, eye esɔ nenema.” Brazil magazine si nye Veja ka nya ta be amedzidzelawo kple adzodalawo va xɔ ɖe lã klitsuwo ƒe ŋɔdzidoname si ɖevi siwo le Brazil vɔ̃na na la teƒe. Le Taiwan la, wofiaa mɔxexe ɖe ameléle sesẽe nu le suku, eye le United States la, wode dedienɔnɔfotoɖemɔ̃wo abɔdzokposukuxɔwo me be woatsɔ axe mɔ ɖe ameléle sesẽe nu.
Dedienɔnɔŋutiɖaŋuɖolawo ƒe Dzidziɖedzi
Alesi ameléle sesẽe le dzidzim ɖe edzi kple wo ŋu nya siwo bia aɖaŋu na be dedienɔnɔdɔwɔƒe siwo amewo ɖo la dzi ɖe edzi. Le Brazil ƒe dugã si nye Rio de Janeiro me la, dɔwɔƒe mawo tɔgbe wu 500, si hea dɔlar biliɔn 1.8 vɛ na wo.
Dukɔwo dome dedienɔnɔdɔwɔƒe siwo le dzidzim ɖe edzi fiaa mɔxexe ɖe ameléle
sesẽe nu, taa nyatakakawo le teƒe siwo ŋu vɔvɔ̃ le ŋu, eye woƒoa asi ɖe tafewo ŋu. Woɖoa aɖaŋu na ƒomewo kple adzɔhawo, hefiaa wo alesi amedzidzelawo wɔa nui eye wodzraa woƒe susu ɖo bene woate ŋu anɔ te ɖe wo nu. Dɔwɔƒe aɖewo gɔ̃ hã dzea agbagba léa amedzidzelawo eye wogbugbɔ xɔa tafea le asiɖeɖe le aboyomea ŋu megbe. Gake womewɔnɛ tsɔ kena o.Togbɔ be wole agbagba mawo dzem hã la, ameléle sesẽe le dzidzim ɖe edzi le dukɔ geɖe me. Richard Johnson, si nye zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ na Seitlin & Company (si nye nugblẽfexeɖoɖo dɔwɔƒe aɖe) gblɔ le alesi nɔnɔmea le le Latin America ŋu be: “Ðeko wòle be míakpɔ mɔ be ameléle sesẽe adzi ɖe edzi.”
Nusiwo Gbɔ Dzidziɖedzia Tso
Eŋutinunyalawo do susu gbogbo aɖewo ɖa be woawo gbɔe dzidziɖedzia tso. Susuawo dometɔ ɖekae nye alesi ganyawo le sesẽm le dukɔ aɖewo mee. Kpekpeɖeŋudɔwɔla aɖe si le du si nye Nal’chik me, le Russia, gblɔ be: “Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato akpɔ gae nye mɔnu nyanyɛ sia si nye ameléle sesẽe.” Wogblɔ le dukɔ siwo nɔ tsã Soviet Union me dometɔ aɖewo ŋu be wotoa ameléle sesẽe dzi tsɔ kpɔa ga si wotsɔ kpɔa aglãdzelawo ƒe asrafowo dzii.
Ame gbogbo aɖewo le mɔ zɔm le asitsatsa loo alo modzakaɖetsaɖiɖi ta wu tsã, si le ameléle ƒe mɔnu yeyewo ʋum ɖi na amedzidzela siwo le ame dim. Amedzro siwo wolé ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe atɔ̃ me. Tso ƒe 1991 vaseɖe 1997 me la, wolé modzakaɖetsaɖilawo le dukɔ siwo ade 26 me.
Afikae amedzidzela siawo katã tso? Asrafowo ƒe aʋa aɖewo le kekem, si na be amesiwo nye asrafowo tsã megakpɔ dɔ awɔ o, eye woɖo ko. Aɖaŋu siwo katã hiã le gadimɔnu sia ŋudɔwɔwɔ me le wo si.
Nenema ke alesi wobiã ŋku ɖe adzodada gadzraɖoƒewo kple atikevɔ̃ɖisitsatsa nu tsitsi ŋu wu tsã na be nuvlowɔlawo trɔ ɖe ameléle sesẽe ŋu wònye gadimɔnu bubu. Mike Ackerman, si nye ameléle sesẽe ŋutinunyala ɖe eme
be: “Esi míena nunɔamesiwo fifi va le sesẽm le nuto ɖesiaɖe me ta la, ena nuvlowɔwɔ ɖe amewo ŋu do agbogbo.” Gbeƒãɖeɖe ga gbogbo si woxena wònyea tafe hã ate ŋu ana wòadzro amesiwo ate ŋu azu amedzidzelawo.Taɖodzinuwo Menyea Ðeka Ɣesiaɣi O
Ga ko dim amedzidzela akpa gãtɔ le menye nu bubu aɖeke o. Tafe siwo wobiana toa vovo, ete ŋu nyena tso dɔlar ʋɛ aɖewo dzi va ɖo dɔlar miliɔn 60, si nye tafe gbogbotɔ kekeake si woxe kpɔ ɖe Hong Kong kesinɔtɔ gã aɖe si ŋu wogbe asiɖeɖe le gbidii le fea xexe megbe gɔ̃ hã ta la dzi.
Le go bubu me la, amedzidzela aɖewo zã woƒe aboyomewo tsɔ bia ŋkɔxɔxɔ, nuɖuɖu, atike, radio, kple ʋuwo kpakple suku yeyewo, mɔdodowo kple kɔdziwo. Woɖe asi le dɔdzikpɔla aɖe si wolé sesẽe le Asia la ŋu esime wotsɔ basketball-wuwo kple bɔlwo na amedzidzelawo megbe. Ƒuƒoƒo aɖewo hã wɔa ameléle sesẽe ŋudɔ tsɔ doa vɔvɔ̃ na dutatɔ siwo va asitsaƒe kple modzakaɖetsaɖilawo, kple susu be yewoatsɔ axe mɔ ɖe anyigba kple dzɔdzɔmekesinɔnuwo dome gbegblẽ nu.
Eyata taɖodzinuawo ya li zã, mɔnuawo bɔ, amesiwo ate ŋu azu amedzidzelawo alo amesiwo woalé sesẽe magbe vɔvɔ o. Ðe egbɔkpɔnuwo hã sɔ gbɔ nenema kea? Wo dometɔ aɖewo ɖe, eye ɖe woate ŋu akpɔ kuxia gbɔ nyateƒea? Hafi míaɖo biabia mawo ŋu la, mina míadzro nu vevi aɖewo siwo na ameléle sesẽe ƒe asitsatsa le dzidzim ɖe dzi la me.
[Aɖaka si le axa 15]
Ne Wolé Wò Sesẽe
Amesiwo srɔ̃ nu tso ameléle sesẽe ŋu ɖo aɖaŋu siawo na amesiwo wòate ŋu adzɔ be woalé sesẽe.
• Wɔ woƒe gbe dzi; tsri dzimesesẽnuwɔnawo. Zi geɖe la, wowɔa anyrã le aboyome dzeaglãwo ŋu, eye ate ŋu ana woawu wo alo atɔ ŋku wo koŋ awɔ fu wo.
• Dzidzi megaƒo wò o. Nenɔ susu me na wò be amesiwo wolé sesẽe dometɔ akpa gãtɔ tsi agbe.
• Di mɔ siwo dzi nàto anɔ ŋudzɔ akpɔ ɖokuiwò ta.
• Te kpɔ nàdi nane anɔ wɔwɔm gbesiagbe.
• De kame, togbɔ be ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔ boo aɖeke masu asiwò be nàɖi tsa o hã.
• Lé ŋku ɖe nu ŋu; dze agbagba nàlé nya veviwo, gbeɖiɖiwo, kple nuwo ƒe ʋeʋẽ ɖe susu me. Te kpɔ nànya amesiwo lé wò ŋuti nyatakaka veviwo.
• Ne anya wɔ la, ɖo dze kpli wo ku ɖe nu tsɛwo ŋu eye nàte kpɔ be kadodo nanɔ mia dome. Ne amedzidzelawo dze si wò nyuie la, anɔ eme be womawɔ nuvevi wò alo awu wò o.
• Gblɔ wò nuhiahiãwo na wo le ɖokuibɔbɔ me.
• Megate kpɔ be nàƒo wò ŋutɔ wò tafe si woabia ƒe asi kpli wo gbeɖe o.
• Ne eva eme be amewo te kpɔ be yewoaxɔ na wò eye avu dzɔ la, mlɔ anyigba eye nàlala ayetɔe akpɔ nɔnɔmeawo si nu.
[Aɖaka si le axa 16]
Ameléle Sesẽe Ŋuti Nugblẽfexeɖoɖo—Wohea Nya le Eŋu
Dɔwɔƒe aɖe si le agbogbo dom si na be ameléle sesẽe le dzidzim ɖe edzie nye nugblẽfexeɖoɖo. Ameléle sesẽe ŋuti nugblẽfexeɖoɖo dɔwɔƒe si nye Lloyd’s si le London dzi eƒe nugblẽfexexe ɖe edzi alafa memama 50 ƒe sia ƒe le ƒe 1990 ƒeawo me. Nugblẽfexedɔwɔƒe mawo ƒomevi va le dzidzim ɖe edzi. Nusiwo nugblẽfe si woxena lɔ ɖe emee nye fexexe na amesi bi ɖe asiƒoƒo ɖe ameléle sesẽe ŋu me, tafe xexe, kple ɣeaɖewoɣi la, fexexe na tafea gbugbɔgaxɔ ŋuti nunyalawo. Gake wole nya hem vevie le nugblẽfexeɖoɖoa ŋu.
Amesiwo tsi tre ɖe ameléle sesẽe ŋuti nugblẽfexeɖoɖoa ŋu hea nya be enaa nuvlowɔwɔa va zua asitsatsa eye mesɔ be woadi ga to ameléle sesẽe me o. Wogblɔna hã be amesi de eɖokui nugblẽfexeɖoɖo sia me ate ŋu agbe ŋuɖɔɖɔ ɖo le eɖokui ta kpɔkpɔ me eye be nugblẽfexeɖoɖoa ana amedzidzelaa ƒe gadidi to mɔ sia dzi nanɔ bɔbɔe, si anye hlɔ̃nuwɔwɔ sia dodo ɖe ŋgɔ. Ame aɖewo gɔ̃ hã vɔ̃na be nugblẽfexeɖoɖoa ƒe anyinɔnɔ ate ŋu ana amewo ŋutɔ nawɔ ɖoɖo woalé wo sesẽe ato ema dzi axɔ nugblẽfea. Wode se ɖe ameléle sesẽe ŋuti nugblẽfexeɖoɖo nu le Colombia, Germany, kple Italy.
Amesiwo da megbe na ameléle sesẽe ŋuti nugblẽfexeɖoɖoa gblɔna be enaa ame geɖe xea fe ɖe ame ʋɛ aɖewo ƒe nubunamewo ta abe alesi wòle le nugblẽfexeɖoɖo bubu ɖesiaɖe gome ene. Wogblɔna be nugblẽfexeɖoɖo naa wonɔa dedie vaseɖe afi aɖe, le esi wònaa ƒomewo kple adzɔha siwo de wo ɖokui ɖoɖoa me ate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso eŋutinunyala bibi siwo ate ŋu ana dziɖeɖi nanɔ anyi, aƒo asi ɖe tafe siwo ɖi wu ŋu, eye wonaa wònɔna bɔbɔe be woalé amedzidzelaawo ta.
[Aɖaka si le axa 17]
Stockholm Ƒe Nukunya La
Le ƒe 1974 me la, nu wɔnuku aɖe dzɔ esime Patty Hearst, si nye Randolph A. Hearst si nye nyadzɔdzɔgbalẽtala hotɔ gã aɖe ƒe vinyɔnu si wolé sesẽe la wɔ ɖeka kple elélawo eye wonɔ hame va da adzo amewo. Le nudzɔdzɔ bubu me la, Spaintɔ bɔlƒola aɖe si wolé sesẽe tsɔe ke elélawo eye wòdi nudzedziname na wo.
Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, wona ŋkɔ nudzɔdzɔ wɔnuku sia be Stockholm Nukunya La, le nudzɔdzɔ wɔnuku aɖe si me wolé amewo aboyoe le gadzraɖoƒe aɖe le Stockholm, Sweden, le ƒe 1973 me megbe. Le nudzɔdzɔ ma me la, aboyomeawo dometɔ aɖewo va dze xɔ̃ wo lélawo vevie. Nuwɔwɔ aduadu nenema zu ametakpɔkpɔ na aboyomeawo, abe alesi agbalẽ si nye Criminal Behavior ɖe eme be: “Zi geɖe alesi amesi wolé kple eléla va le wo nɔewo nyam ɖe edzii la, zi geɖe nenema wova lɔ̃a wo nɔewoe. Nudzɔdzɔ wɔnuku sia ɖee fia be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, asesẽ na amelélaa be wòawɔ nuvevi aboyomea.”
Englandtɔ aɖe si wolé sesẽe le Chechnya, eye wodɔ egbɔ sesẽe gblɔ be: “Meka ɖe edzi be esi dzɔlaa va nya mí ɖekaɖeka megbe la, ekpɔe be mesɔ be yeadɔ gbɔnye sesẽe o. Edzudzɔ gbɔnyedɔdɔ sesẽe eye wòɖe kuku.”
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Ameléle sesẽe nye dzidziƒoamenya na ƒomea me tɔwo, eye wona wotɔtɔna le seselelãme gome wu nu bubu ɖesiaɖe si ŋu míate ŋu abu
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Amesiwo wolé sesẽe hiã akɔfafa
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Wotua amesiwo wolé sesẽe ƒe akpa gãtɔ ɖe xɔme ɖekematsɔmatsɔ le woƒe ŋutilãme alo lãmesẽ nuhiahiãwo me